< Ezequiel 16 >

1 Y vino a mí la palabra deL Señor, diciendo:
Yehowa ƒe nya va nam be,
2 Hijo del hombre, deja en claro a Jerusalén sus caminos asquerosos.
“Ame vi, ɖe Yerusalem ƒe ŋunyɔnuwɔwɔwo fiae.
3 Y di: Esto es lo que el Señor Dios ha dicho a Jerusalén: Tu comienzo y tu nacimiento fue en la tierra de los cananeos; un amorreo era tu padre y tu madre una hitita.
Eye nàgblɔ nɛ be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Yerusalem nye si; ‘Wò dzɔtsoƒe kple wò dzidzi nɔ Kanaantɔwo ƒe anyigba dzi. Mia fofo nye Amoritɔ, eye mia dada nye Hititɔ.
4 En cuanto a tu nacimiento, el día de tu nacimiento no se cortó el cordón ni se lavó con agua para limpiarlo; ni te frotaron con sal, ni te fajaron.
Gbe si gbe wodzi wò la, wometso wò ƒoƒonika, alo le tsi na wò be wò ŋuti naɖi, alo si dze ɖe ŋuwò alo xatsa avɔ ɖe ŋutiwò o.
5 Ningún ojo tuvo piedad de ti por hacerte ninguna de estas cosas o por ser amable contigo; pero fuiste expulsada al campo abierto, porque tu vida fue odiada en el momento de tu nacimiento.
Ame aɖeke mekpɔ nublanui na wò, ale be woawɔ nu siawo na wò o; ke boŋ wotsɔ wò ƒu gbe ɖe gbedadaƒo, elabena gbe si gbe wodzi wò la, wodo vlo wò.’
6 Y cuando pasé junto a ti y te vi tirada en tu sangre, te dije: Aunque estés en tu sangre, Vive; Dije! Si, ¡ Aunque estés en tu sangre: Vive!
“Esi metso eme va yina la, mekpɔ wò nènɔ afɔ dam le wò ʋu me. Esi nènɔ wò ʋu me la, megblɔ na wò be, ‘Tsi agbe.’
7 Y aumentará en número como los brotes del campo; y aumentaste y te hiciste grande, y llegaste a la época del amor: tus pechos se formaron y tu cabello era largo; pero fuiste desnuda y sin ropa.
Mena nètsi abe ati si le gbedzi ene. Ètsi eye nètrɔ zu kpe xɔasi dzeanitɔ abe ɖetugbi vavã aɖe ene. Ète no, ɖa to mlɔmlɔmlɔ ɖe wò ame si nɔ ƒuƒlu la ŋu.
8 Ahora, cuando pasé junto a ti, mirándote, vi que tu tiempo era el tiempo del amor; y puse mis faldas sobre ti, cubriendo tu cuerpo desnudo, y te hice mi juramento e hice un acuerdo contigo, dice el Señor Dios, y te hiciste mía.
“Emegbe la, metso eme va yi, eye esi mekpɔ be ètsi na srɔ̃ɖeɖe la, mekeke nye awu to ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò amama. Meka atam na wò, mebla nu kpli wò, eye nèzu tɔnye. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
9 Luego te hice lavar con agua, lavando toda tu sangre y te ungí con aceite.
“Mele tsi na wò, klɔ ʋu ɖa le ŋuwò, eye mesi ami na wò.
10 Y te hice vestir con bordados, y te puse zapatos de cuero, te ceñí de lino fino y te vestí de seda.
Meta avɔ ŋɔŋɔe na wò, eye medo afɔkpa na wò. Medo aklalawu nyuitɔ kple awu xɔasitɔ na wò.
11 Y te hice hermosa con adornos, y te puse joyas en las manos y una cadena en el cuello.
Metsɔ kpe xɔasinuwo ɖo atsyɔ̃ na wò. Medo abɔgɛ ɖe abɔ na wò, eye medo kɔga ɖe kɔ na wò;
12 Y puse un anillo en tu nariz y aretes en tus oídos y una hermosa corona en tu cabeza.
medo ŋɔtigɛ ɖe ŋɔti na wò, medo togɛwo ɖe to na wò, eye meɖɔ fiakuku dzeani aɖe na wò.
13 Así te hiciste hermosa con oro y plata; y tu ropa era de la mejor ropa de lino y seda y bordados; Tu comida fue la mejor comida y miel y aceite, y eras muy hermosa, prosperaste extremadamente hasta reinar.
Ale wotsɔ sika kple klosalo ɖo atsyɔ̃e na wò. Wò avɔwo nye aklala biɖibiɖi, seda kple avɔ ŋɔŋɔe. Wò nuɖuɖu nye wɔ memee, anyitsi kple amitime. Èva dze tugbe ŋutɔ, eye nèyi dzi va zu fianyɔnu.
14 Eras tan hermosa que tu historia se extendió a todas las naciones; Eras completamente hermosa por mi gloria que te había puesto, dice el Señor.
Wò ŋkɔ de dzi kaka ɖe dukɔwo dome le wò tugbedzedze ta, elabena atsyɔ̃ si meɖo na wò la na wò tugbedzedze de blibo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
15 Pero confías en el hecho de que eras hermosa, actuando como una mujer prostituta, a causa de tu fama y ofreciendo tu amor barato a todos los que pasaron, sin importar quién fuera.
“Ke èɖo ŋu ɖe wò tugbedzedze ŋu, eye nèwɔ wò ŋkɔxɔxɔ ŋu dɔ hezu gbolo. Ènyoa dɔ me na ame sia ame si tsoa eme va yina, eye wò tugbedzedze zua etɔ.
16 Y tomaste tus ropas y te colocaste en lugares altos adornados con todos los colores, actuando como una prostituta sobre ellos, sin vergüenza ni miedo.
Ètsɔ wò avɔ aɖewo wɔ nuxeƒewo, eye nèwɔa gbolo le afi ma. Nu siawo madzɔ, eye womava eme hafi o.
17 Y tomaste las bellas joyas, mi plata y oro que te había dado, y te hiciste imágenes masculinas, actuando como una prostituta con ellas;
Ètsɔ nu dzeani siwo mena wò, nu siwo wotsɔ nye sika kple klosalo wɔe la wɔ ŋutsulegbawo na ɖokuiwò, eye nèwɔ gbolo kpli wo.
18 Y tomaste tu túnica de bordados para su ropa, y pones mi aceite y mi perfume delante de ellos.
Ètsɔ wò avɔ ŋɔŋɔewo tsyɔ na wo, eye nètsɔ nye ami kple dzudzɔʋeʋĩdonuwo ɖo woƒe ŋkume.
19 Y mi pan que te di, la mejor comida, el aceite y la miel que te di para tu comida, lo pones delante de ellos para un dulce olor, dice el Señor.
Kpe ɖe esiawo ŋu la, nuɖuɖu siwo mena wò, siwo nye wɔ memee, ami kple notsi abe wò nuɖuɖu ene la, ètsɔ wo ɖo woƒe ŋkume abe vɔsa ʋeʋĩ lilili ene. Esiae va eme. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
20 Y tomaste a tus hijos y a tus hijas que tuve contigo, ofreciéndoles incluso esto para que sean su alimento. ¿Eran tus fornicaciones poca cosa?
“Eye nètsɔ viŋutsu kple vinyɔnu siwo nèdzi nam la sa nuɖuvɔ na legbawo. Wò gbolowɔwɔ ɖeɖe mesɔ gbɔ oa?
21 ¿Que mataste a mis hijos y los entregaste para que pasaran por el fuego?
Èwu vinyewo, eye nètsɔ wo sa vɔe na legbawo.
22 Y en toda tu asquerosa y falsa conducta no recordaste tus primeros días, cuando estabas desnuda y sin ropa, tirada en tu sangre.
Le wò ŋunyɔnuwo katã kple gbolowɔwɔ me la, mèɖo ŋku wò ɖetugbimeŋkekewo dzi, esime nènɔ amama kple ƒuƒlu, eye nènɔ afɔ dam le wò ʋu me la dzi o.
23 Y sucedió que, después de todo tu maldad, Hay! Hay! De ti dice el Señor Dios:
“Babaa! Babaa na wò! Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Kpe ɖe wò ŋutasẽnu bubuwo katã ŋuti la,
24 Que te hiciste un santuario y un altar cada plaza.
ètu trɔ̃xɔ gãwo ɖe ablɔ gãwo me na ɖokuiwò kple nuxeƒe ɖe ƒuƒoƒe ɖe sia ɖe.
25 Colocaste tus lugares altos en la parte superior de cada calle, e hiciste de la gracia de tu forma algo asqueroso, abriendo tus pies a todos los que pasaban, aumentando tu prostitución.
Ètu wò nuxeƒewo ɖe ablɔ ɖe sia ɖe ƒe seƒe, èɖi gbɔ̃ wò tugbedzedze to wò ŋutilãtsɔtsɔ na ame sia ame si va yina to gbolowɔwɔ vivivo me.
26 Y fuiste con los egipcios, tus vecinos, de cuerpos robustos; Incrementando tus fornicaciones, moviéndome a la ira.
Èwɔ gbolo kple Egiptetɔwo, wò aƒelika gbegblẽwo, eye nèdo dɔmedzoe nam kple wò gbolowɔwɔ si le edzi yim wu tsã.
27 Ahora, entonces, mi mano se extiende contra ti, reduciendo tu provisión, y te he entregado al deseo de tus enemigos, las hijas de los filisteos que se avergüenzan de tus fornicaciones.
Ale mekɔ nye alɔ dzi ɖe ŋuwò, eye meɖe wò anyigba ƒe lolome dzi kpɔtɔ. Metsɔ wò de asi na wò futɔwo ƒe ŋukeklẽ, Filistitɔwo ƒe nyɔnuviwo, ame siwo wò ŋukpenanuwɔnawo wɔ nuku na.
28 Y fuiste con los asirios, debido a tu deseo que no tenía medida; Estabas actuando como una prostituta con ellos, y aún así no tenías suficiente.
Èwɔ gbolo kple Asiriatɔwo hã, elabena dzodzro mevɔ le mewò o, eye le esia megbe gɔ̃ hã la, meɖi kɔ na wò o.
29 Y seguiste con tus fornicaciones hasta la tierra de Caldea, y aún no tenías suficiente.
Ale nèyi gbolowɔwɔ dzi wu, eye wòlɔ asitsalawo ƒe anyigba, Babilonia ɖe eme. Ke esia gɔ̃ hã meɖi kɔ na wò o.”
30 Qué enfermo es tu corazón, dice el Señor, al ver que haces todas estas cosas, el trabajo de una prostituta autoritaria;
Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “Aleke ɖokuidzimaɖumaɖu xɔ mewò ale, esime nèwɔ esiawo katã abe gbolo dzimesesẽtɔ ene!
31 Porque has hecho tu santuario en la parte superior de cada calle, y tu altar en cada plaza; al despreciar la paga, no eras como la prostituta.
Esi nètu wo trɔ̃xɔwo ɖe ablɔ ɖe sia ɖe nu, eye nèɖo wò nuxeƒe kɔkɔwo ɖe ƒuƒoƒe ɖe sia ɖe la, mèɖi gbolo aɖeke o, elabena èdo vlo gbologaxɔxɔ.
32 ¡Sino como la mujer adúltera, que toma extraños amantes en lugar de su esposo!
“Wò, srɔ̃nyɔnu, ahasitɔ! Amedzrowo dzea ŋuwò wu srɔ̃wò!
33 Se paga a todas las prostitutas, pero tú das recompensas a tus amantes, ofreciéndoles un pago para que puedan llegar a ti de todas partes por tus prostituciones.
Gbolo ɖe sia ɖe xɔa ga, gake wò ya ènaa nu ŋutsu siwo nèwɔa gbolo kplii la katã, ènaa zãnu wo ale be woatso afi sia afi ava wɔ ahasi kpli wò.
34 Y en tu prostitución eres diferente de otras mujeres, porque nadie te persigue para hacerte el amor; porque les pagas a ellos, ellos no te pagan a ti, en esto eres diferente de ellas.
Ale le wò gbolowɔwɔ me la, mèle abe ame bubuawo ene o: ŋutsu aɖeke metia yowòme o. Mèle abe gbolo bubuawo ene o, elabena wò ya èxea fe na ŋutsuawo, eye ŋutsuawo menaa naneke wò o.
35 Por esta causa, oh mujer ramera, oye la voz del Señor:
“Eya ta wò gbolo, se Yehowa ƒe nya.
36 Esto es lo que el Señor Dios ha dicho: Porque tu comportamiento inmundo se desató y tu cuerpo se descubrió en tu prostitución con tus amantes y con tus repugnantes imágenes, y por la sangre de tus hijos que les diste en sacrificio;
Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Esi nètsɔ wò kesinɔnuwo na la, èna ŋutsuwo kpɔ wò amame le wò gbolowɔwɔ me, eye le wò ŋukpenalegbawo katã ta kple esi nètsɔ viwòwo ƒe ʋu na wo ta la,
37 Por esta causa reuniré a todos tus amantes con quienes te has complacido, y a todos aquellos a quienes les has dado tu amor, con todos los que fueron odiados por ti; incluso haré que se junten contra ti por todos lados, y te haré descubrir ante ellos para que puedan ver tu vergüenza.
mele ƒu ƒo ge wò ahiãviwo katã, ame siwo mia kpli wo mieɖu vivi kple esiwo nèlé fui siaa, maƒo ƒu wo ɖe ŋuwò tso teƒe siwo katã ƒo xlã wò. Maɖe amama wò le woƒe ŋkume, eye woakpɔ wò amama blibo la.
38 Y serás juzgada por mí como las mujeres que son juzgadas como adúlteras, y las mujeres que derraman sangre; Y voy a soltar contra ti sangre y furor de celo.
Mana nyɔnu ahasitɔwo kple esiwo kɔa ʋu ɖi la ƒe tohehe nava dziwò. Mana nye dziku ƒe hlɔ̃biabia ɖe ʋu ta kple nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe nava dziwò.
39 Te entregaré en sus manos, y tu santuario será derribado y tus lugares altos destruidos; te quitarán la ropa y te quitarán tus bellas joyas; y cuando hayan terminado, serás descubierta y desnuda.
Ekema matsɔ wò ade asi na wò ahiãviawo, eye woagbã wò trɔ̃xɔwo kple nuxeƒe kɔkɔwo. Woaɖe wò awuwo le ŋuwò, woaxɔ wò sikanu dzeaniwo, eye woagblẽ wò ɖi nànɔ amama, anɔ ƒuƒlu.
40 Y se reunirán contra ti una multitud, te apedrearán y te herirán con sus espadas.
Woana ame aɖewo natso ɖe ŋuwò. Ame siawo aƒu kpe wò, eye woafli wò kple woƒe yiwo.
41 Y te quemarán tus casas, y te castigarán ante los ojos de gran número de mujeres; y pondré fin a tus prostituciones, y ya no pagarás a tus amantes.
Woatɔ dzo wò aƒewo, eye woahe to na wò le nyɔnu geɖewo ŋkume. Matsi wò gbolowɔwɔ nu, eye màgaxe fe na wò ahiãviwo o.
42 Y el furor de mi ira contra ti tendrá fin, y mi celo se alejará de ti, y estaré callado y no estaré enojado más.
Ekema nye dziku ɖe ŋuwò nu abɔbɔ, eye nye ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe aɖe ɖa le ŋuwò. Manɔ anyi bɔkɔɔ: nyemagado dɔmedzoe o.’
43 Porque no has tenido en cuenta los días en que eras joven, pero me has estado perturbando con todas estas cosas; por esta razón haré que el castigo de tus acciones llegue a tu cabeza, dice el Señor Dios, porque has hecho esto malo además de todos tus actos repugnantes.
“Esi mèɖo ŋku wò ɖetugbimeŋkekewo dzi o, ke boŋ nètsɔ nu siawo do dziku nam ta la, mahe nu siwo nèwɔ la va wò ta dzi kokoko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ɖe mètsɔ ŋukpenanuwɔwɔ kpe ɖe wò ŋunyɔnuwɔwɔwo ŋu oa?
44 Mira, en cada dicho común sobre ti se dirá: Como la madre es, también lo es su hija.
“Ame sia ame si doa lo la, ado lo sia tso ŋuwò, ‘Ale si vinɔ le la, nenemae via nyɔnu hã nɔna.’
45 Eres la hija de tu madre, cuya alma aborreció a su marido y a sus hijos; y tú eres la hermana de tus hermanas que aborrecieron sus esposos y sus hijos; tu madre era hitita y tu padre amorreo.
Vavã ènye dawò, ame si do vlo srɔ̃a kple viawo la ƒe vinyɔnu, eye vavã, ènye nɔvinyɔnu na nɔviwò nyɔnuwo, ame siwo do vlo wo srɔ̃ŋutsuwo kple wo viwo. Dawò nye Hititɔ, eye fofowò nye Amoritɔ.
46 Tu hermana mayor es Samaria, que vive a tu izquierda, ella y sus hijas: y tu hermana menor, que vive a tu derecha, es Sodoma y sus hijas.
Nɔviwò nyɔnu tsitsitɔe nye Samaria, ame si nɔ wò anyiehe gome kple via nyɔnuwo. Nɔviwò nyɔnu ɖevitɔ, ame si nɔ miaƒe dziehe lɔƒo kple via nyɔnuwo la nye Sodom.
47 Aún no has andado en sus caminos o has hecho las cosas repugnantes que han hecho; pero, como si eso fuera solo una pequeña cosa, has profundizado más en el mal que ellos en todos tus caminos.
Mienɔ agbe abe woawo ene ɖeɖe ko o, eye miewɔ woƒe ŋukpenanuwo hã ko o, ke boŋ le miaƒe wɔnawo katã me la, èwɔ nu vlowo wu woawo gɔ̃ hã.
48 Por mi vida, dice el Señor, Sodoma que tu hermana nunca hizo, ella o sus hijas, lo que tú y tus hijas han hecho.
Aƒetɔ Yehowae gblɔ be, ‘Zi ale si mele agbe la, nɔviwò nyɔnu Sodom kple via nyɔnuwo mewɔ nu si wò kple viwò nyɔnuwo miewɔ o.’
49 En verdad, este fue el pecado de tu hermana Sodoma: el orgullo, una gran cantidad de comida y abundancia de ociosidad, se vieron en ella y sus hijas, y ella no brindó ayuda a los pobres ni a los demás en necesidad.
“Kpɔ ɖa, nɔviwò nyɔnu, Sodom ƒe nu vɔ̃e nye, eya kple via nyɔnuwo dana, ɖua nutsu, naneke mekaa wo o. Womekpena ɖe ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu o.
50 Estaban llenos de orgullo e hicieron lo que me repugnaba; y cuando lo vi, las aparte.
Ale wodo wo ɖokuiwo ɖe dzi, eye wowɔ ŋukpenanuwo le nye ŋkume. Eya ta meɖe wo ɖa abe ale si miekpɔe ene.
51 Y Samaria no ha cometido la mitad de tus pecados; pero has hecho que el número de tus actos repugnantes sea mayor que el de ellas, haciendo que tus hermanas parezcan más rectas que tú por todas las cosas repugnantes que has hecho.
Samaria mewɔ nu vɔ̃ siwo nèwɔ la ƒe afã o. Èwɔ ŋukpenanuwo wu woawo, eye miena mia nɔvinyɔnuwo dze ame dzɔdzɔewo to nu siwo katã nèwɔ la me.
52 Tú también, lleva tu vergüenza en tus pecados, juzgado a tus hermanas; a través de tus pecados que hiciste; son más asquerosos que los de ellas, son más rectas que tú; en verdad, serás avergonzada y abatida, porque has hecho que tus hermanas parezcan más justas.
Eya ta de ta wò ŋukpe te, elabena ètso afia na nɔviwò nyɔnuawo. Esi wò nu vɔ̃wo vɔ̃ɖi wu woawo tɔ ta la, wodze ame dzɔdzɔewo wu wò.
53 Y dejaré que se vuelvan los cautivos, los cautivos de Sodoma y sus hijas, los cautivos de Samaria y sus hijas, y haré volver los cautivos de cautiverio entre ellas.
“‘Ke magaɖo Sodom kple via nyɔnu ƒe dzɔgbenyui te, kpe ɖe Samaria kple via nyɔnuwo tɔ kple wò ŋutɔ tɔ hã ŋu,
54 Para que lleves tu confusión y te avergüences por todo lo que has hecho, siendo tú motivo de consuelo.
ale be nàtsɔ wo vlodoame, eye ŋu nakpe wò le nu siwo katã nèwɔ hena akɔfafa na wo ta.
55 Y sus hermanas, Sodoma y sus hijas, volverán a su primera condición, y Samaria y sus hijas volverán a su primera condición, y tu y tus hijas volverán a su primera condición.
Eye nɔviwò nyɔnuwo, Sodom kple via nyɔnuwo kple Samaria kple via nyɔnuwo woagatrɔ azu nu siwo wonye tsã, eye wò kple viwòwo hã miagatrɔ azu nu siwo mienye kpɔ.
56 ¿No fue tu hermana Sodoma un juramento en tu boca en el día de tu orgullo,
Màyɔ nɔviwò nyɔnu Sodom ƒe ŋkɔ le wò dadaɣi,
57 ¿Antes de que tu vergüenza fuera descubierta? Ahora te has vuelto como ella, una palabra de vergüenza para las hijas de Edom y todos los que te rodean, las hijas de los filisteos que te desprecian.
hafi woava klo nu le wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu o. Azɔ la, èzu Edom ƒe vinyɔnuwo kple ame siwo ƒo xlã wo kple Filistitɔwo ƒe vinyɔnuwo ƒe vlodonu, ame siwo katã ƒo xlã wò, eye wodo vlo wò.
58 La recompensa de tus malvados propósitos y tus asquerosos caminos ha llegado a ti, dice el Señor.
Àde ta wò ŋukpenanuwɔnawo kple wò ŋunyɔnuwo ƒe yomedzenu te.’” Yehowae gblɔe.
59 Porque esto es lo que el Señor ha dicho: te haré como tú lo has hecho, tú que, haciendo el juramento a un lado, has dejado que se rompa el pacto.
“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Matu nu kple wò abe ale si dze wò ene, elabena èdo vlo nye atam to nye nubabla tutu me.
60 Pero aún así tendré en mente el acuerdo hecho contigo en los días en que eras joven, y haré contigo un pacto eterno.
Ke maɖo ŋku nubabla si mewɔ kpli wò le wò ɖetugbimeŋkekewo me la dzi, eye mawɔ nubabla mavɔ kple wò.
61 Entonces, al recordar tus caminos, te verás superado por la vergüenza, cuando recibas a tus hermanas, las mayores y las más jóvenes, y te las entregue por hijas, pero no por tu pacto.
Ekema àɖo ŋku wò mɔwo dzi, eye ŋu akpe wò ne èkpɔ nɔviwò nyɔnu siwo tsi wu wò kple esiwo nètsi wu hã. Matsɔ wo ana wò abe viwò nyɔnuwo ene, gake menye ɖe nubabla si mewɔ kple wò la dzi o.
62 Y haré mi pacto contigo; y sabrás que yo soy el Señor Dios.
Ale mabla nu kple wò, eye nànya be nyee nye Yehowa.
63 Para que, en el recuerdo de estas cosas, te avergüences, nunca abras la boca por tu vergüenza; Cuando tengas mi perdón por todo lo que has hecho, dice el Señor Dios.
Ekema ne metsɔ nu vɔ̃ siwo katã nèwɔ ke wò la, àɖo ŋku edzi, eye ŋu akpe wò, màgake nu azɔ o le wò ŋukpe ta.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

< Ezequiel 16 >