< 1 Krönikeboken 6 >
1 Levi barn voro: Gersom, Kehath och Merari.
Levi ƒe viwoe nye: Gerson, Kohat kple Merari.
2 Kehaths barn voro: Amram, Jizear, Hebron och Ussiel.
Kohat ƒe viwoe nye: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel.
3 Amrams barn voro: Aaron, Mose och MirJam. Aarons barn voro: Nadab, Abihu, Eleazar och Ithamar.
Amram ƒe viwoe nye: Aron, Mose kple Miriam. Aron ƒe viwoe nye: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.
4 Eleazar födde Pinehas; Pinehas födde Abisua;
Aron ƒe vi tsitsitɔwo ƒe dzidzimeviwoe nye: Eleazar si dzi Finehas, ame si dzi Abisua,
5 Abisua födde Bukki; Bukki födde Ussi;
ame si dzi Buki, ame si dzi Uzi,
6 Ussi födde Serahia; Serahia födde Merajoth;
ame si dzi Zerahia, ame si dzi Merayot,
7 Merajoth födde Amaria; Amaria födde Ahitob;
ame si dzi Amaria, ame si dzi Ahitub,
8 Ahitob födde Zadok; Zadok födde Ahimaaz;
ame si dzi Zadok, ame si dzi Ahimaaz,
9 Ahimaaz födde Asaria; Asaria födde Johanan;
ame si dzi Azaria, ame si dzi Yohanan,
10 Johanan födde Asaria, hvilken Prest var i husena, som Salomo byggde i Jerusalem.
ame si dzi Azaria, ame si nye Nunɔlagã si nɔ Solomo ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem.
11 Asaria födde Amaria; Amaria födde Ahitob;
Azaria hã dzi Amaria, ame si dzi Ahitub,
12 Ahitob födde Zadok; Zadok födde Sallum;
ame si dzi Zadok, ame si dzi Salum,
13 Sallum födde Hilkia; Hilkia födde Asaria;
ame si dzi Hilkia, ame si dzi Azaria.
14 Asaria födde Seraja; Seraja födde Jozadak;
Azaria dzi Seraya, ame si dzi Yehozadak,
15 Men Jozadak vardt med bortförd, då Herren lät bortföra Juda och Jerusalem fångna af NebucadNezar.
ame si woɖe aboyoe esime Yehowa na Nebukadnezar ɖe aboyo ame siwo nɔ Yuda kple Yerusalem.
16 Så äro nu Levi barn desse: Gersom, Kehath, Merari.
Abe ale si wode dzesii xoxo ene la, Levi ƒe viwoe nye, Gerson, Kohat kple Merari.
17 Gersoms barn heta alltså: Libni och Simei.
Gerson ƒe viwoe nye: Libni kple Simei.
18 Kehaths barn heta: Amram, Jizear, Hebron och Ussiel.
Kohat ƒe viwoe nye: Amram, Izhar, Hebron kple Uziel.
19 Merari barn heta: Maheli och Musi. Det äro de Leviters ätter efter deras fäder.
Merari ƒe viwoe nye: Mahli kple Musi. Ƒome siwo dzɔ tso Levi ƒe hlɔ̃ me la le ale:
20 Gersoms son var Libni; hans son var Jahath; hans son var Simma;
Gerson ƒe viwoe nye, Libni, Yahat, Zima,
21 Hans son var Joah; hans son var Iddo; hans son var Serah; hans son var Jeathrai.
Yoa, Ido, Zera kple Yeaterai.
22 Men Kehaths son var Amminadab; hans son var Korah; hans son var As sir;
Kohat ƒe viwoe nye: Aminadab, Korah, Asir,
23 Hans son var Elkana; hans son var Ebjasaph; hans son var Assir;
Elkana, Ebiasaf, Asir,
24 Hans son var Tahath; hans son var Uriel; hans son var Ussia; hans son var Saul.
Tahat, Uriel, Uzia kple Saul.
25 Elkana barn voro: Amasai och Ahimoth.
Elkana ƒe dzidzimeviwo ma ɖe ƒome siawo me: Amasai, Ahimɔt,
26 Hans son var Elkana; hans son var ElkanaSophai; hans son var Nahath;
Elkana, Zofai, Nahat,
27 Hans son var Eliab; hans son var Jeroham; hans son var Elkana;
Eliab, Yeroham kple Elkana.
28 Hans son var Samuel; hans förstfödde var Vasni och Abija.
Samuel ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Samuel me la woe nye: Yoel, Via ŋutsu tsitsitɔ kple evelia, Abiya.
29 Merari son var Maheli; hans son var Libni; hans son var Simei; hans son var Ussa:
Merari ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Merari me la woe nye: Mahli, Libni, Simei, Uza,
30 Hans son var Simea; hans son var Haggija; hans son var Asaja.
Simea, Hagia kple Asaya.
31 Desse äro de som David satte till att sjunga i Herrans hus, då arken hvilade;
Fia David ɖo hadzihadzikpɔlawo kple hadzilawo be woakafu Yehowa le agbadɔ la me esime wòtsɔ nubablaɖaka la de eme megbe.
32 Och tjente för boningene och vittnesbördsens tabernakel med sjungande, allt intill Salomo byggde Herrans hus i Jerusalem; och stodo efter deras sätt i deras ämbete.
Wotsɔ hadzidzi subɔ le le Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ va se ɖe esime Solomo tu Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖe Yerusalem eye hadzilawo yi woƒe dɔ dzi le ɖoɖo nu.
33 Och desse äro de som stodo, och deras barn: Utaf Kehaths barnom var Heman sångaren, Joels son, Samuels sons,
Hadzihakplɔlawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dzidzimeviwo le ale: Hadzila Heman tso Kohat ƒe hlɔ̃ la me. Eƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Israel dzi la yi ale: Yoel, Samuel,
34 Elkana sons, Jerohams sons, Eliels sons, Thoahs sons,
Elkana, Yeroham, Eliel, Toax,
35 Zuphs sons, Elkana sons, Mahaths sons, Amasai sons,
Zuf, Elkana, Mahat, Amasai,
36 Elkana sons, Joels sons, Asaria sons, Zephania sons,
Elkana, Yoel, Azaria, Zefania,
37 Thahaths sons, Assirs sons, Ebjasaphs sons, Korahs sons;
Tahat, Asir, Ebiasaf, Korah,
38 Jizears sons, Kehaths sons, Levi sons, Israels sons.
Izhar, Kohat, Levi, Israel.
39 Och hans broder Assaph stod på hans högra sido. Och Assaph var Berechia son, Simea sons,
Heman ƒe kpeɖeŋutɔ gbãtɔe nye Asaf, ame si ƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Levi dzi la yi ale: Berekia, Simea,
40 Michaels sons, Baaseja sons, Malchija sons,
Mikael, Baaseia, Malkiya,
41 Ethni sons, Serahs sons, Adaja sons,
Etni, Zera, Adaya,
42 Ethans sons, Simma sons, Simei sons,
Etan, Zima, Simei,
43 Jahaths sons, Gersoms sons, Levi sons.
Yahat, Gerson, Levi.
44 Men deras bröder, Merari barn, stodo på venstra sidone, nämliga Ethan, Kisi son, Abdi sons, Malluchs sons,
Heman ƒe kpeɖeŋutɔ eveliae nye Etan, tso Merari ƒe ƒome la me. Enɔa Heman ƒe miame. Eƒe dzidzimeviwo heyi megbe va se ɖe Levi dzi yi ale: Kisi, Abdi, Maluk,
45 Hasabia sons, Amazia sons, Hilkia sons,
Hasabia, Amazia, Hilkia,
46 Amzi sons, Bani sons, Sam ers sons,
Amzi, Bani, Semer,
47 Maheli sons, Musi sons, Merari sons, Levi sons.
Mahli, Musi, Merari kple Levi.
48 Men deras bröder, Leviterna, voro skickade till allehanda ämbete uti Guds hus boning.
Woƒe ƒometɔwo nye Levitɔ bubuawo. Wotsɔ wo ɖo dɔ bubu vovovowo nu le Mawu ƒe agbadɔ la me.
49 Men Aaron och hans söner voro i det ämbetet, som var, upptända på bränneoffrets altare, och på rökaltarena, och till alla sysslor uti det aldrahelgaste, och till att försona Israel, såsom Mose Guds tjenare budit hade.
Ke Aron kple eƒe dzidzimeviwo koe nye nunɔlawo. Woƒe dɔdeasiwo dometɔ aɖewoe nye numevɔwo sasa, dzudzɔdodo, dɔwɔwɔ le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe kple dɔ siwo ku ɖe ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkekenyui le Israel ŋuti. Wokpɔa egbɔ be wowɔ ɖe nu siwo katã Mose, Mawu ƒe dɔla ɖo na wo la dzi pɛpɛpɛ.
50 Aarons barn äro desse: Eleazar hans son; hans son var Pinehas; hans son var Abisua;
Aron ƒe dzidzimeviwoe nye: Eleazar, Finehas, Abisua,
51 Hans son var Bukki; hans son var Ussi; hans son var Serahia;
Buki, Uzi, Zerahia,
52 Hans son var Merajoth; hans son var Amaria; hans son var Ahitob;
Merayot, Amaria, Ahitub,
53 Hans son var Zadok; hans son var Ahimaaz.
Zadok kple Ahimaaz.
54 Och detta är deras boning och säte uti deras gränsor, nämliga Aarons barnas af de Kehathiters ätt; ty lotten föll till dem.
Du kple anyigba siwo wona Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo tso Kohat ƒe hlɔ̃ me la woe nye:
55 Och de gåfvo dem Hebron i Juda land, och dess förstäder allt omkring.
Hebron kple lãnyiƒe siwo ƒo xlãe le Yuda.
56 Men stadsens mark och dess byar gåfvo de Caleb, Jephunne son.
(Ke agbledeƒe kple kɔƒe siwo ƒo xlã du gã la, wotsɔ wo na Kaleb, Yefune ƒe vi.)
57 Så gåfvo de nu Aarons barnom de fristäder, Hebron och Libna, och dess förstäder, Jattir och Esthemoa, och dess förstäder;
Esiwo wotso na Aron viwoe nye: Hebron (Sitsoƒedu), Libna kple eŋu lãnyiƒe, Yatir kple Estemoa kple wo ŋu lãnyiƒewo.
58 Hilen och dess förstäder, Debir och dess förstäder;
Hilen, Debir,
59 Asan och dess förstäder, BethSemes och dess förstäder;
Asan, Yuta kple Bet Semes kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu na Aron ƒe dzidzimeviwo.
60 Och af BenJamins slägte, Geba och dess förstäder, Alemeth och dess förstäder, Anathoth och dess förstäder; så att all städer i deras ätter voro tretton.
Benyamin ƒe viwo tso du bubu aɖewo, du siwo dometɔ aɖewo nye Geba, Alemet kple Anatɔt hekpe ɖe lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo ŋu. Du siwo katã woma ɖe Kohat ƒe dzidzimeviwo dome le wuietɔ̃.
61 Men dem androm Kehaths barnom deras ätter vordo, af den halfva Manasse slägte, genom lott gifne tio städer.
Woda akɔ azɔ be woama anyigba mamlɛa ɖe Kohat ƒe dzidzimevi bubuawo dome eye woxɔ du ewo le Manase ƒe hlɔ̃ ƒe afã ƒe anyigba dzi.
62 Gersoms barnom i deras ätter vordo i Isaschars slägte, och af Assers slägte, och af Naphthali slägte, och af Manasse slägt i Basan, tretton städer gifne.
Woda akɔ eye woxɔ du wuietɔ̃ le Basan le Isaka, Aser, Naftali kple Manase ƒe viwo si tsɔ na Gerson ƒe viwo.
63 Merari barnom i deras ätter vordo genom lott gifne, af Rubens slägte, och af Gads slägte, och af Sebulons slägte, tolf städer;
Woda akɔ eye woxɔ du wuieve le Ruben, Gad kple Zebulon ƒe viwo si tsɔ na Merari ƒe viwo.
64 Och Israels barn gåfvo också Leviterna städer, med deras förstäder;
Ale Israelviwo tsɔ du siawo kple woƒe lãnyiƒewo na Levitɔwo.
65 Nämliga genom lott, af Juda barns slägte, och af Simeons barnas slägte, och BenJamins barnas slägte, de städer, som de vid namn före sade.
Le Yuda, Simeon kple Benyamin ƒe towo me la, wotsɔ du siwo ŋkɔ woyɔxoxo la na wo.
66 Men Kehaths barnas ätt kommo städer till, af Ephraims slägtes gränsor.
Efraim ƒe viwo tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo:
67 Så gåfvo de nu de andra Kehaths barnas ätt de fristäder, Sechem på Ephraims berg och dess förstäder, Geser och dess förstäder,
Sekem (sitsoƒedu) kple Gezer,
68 Jokmeam och dess förstäder, BethHoron och dess förstäder;
Yokmeam kple Bet Horon,
69 Ajalon och dess förstäder, GathRimmon och dess förstäder;
Aiyalon kple Gat Rimon kple eŋu lãnyiƒe.
70 Dertill, af den halfva slägtene Manasse, Aner och dess förstäder, Bileam och dess förstäder.
Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo ƒe afã: Aner kple Balaam.
71 Men Gersoms barnom gåfvo de, af de halfva Manasse slägtes ätt, Golan i Basa och dess förstäder, Astaroth och dess förstäder;
Sitsoƒedu kple woƒe lãnyiƒe siwo Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ na Gerson ƒe viwo la nye: Golan le Basan kple Astarot.
72 Af Isaschars slägte, Kades och dess förstäder, Daberath och dess förstäder;
Isaka ƒe viwo tsɔ Kedes, Daberat,
73 Ramoth och dess förstäder, Anem och dess förstäder;
Ramot kple Anem kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na wo.
74 Af Assers slägte, Masal och dess förstäder, Abdon och dess förstäder;
Aser ƒe viwo tsɔ Abdon, Masal
75 Hukok och dess förstäder, Rehob och dess förstäder;
Hukok kple Rehob kple woƒe lãnyiƒewo na wo.
76 Af Naphthali slägte, Kedes i Galilea och dess förstäder, Hammon och dess förstäder, Kiriathaim och dess förstäder;
Naftali ƒe viwo tsɔ Kedes le Galilea, Hamon kple Kiriataim kple woƒe lãnyiƒewo na wo.
77 Dem androm Merari barnom gåfvo de, af Sebulons slägte, Rimmono och dess förstäder, Thabor och dess förstäder;
Zebulon ƒe viwo tsɔ Rimono kple Tabor kpakple woƒe lãnyiƒewo na Merari ƒe viwo abe Sitsoƒeduwo ene.
78 Och på hinsidon Jordan tvärsöfver Jericho österut vid Jordan: Af Ruben slägte, Bezer i öknene och dess förstäder Jahzah och dess förstäder,
Tso Ruben ƒe to la me le Yɔdan ƒe akpa kemɛ le Yeriko kasa la, woxɔ Bezer le gbegbe la, Yaza,
79 Kedemoth och dess förstäder, Mephaath och dess förstäder;
Kedemot kple Mefaat kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu.
80 Af Gads slägte, Ramoth i Gilead och dess förstäder, Mahanaim och dess förstäder,
Gad ƒe viwo tsɔ Ramot le Gilead, Mahanaim
81 Hesbon och dess förstäder, Jaeser och dess förstäder.
Hesbon kple Yazer kple woƒe lãnyiƒewo na wo.