< Salmos 57 >

1 Ten misericordia de mí, o! Dios, ten misericordia de mí; porque en ti ha confiado mi alma, y en la sombra de tus alas me ampararé, hasta que pasen los quebrantamientos.
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. Ekpa ha sia esi wòsi le Saul nu yi ɖabe ɖe agado aɖe me. Kpɔ nye nublanui, O! Mawu, kpɔ nye nublanui, elabena wò mee nye luʋɔ kpɔ sitsoƒe le. Wò aʋala ƒe vɔvɔli te mabe ɖo va se ɖe esime gbegblẽ la nu nava yi.
2 Clamaré al Dios Altísimo, al Dios que me galardona.
Mawu, Dziƒoʋĩtɔ lae medo ɣli na, Mawu si wɔa ɖoɖo si wòwɔ ɖe ŋunye la dzi.
3 El enviará desde los cielos, y me salvará de la afrenta de él que me traga. (Selah) Dios enviará su misericordia y su verdad.
Edɔ xɔnametɔ tso dziƒo, eye wòxɔ nam heka mo na ame siwo le yonyeme tim kutɔkutɔe. (Sela) Mawu dɔ eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nuteƒewɔwɔ ɖa.
4 Mi vida está entre leones: estoy echado entre hijos de hombres que echan llamas: sus dientes son lanza y saetas, y su lengua espada aguda.
Mele dzatawo dome, memlɔ lã lénuwo dome, amegbetɔ siwo ƒe aɖuwo nye akplɔwo kple aŋutrɔwo, eye woƒe aɖewo nye yi ɖaɖɛwo.
5 Ensálzate sobre los cielos, o! Dios: sobre toda la tierra se ensalce tu gloria.
Medo wò ɖe dzi, O Mawu, gbɔ dziƒowo ŋu, na wò ŋutikɔkɔe naklẽ ɖe anyigba blibo la dzi.
6 Red han compuesto a mis pasos, mi alma se ha abatido: hoyo han cavado delante de mí, caigan en medio de él. (Selah)
Woɖo ɖɔ ɖi na nye afɔ, ena mete ɖe anyi kple nuxaxa. Woɖe ʋe ɖe mɔ dzi nam, gake woawo ŋutɔ ge dze eme. (Sela)
7 Aparejado está mi corazón, o! Dios, aparejado está mi corazón: cantaré, y diré salmos.
Nye dzi li ke sesĩe, O Mawu, nye dzi li ke sesĩe, eya ta madzi ha aƒo saŋku.
8 Despierta, o! gloria mía, despierta salterio y arpa; levantarme he de mañana.
Nyɔ, nye luʋɔ! Nyɔ, kasaŋku kple gasaŋku! Mana fɔŋli nanyɔ!
9 Alabarte he en los pueblos, o! Señor, cantaré de ti en las naciones:
O! Aƒetɔ, makafu wò le dukɔwo dome, eye madzi ha na wò le dukɔwo dome,
10 Porque grande es hasta los cielos tu misericordia, y hasta las nubes tu verdad.
elabena wò lɔlɔ̃ keke ta, yi ɖatɔ dziƒo ke, eye wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli.
11 Ensálzate sobre los cielos, o! Dios; sobre toda la tierra se ensalce tu gloria.
Medo wò ɖe dzi, O Mawu, gbɔ dziƒowo ŋu, na wò ŋutikɔkɔe naklẽ ɖe anyigba blibo la dzi.

< Salmos 57 >