< 3 Mosebok 14 >

1 Och Herren talade med Mose, och sade:
Yehowa gblɔ na Mose be,
2 Detta är lagen om den spitelska, när han skall rensad varda: Han skall komma till Presten;
“Esiawoe nye ɖoɖowo na ame si dze dɔ le ameŋukɔɣi ne wokplɔe va nunɔla gbɔe.
3 Och Presten skall gå utu lägret, och bese huru spitelskosårnaden är på dem spitelsko hel vorden;
Nunɔla la atso asaɖa la me ayi aɖadoe kpɔ. Ne nunɔla la kpɔ be kpodɔléla la ƒe lãme sẽ la,
4 Och skall bjuda honom, som rensas skall, att han tager två lefvande foglar, de som rene äro, och cederträ, och rosenfärgoull, och isop;
ana amea nana xevi eve siwo ŋu se ɖe mɔ le be woaɖu, hekpe ɖe sedati, ka dzĩ kple kakle ŋu be wòawɔ wo ŋu dɔ hena kpodɔléla si haya la ŋutikɔkɔ ƒe kɔnuwo wɔwɔ.
5 Och skall bjuda att slagta den ena foglen uti ett lerkärile vid rinnande vatten;
Nunɔla la ana woawu xeviawo dometɔ ɖeka ɖe ze si me tsi nyui le la me.
6 Och skall taga den lefvande foglen med cederträt, rosenfärgoullen, och isopen, och doppa uti den slagtade foglens blod vid rinnande vatten;
Woanyrɔ xevi evelia si le agbe la kple sedati, ka dzẽ kpakple kakle la ɖe xeviʋu la me le zea me.
7 Och stänka på honom, som af spitelskone rensas skall, sju resor; och rensa honom alltså, och låta den lefvande foglen flyga i fria markena.
Ekema nunɔla la ahlẽ ʋu la ɖe ame si ŋu kpodɔ la vɔ le la ŋu zi adre. Nunɔla la aɖe gbeƒã be amea ŋu kɔ azɔ, eye wòaɖe asi le xevi gbagbe la ŋu wòadzo adzo.
8 Men den rensade skall två sin kläder, och raka allt sitt hår af, och bada sig i vattne, och så är han ren; sedan gånge han in i lägret, dock skall han blifva utan sitt tjäll i sju dagar.
“Ame si ŋu wokɔ la, anya eƒe awuwo, aƒlɔ eƒe taɖa katã ɖa, ale tsi, eye wòayi aɖanɔ asaɖa la me azɔ. Ke anɔ eƒe agbadɔ godo ŋkeke adre.
9 Och på sjunde dagen skall han raka allt sitt hår af hufvudet, skägget och ögonbrynen, så att allt hår blifver afrakadt; och skall två sin kläder, och bada sitt kött i vattne, och så är han ren.
Le ŋkeke adrea gbe la, agaƒlɔ eƒe taɖa ƒioƒioƒio, alũ eƒe ge kple eƒe adzugo, anya eƒe awuwo, ale tsi, ekema woabui be kpodɔ la vɔ le eŋu azɔ keŋkeŋ.
10 Och på åttonde dagen skall han taga tu lamb, de utan vank äro, och ett årsgammalt får utan vank, och tre tiungar semlomjöl till spisoffer, blandadt med oljo, och en log oljo.
“Ne ŋu ke si anye ŋkeke enyia gbe la, amea ana alẽvi eve siwo de blibo, alẽnɔe ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, eye wòde blibo, wɔ memee kilogram atɔ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple ami lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia.
11 Då skall Presten ställa den rensada och dessa ting fram för Herran, för dörrena af vittnesbördsens tabernakel;
Nunɔla si doe kpɔ la atsɔ amea kple eƒe nunana aɖo Yehowa ŋkume le Agbadɔ la ƒe mɔnu.
12 Och skall taga det ena lambet, och offra det till ett skuldoffer med den log oljo, och skall sådant veftoffra för Herranom;
Nunɔla la atsɔ alẽawo dometɔ ɖeka kple ami lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia la, eye wòatsɔ wo ana Yehowa abe fɔɖivɔsa ene to wo nyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me.
13 Och sedan slagta lambet, der man slagtar syndoffret och bränneoffret, som är på heligt rum; ty såsom syndoffret, så hörer ock skuldoffret Prestenom till; ty det är det aldrahelgasta.
Awu alẽ la le afi si wowua nu vɔ̃ ŋuti vɔsalãwo kple numevɔsalãwo le, le Agbadɔ la me. Woatsɔ fɔɖivɔsa sia ana nunɔla la abe eƒe nuɖuɖu ene, abe ale si wowɔna le nu vɔ̃ ŋuti vɔsa me ene. Enye vɔsa kɔkɔe ƒe vɔsa kɔkɔe.
14 Och Presten skall taga af skuldoffrens blod, och stryka på högra örnatimpen af den rensada, och på tumman af hans högra hand, och på största tåna af hans högra fot.
Nunɔla la asisi fɔɖivɔsalã la ƒe ʋu ƒe ɖe ɖe ame si ŋuti kɔm wòle la ƒe ɖusito ŋu, ɖe eƒe ɖusisi ƒe degblefetsu ŋu kple eƒe ɖusifɔ ƒe degblefetsu ŋu.
15 Sedan skall han taga af oljone utu logen, och gjuta den i sin venstra hand;
Emegbe nunɔla la akɔ ami la ɖe eya ŋutɔ ƒe miasiƒome.
16 Och doppa med sitt högra finger i oljona, den i hans venstra hand är, och stänka oljona med sitt finger sju resor för Herranom.
Nunɔla la atsɔ eƒe nuɖusi ƒe asibidɛ ɖeka ade ami la me, eye wòahlẽe kple eƒe asibidɛ zi adre le Yehowa ŋkume.
17 Men det öfver blifver af oljone i hans hand, skall han gjuta på den högra örnatimpen af honom, som rensad är, och på den högra tumman, och på den stora tåna af hans högra fot, ofvanuppå skuldoffrens blod.
Nunɔla la asisi ami si susɔ ɖe eƒe miasiƒome la ɖe amea ƒe ɖusito kple eƒe ɖusisi ƒe adegblefetsu kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu ŋu, abe ale si wòwɔ kple fɔɖivɔsalã la ƒe ʋu ene.
18 Det qvart är af oljone i hans hand, skall han slå på hans hufvud, som rensader är, och försona honom för Herranom;
Atsɔ ami si gasusɔ ɖe eƒe miasiƒome la asi ɖe ta nɛ. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume.
19 Och skall göra syndoffer, och försona den rensada för hans orenlighets skull; och skall sedan slagta bränneoffret;
“Le esia megbe la, nunɔla la asa nu vɔ̃ vɔsa la, eye wòagalé avu le ame si ŋu kɔm wòle tso kpodɔ si me la nu. Nunɔla la awu numevɔsalã la,
20 Och skall offra det på altaret samt med spisoffret, och försona honom, så är han ren.
eye wòatsɔ nuɖuvɔsa akpe ɖe eŋu atsɔ sa vɔe le vɔsamlekpui la dzi, alé avu ɖe amea nu, ekema woagblɔ be amea ŋuti kɔ keŋkeŋ azɔ.
21 Är han fattig, och icke så mycket förvärfvar med sine hand, så tage ett lamb för sitt skuldoffer, till att veftoffra, till att försona honom, och en tiung af semlomjöl, blandad med oljo till spisoffer, och en log oljo;
“Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽvi eve o la, ekema ana agbovi ɖeka ko na fɔɖivɔsa la be woatsɔ ana Yehowa hena avuléle to enyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Nu siwo agakpe ɖe esia ŋu koe nye wɔ memee kilogram ɖeka si dzi wokɔ ami ɖo hena nuɖuvɔsa la kple amitimi lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia.
22 Och två turturdufvor, eller två unga dufvor, de han med sine hand förvärfva kan; den ena vare till ett syndoffer, den andra till ett bränneoffer;
“Ele be wòagana akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, wo dometɔ si wòate ŋu ana ko. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ.
23 Och bäre dem till Presten, på åttonde dagen efter hans renselse, inför dörrena af vittnesbördsens tabernakel för Herranom.
Amea atsɔ wo vɛ na nunɔla la le Agbadɔ la ƒe mɔnu le ŋkeke enyia gbe hena eŋutikɔkɔ le Yehowa ŋkume.
24 Då skall Presten taga skuldoffrens lamb, och den log oljo, och skall det allt veftoffra för Herranom;
Nunɔla la atsɔ alẽvi kple amitimi lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia la asa fɔɖivɔ, eye wòanye wo le vɔsamlekpui la ŋgɔ abe wo tsɔtsɔ na Yehowa ƒe dzesi ene.
25 Och slagta skuldoffrens lamb, och taga af samma skuldoffers blod, och stryka den rensada på hans högra örnatimp, och på tumman af hans högra hand, och på den stora tåna af hans högra fot;
Emegbe la, awu alẽvi la na fɔɖivɔsa la, eye wòasi ʋu la ƒe ɖe ɖe ame si ŋu kɔm wòle la ƒe ɖusito ŋu kple eƒe ɖusisi ƒe degblefetsu dzi kple eƒe ɖusifɔ ƒe degblefetsu dzi.
26 Och gjuta oljona i sina venstra hand;
Azɔ la, nunɔla la atrɔ ami la akɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe miasiƒome,
27 Och stänka med sitt högra finger oljona, som i hans venstra hand är, sju resor för Herranom.
eye wòatsɔ eƒe ɖusi ƒe asibidɛ ɖeka ahlẽ ami la ƒe ɖe zi adre le Yehowa ŋkume.
28 Det qvart blifver i hans hand, skall han låta på högra örnatimpen af den rensada, och på tumman af hans högra hand, och på stora tåna af hans högra fot, ofvanuppå skuldoffrens blod.
Ekema asi ami si le eƒe asiƒome la ƒe ɖe ɖe eƒe ɖusito ŋu kple eƒe ɖusisi ƒe adegblefetsu kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu dzi, abe ale si wòwɔ kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ƒe ʋu ene.
29 Det qvart är i hans hand af oljone, skall han låta på hufvudet af den rensada, till att försona honom för Herranom;
Nunɔla la atsɔ ami si susɔ ɖe eƒe asiƒome la asi na ame si ŋu kɔm wòle la ƒe ta, atsɔ alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume.
30 Och sedan göra ett syndoffer utaf den ena turturdufvone, eller unga dufvone, såsom hans hand hafver kunnat förvärfva;
Azɔ la, ana akpakpa eveawo alo ahɔnɛvi eveawo, wo dometɔ si wòate ŋui ko.
31 Utaf den andra ett bränneoffer, samt med spisoffret. Och alltså skall Presten försona den rensada för Herranom.
Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye woatsɔ evelia asa numevɔ kpe ɖe nuɖuvɔ ŋu. Nunɔla la alé avu ɖe amea nu le Yehowa ŋkume.”
32 Detta vare lagen för den spitelska, som icke kan med sine hand förvärfva det till hans renselse hörer.
Esiawoe nye se siwo ku ɖe ŋutigbalẽdɔléla siwo mate ŋu axe fe ɖe vɔsasa siwo woɖo hena wo ŋutikɔkɔ o la ŋu.
33 Och Herren talade med Mose och Aaron, och sade:
Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be,
34 När I kommen in uti Canaans land, det jag eder till besittning gifva skall, och jag der i någro edor besittninges huse en spitelskosårnad gifver;
“Ne mieɖo Kanaanyigba, afi si mele tsɔtsɔm na mi be wòanye mia tɔ dzi, eye meda kpodɔ ɖe aƒe aɖe me le anyigba la dzi la,
35 Så skall han, som huset tillhörer, komma, undervisa det Prestenom, och säga: Det synes såsom en spitelskosårnad är i mino huse.
ekema ele be aƒea tɔ nava gblɔ na nunɔla la be, ‘Edze nam abe ɖe kpodɔ le nye aƒe me ene!’
36 Då skall Presten säga dem, att de skola rymma utu huset förra än Presten går derin, till att bese sårnaden; på det att allt, det i huset är, icke skall varda orent. Sedan skall Presten gå in till att bese huset.
Nunɔla la ana woafɔ nu sia nu ado goe le aƒea me hafi wòalé ŋku ɖe aƒea ŋu, ale be nu siwo le aƒea me la dometɔ aɖeke magazu nu makɔmakɔ ne ekpɔ be kpodɔ le aƒea me o.
37 När han nu ser sårnaden, och finner att på husens väggar gula eller rödletta gropar äro, och deras anseende djupare in är än väggen eljest är;
Ne ekpɔ aŋgbamu ƒe teƒe kple teƒe dzĩ aɖewo le aƒea me ƒe gliwo ŋu, eye teƒe mawo dze abe ɖe wonye ɖe eme vie ene la,
38 Så skall han gå utu huset genom dörrena, och igenlycka huset i sju dagar.
ele be nunɔla la natu aƒe la ŋkeke adre,
39 Och när han på sjunde dagen igenkommer, och ser att sårnaden hafver ätit sig vidare på väggene af huset;
eye wòatrɔ ava le ŋkeke adrea gbe be wòagalé ŋku ɖe aƒea ŋu. Ne teƒeawo keke ɖe edzi le gliawo ŋu la,
40 Så skall han bjuda dem utbryta stenarna, der den sårnaden uti är, och kasta det ut för staden på ett orent rum.
ekema nunɔla la ana woadza teƒe mawo ɖa le gliawo ŋu, eye woalɔ gli kakawo aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo.
41 Och huset skall man skrapa innantill allt omkring, och kasta det afskrapade stoftet ut för staden på ett orent rum;
Le esia megbe la, ana woaka xɔa me ƒe gliwo ŋu nyuie, eye woalɔ gli kakawo aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo.
42 Och taga andra stenar, och sätta dem i samma staden; och taga annan kalk, och bestryka huset med.
Woatsɔ kpe yeyewo aɖɔli kpe xoxo siwo woho le gliawo me, eye woagbugbɔ gliawo ŋu azrɔ̃.
43 Om då sårnaden igenkommer, och brister ut på huset, sedan man hafver uttagit stenarna, skrapat huset, och bestrukit det på nytt;
“Ne aŋgbamu teƒe kple teƒe dzĩawo gadze la,
44 Så skall Presten gå derin. Och när han ser att sårnaden hafver vidare ätit sig på husena, så är det visserliga en frätande spitelska på huset; och är orent.
nunɔla la agava alé ŋku ɖe wo ŋu, eye ne ekpɔ be wokeke ɖe edzi la, ekema atso nya me be kpodɔe, eye aƒea ŋu mekɔ o.
45 Derföre skall man bryta huset ned, både sten och trä, och allt stoftet af husena föra ut för staden på ett orent rum.
Ana woagbã xɔ la, eye woalɔ kpeawo, atiawo kple anyi la aɖakɔ ɖe teƒe makɔmakɔ aɖe le dua godo.
46 Och den som går in i huset, så länge det tillslutet är, han är oren intill aftonen.
“Ame sia ame si ge ɖe aƒea me le esime wotui la, ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.
47 Och den derinne ligger, eller äter derinne, han skall två sin kläder.
Ele na ame sia ame si mlɔ aƒea me alo ɖu nu le eme la be wòanya eƒe awuwo.
48 Hvar nu Presten ser, då han går derin, att sårnaden icke vidare hafver ätit sig på huset, sedan huset bestruket är; så skall han säga det rent; ty sårnaden är hel vorden;
“Ke ne nunɔla la va zi evelia be yealé ŋku ɖe aƒea ŋu, eye teƒeawo megadze le gliawo ŋu zɔzrɔ̃ megbe o la, ekema atso nya me be aƒea ŋu kɔ, eye kpodɔ la megali o.
49 Och skall taga till syndoffer för huset, två foglar, cedreträ, och rosenfärgad ull, och isop;
Atsɔ xevi eve, sedati, ka dzĩ kple kakle awɔ nuŋukɔkɔ ƒe wɔnawoe.
50 Och slagta den ena foglen uti ett lerkäril vid rinnande vatten;
Awu xeviawo dometɔ ɖeka ɖe ze si me tsi nyui le la me.
51 Och skall taga det cederträt, rosenfärgada ullen, isopen och den lefvande foglen, och doppa honom uti den slagtada foglens blod vid rinnande vatten, och stänka huset sju resor;
Ekema atsɔ sedati la, kakle la, ka dzĩ la kple xevi gbagbe la ade xevi si wowu la ƒe ʋu kple tsi nyui me, eye wòahlẽe ɖe aƒea ŋu zi adre.
52 Och skall alltså skära huset med foglens blod, och med det rinnande vattnet, med den lefvande foglen, med cedreträt, med isopen, och med rosenfärgada ullen;
Akɔ aƒea ŋu kple xevi la ƒe ʋu, tsi nyui la, xevi gbagbe la, sedati la kple kakle kple ka dzĩ la.
53 Och skall låta den lefvande foglen flyga ut för staden i fria markena, och försona huset; så är det rent.
Aɖe asi le xevi gbagbe la ŋu wòadzo ayi gbe me le du la godo. Mɔ sia dzie wòato aɖe vɔ̃ ɖa le aƒe la ŋu, eye wòakɔ eŋuti.”
54 Detta är lagen om all spitelskos och skabbs sårnad;
Esiawoe nye se siwo ku ɖe teƒe vovovo siwo kpodɔ ado ɖo la ŋu,
55 Om kläders spitelsko, och huses;
le awu me loo alo le xɔ ŋu,
56 Om blemmor, skabb och etterhvitt;
le nutete teƒe, dzobi teƒe loo alo teƒe dzĩ aɖe le ame ƒe ŋutilã ŋu.
57 På det man skall veta, när något orent eller rent är. Detta är lagen om spitelsko.
Miato mɔ sia dzi anya nenye kpodɔe loo alo menye eyae o. Nu sia tae wona se siawo ɖo.

< 3 Mosebok 14 >