< Jeremías 51 >

1 Yavé dice: Ciertamente Yo envío un viento destructor contra Babilonia y contra sus habitantes que se levantan contra Mí.
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maʋã nugblẽla aɖe ƒe gbɔgbɔ ɖe Babilonia kple ame siwo le Leb Kamai ŋuti.
2 Enviaré aventadores contra Babilonia que la aventarán y vaciarán su tierra. Estarán contra ella en el día de su aflicción y en todo su alrededor.
Madɔ amedzrowo ɖo ɖe Babilonia be woagbɔe abe lu ene, eye woatsrɔ̃ eƒe anyigba. Woatsi tsitre ɖe eŋu le go sia go me le eƒe gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.
3 Que no se vaya el arquero ni se retire el que se cubre con la coraza. No perdonen a sus jóvenes. Exterminen a todo su ejército.
Mègana woƒe aŋutrɔdala nagahe eƒe dati me alo atsɔ eƒe akpoxɔnu ado o. Mègakpɔ nublanui na eƒe ɖekakpuiwo o, ke boŋ tsrɔ̃ eƒe aʋakɔ la keŋkeŋkeŋ.
4 Caigan muertos en la tierra de los caldeos y sean alanceados en sus calles,
Woadze anyi aku ɖe Babilonia eye woaxɔ abi vevie le eƒe ablɔwo dzi.
5 porque Israel y Judá no están viudas de su ʼElohim, de Yavé de las huestes, aunque su tierra esté llena de pecado contra el Santo de Israel.
Elabena Israel kple Yuda ƒe Mawu la Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, megbe wo o, togbɔ be woƒe anyigba la yɔ fũu kple nu vɔ̃ le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe ŋkume hã.
6 Huyan de en medio de Babilonia, y cada uno salve su vida. No sean destruidos en el castigo a ella. Porque es tiempo de venganza de Yavé. Él va a darle su retribución.
“Misi tso Babilonia! Si ne nàɖe wò agbe! Womegatsrɔ̃ wò le eƒe nu vɔ̃wo ta o. Ɣeyiɣi de na Yehowa ƒe hlɔ̃biabia, axe fe si dzee la nɛ.
7 Babilonia fue una copa de oro en la mano de Yavé que embriagó a toda la tierra. Las naciones bebieron de su vino. Por tanto están enloquecidas.
Babilonia nye sikakplu le Yehowa ƒe asi me, eye wòna xexea me katã mu aha. Dukɔwo no eƒe wain, eya ta fifi laa la, wo katã wodze aɖaʋa.
8 ¡Babilonia cae de repente y es quebrantada! Giman por ella. Tomen bálsamo para su herida. Tal vez pueda ser sanada.
Babilonia adze anyi kpata, eye woagbã gudugudu. Fa avi sesĩe ɖe eta! Di dɔyɔmi na eƒe vevesese, ɖewohĩ akpɔ dɔyɔyɔ.
9 Quisimos sanar a Babilonia, pero no sanó. Abandónenla. Vayamos cada uno a nuestra tierra, porque su castigo llega hasta el cielo. Se levanta hasta las nubes.
“‘Anye ne míeyɔ dɔ Babilonia, gake womate ŋu ayɔ dɔe o; mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nayi eƒe du me, agblẽe ɖi, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖatɔ dziƒo, eye wòkɔ abe lilikpo ene.’
10 Yavé produjo nuestra vindicación. ¡Vayamos, anunciemos en Sion las proezas de Yavé nuestro ʼElohim!
“‘Yehowa tso afia na mí, miva, míaɖe gbeƒã nu si Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ le Zion.’
11 ¡Afilen las flechas y embracen el escudo! Yavé incita el espíritu de los reyes de Media, cuyo plan es destruir a Babilonia. Porque la retribución de Yavé es la venganza de su Templo destruido.
“Minyre aŋutrɔwo, mitsɔ akpoxɔnuwo! Yehowa de adã ta me na Media fiawo elabena eƒe taɖodzinue nye be wòatsrɔ̃ Babilonia. Yehowa abia hlɔ̃, abia hlɔ̃ na eƒe gbedoxɔ.
12 ¡Alcen bandera contra los muros de Babilonia! ¡Refuercen la guardia, pongan centinelas y dispongan celadas! Porque Yavé no solo propone, sino ejecuta lo que habló contra los habitantes de Babilonia.
Mikɔ aflaga dzi ɖe Babilonia ƒe gliwo ŋu! Miyɔ dzɔla bubuwo vɛ va kpe esiwo li xoxo, miɖo gbetakpɔlawo wo nɔƒe, eye mina amewo nade xa ɖi na wo. Yehowa awɔ ɖe nu si wòɖo la dzi, awɔ nu siwo wògblɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ŋuti la dzi.
13 ¡Oh tú que vives junto a muchas aguas, y abundas en tus riquezas! Tu fin llega, la medida de tu fin.
Mi ame siwo le tɔsisi geɖewo to eye kesinɔnu geɖewo le mia si, miaƒe nuwuwu ɖo, ɣeyiɣi de be woatsrɔ̃ mi,
14 Yavé de las huestes juró por Él mismo: Aunque tu población sea más que las langostas, sobre ti alzan los gritos de victoria.
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ta eɖokui ƒe agbe be: Mana amewo nayɔ mewò fũu abe ʋetsuviwo ƒe ha wonye ene, eye woado dziɖuɖu ƒe ɣli ɖe tawò.
15 Él hizo la tierra con su poder. La estableció con su sabiduría y extendió los cielos con su entendimiento.
“Eƒe ŋusẽ wòtsɔ wɔ anyigbae; eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me, eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee.
16 Las aguas en los cielos retumban a su trueno. Eleva las nubes desde el horizonte. Desata la lluvia con relámpagos y saca el viento de sus depósitos.
Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.
17 Todo hombre se embrutece por falta de conocimiento. Todo orfebre se avergüenza de su ídolo porque sus ídolos de fundición son un engaño, y no hay aliento en ellos.
“Amegbetɔwo katã nye movitɔwo eye nunya mele tagbɔ na wo o. Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ. Eƒe legbawo nye beble elabena agbe mele wo me o.
18 Son vanos, obra digna de burla. Ellos perecerán en el tiempo de su castigo.
Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye, ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃.
19 No es así la herencia de Jacob, porque Él es el Creador de todas las cosas. Israel es la tribu de su heredad. Su nombre es Yavé de las huestes.
Ke ame si nye Yakob ƒe gome la mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nuwo katã wɔla eye eya kee wɔ dukɔ si nye eƒe domenyinu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
20 Tú fuiste mi mazo y mis armas de guerra: Por medio de ti quebranté naciones, aniquilé reinos,
“Aʋawɔkpo kple aʋawɔnu nènye nam, wòe metsɔ kaka dukɔwoe, wòe metsɔ tsrɔ̃ fiaɖuƒewoe.
21 destrocé caballos y jinetes, destrocé el carruaje de guerra y al que lo conduce,
Wòe metsɔ kaka sɔ kple sɔdolae, wòe metsɔ kaka tasiaɖam kple ekulae.
22 quebranté hombres y mujeres, quebranté al anciano y al niño, quebranté al joven y a la doncella,
Wòe metsɔ kaka ŋutsu kple nyɔnue; wòe metsɔ kaka ame tsitsiwo kple sɔhɛwoe, wòe metsɔ kaka ɖekakpui kple ɖetugbie.
23 quebranté al pastor y al rebaño, quebranté al labrador y su yunta, y quebranté gobernadores y magistrados.
Wòe metsɔ kaka alẽkplɔla kple alẽha lae, wòe metsɔ kaka agbledela kple eƒe nyiwoe eye wòe metsɔ kaka mɔmefiawo kple woƒe dɔdzikpɔlawoe.
24 Pero ahora pagaré a Babilonia y a todos los caldeos todo el mal que hicieron a Sion en presencia de él, dice Yavé.
“Le miaƒe ŋkume maxe fe na Babilonia kple Babilonianɔlawo katã, ɖe nu gbegblẽ siwo katã wova wɔ le Zion la ta.” Yehowae gblɔe.
25 En verdad Yo estoy contra ti, oh volcán destructor, que destruyó toda la tierra, dice Yavé. Extenderé contra ti mi brazo y te echaré a rodar por las peñas. Serás un volcán extinguido.
Yehowa be, “Metso ɖe ŋuwò, O, wò to nugblẽla, wò si gblẽ xexea me katã. Mado nye asi ɖe gbɔwò, atu asi wò nàmli age tso to dzi adze anyi eye mawɔ wò abe to si dzo bi la ene.
26 No tomarán piedra angular de ti, ni piedra para cimientos. Porque serás una desolación perpetua, dice Yavé.
Womagaɖe kpe aɖeke le mewò atsɔ wɔ dzogoedzikpe alo gɔmeɖokpee o elabena àzu gbegbe tegbee.” Yehowae gblɔe.
27 Alcen estandarte en la tierra. Toquen trompeta entre las naciones. Convoquen a la guerra santa. Convoquen contra ella los reinos de Ararat, de Mini y de Asquenaz. Designen contra ella un capitán. Suban caballos como langostas erizadas.
“Kɔ aflaga dzi le anyigba la dzi! Ku kpẽ la le dukɔwo dome! Dzra dukɔwo ɖo woakpe aʋa kplii. Yɔ fiaɖuƒe siawo woava sɔ ɖe eŋu, Ararat, Mini kple Askenaz. Ɖo aʋafia ɖe eŋu, eye nàdɔ sɔ siwo sɔ gbɔ abe ʋetsuviwo ene la ɖe eŋu.
28 Consagren a las naciones contra ella, a los reyes de Media con sus oficiales y todos sus magistrados, y toda la tierra de su dominio.
Dzra dukɔwo ɖo ne woakpe aʋa kplii. Media fiawo, woƒe dziɖulawo, woƒe dɔnunɔlawo katã kple dukɔ siwo katã dzi ɖum wole la nakpe aʋa kplii.
29 Tiembla la tierra y se aflige, porque todos los planes de Yavé contra Babilonia son confirmados para convertir su tierra de Babilonia en una desolación despoblada.
Anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanya elabena Yehowa ƒe ɖoɖowo ɖe Babilonia ŋu le te be, wòado gbegbe Babilonianyigba ale be ame aɖeke maganɔ edzi akpɔ o.
30 Los valientes de Babilonia dejan de luchar. Se quedan en sus fortalezas. Su fuerza está exhausta. Son como mujeres. Sus casas están quemadas, rotos los cerrojos de sus puertas.
Babilonia ƒe kalẽtɔwo dzudzɔ aʋawɔwɔ eye wotsi woƒe mɔ sesẽwo me. Ŋusẽ vɔ le wo ŋu, eye wole ko abe nyɔnuwo ene. Wotɔ dzo eƒe nɔƒewo eye woŋe eƒe agbometiwo.
31 Un corredor releva a otro. Un mensajero releva a otro para anunciar al rey de Babilonia que su ciudad fue totalmente capturada:
Duƒula kplɔ duƒula ɖo eye dɔtsɔla kplɔ dɔtsɔla ɖo ne woaɖagblɔ na Babilonia fia be, woxɔ eƒe du la
32 Los vados fueron tomados. Las fortificaciones fueron incendiadas. Los guerreros están consternados.
kple tɔtsoƒewo hetɔ dzo simenyigba eye ŋɔdzi lé asrafoawo.”
33 Yavé de las huestes, ʼElohim de Israel, dice: La hija de Babilonia era un granero en tiempo de trilla. Dentro de poco le viene el tiempo de la cosecha.
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Babilonia vinyɔnu le abe lugbɔƒe si le lalam la ene; eye esusɔ vie nuŋeɣi naɖo nɛ.”
34 Me devoró. Me aplastó Nabucodonosor, rey de Babilonia. Me dejó como vasija vacía. Me tragó como un monstruo. Llenó su estómago con mis mejores bocados y me echó fuera.
“Babilonia fia, Nebukadnezar vuvu mí, de tɔtɔ mía dome eye wòwɔ mí míele abe tsizɔ ƒuƒluwo ene. Emi mí abe ʋɔ ene, eye wòtsɔ míaƒe nu viviwo ɖi ƒoe na eɖokui, emegbe etu mí ƒu gbe.
35 Diga la población de Sion: Que mi carne pisoteada caiga sobre Babilonia. Diga Jerusalén: Que mi sangre derramada caiga sobre los caldeos.
Ŋuta si Babilonia sẽ le míaƒe ŋutilãwo ŋuti la neva edzi. Zion nɔlawoe gblɔe.” “Míaƒe ʋu neva Babilonianɔlawo ƒe ta dzi.” Yerusalemtɔwoe gblɔe.
36 Por tanto Yavé dice: Ciertamente Yo defenderé tu causa y ejecutaré completa venganza por ti. Secaré su mar y secaré sus manantiales.
Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, maʋli tawò eye mabia hlɔ̃ na wò. Mana eƒe atsiaƒu namie ƒiaƒiaƒia eye eƒe vudowo me naƒu kplakplakpla.
37 Babilonia será una pila de escombros, guarida de chacales, sin habitante, objeto de horror y burla.
Babilonia azu anyiglago, amegãxiwo nɔƒe eye wòazu ŋɔdzinu kple fewuɖunu, teƒe si ame maganɔ akpɔ o.
38 Todos juntamente rugirán como leones. Gruñirán como cachorros de león.
Eƒe amewo katã le gbe ɖem abe dzatawo ene eye wole gbe tem abe dzataviwo ene.
39 En medio de su calor les serviré banquete para que se embriaguen y estén alegres. Dormirán el sueño eterno y no despertarán, dice Yavé.
Ke ne dzo ɖo lãme na wo vɔ keŋ la, maɖo nuɖukplɔ̃ na wo, eye mana woamu aha, ale gbegbe be woado ɣli anɔ nu kom xaxaxa, emegbe woadɔ alɔ̃ tegbee, eye womanyɔ akpɔ o.” Yehowae gblɔe.
40 Los bajaré como ovejas al matadero, como carneros y machos cabríos.
“Mana woakplɔ wo vɛ abe alẽviwo, agbowo kple gbɔ̃wo ene ayi wuwu ge.
41 ¡Cómo es Babilonia capturada, el orgullo de toda la tierra! ¡Cómo se transforma Babilonia en una desolación entre las naciones!
“Aleke woahalé Sesak eye asi asu anyigba blibo la ƒe adegbeƒola dzi! Aleke Babilonia azu ŋɔdzinu le dukɔwo dome!
42 El mar subió sobre Babilonia, y la inundó con sus tumultuosas olas.
Atsiaƒu aɖɔ agbagba ɖe Babilonia dzi eƒe ƒutsotsoe dzeagbowo aŋe atsyɔ edzi.
43 Sus ciudades quedan desoladas, como tierra seca y desierta, tierra donde nadie vive, donde no pasa algún hombre.
Eƒe duwo azu aƒedo, kuɖiɖinyigba, dzogbenyigba kple anyigba si dzi ame maganɔ alo mɔzɔla aɖe nato ayi o.
44 Castigo a Bel en Babilonia y saco el bocado de su boca. Las naciones ya no acudirán a él. Hasta el muro de Babilonia se desploma.
Mahe to na Bel le Babilonia eye mana wòaɖe nu si wòmi. Dukɔwo magaƒo zi ayi egbɔ o eye Babilonia ƒe gliwo amu adze anyi.
45 ¡Salga fuera de ella, pueblo mío! ¡Sálvese cada uno de ustedes de la ardiente ira de Yavé!
“Nye amewo, mido le wo dome! Misi kple du ne miaɖe miaƒe agbe! Misi le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ la nu.
46 No desmaye su corazón, ni tema a causa del informe que se oye en la tierra. Un año viene un rumor y el otro año otro rumor. Habrá violencia en la tierra, gobernante contra gobernante.
Ne nyawo le ɖiɖim le anyigba dzi, ƒe sia me miese be ale, eye ƒe kemɛ me wobe ale, ne miese ŋutasesẽ le anyigba dzi, eye dziɖula tso ɖe dziɖula ŋu la, dzi megaɖe le mia ƒo alo miavɔ̃ o.
47 Porque ciertamente vienen días cuando Yo castigaré los ídolos de Babilonia, y toda su tierra será avergonzada. Los asesinados estarán tendidos en medio de ella.
Elabena ɣeyiɣi li gbɔna, esi mahe to na Babilonia legbawo godoo eye ŋukpe alé eƒe anyigba blibo la ale be eƒe Ame tsiaʋawo akaka ɖe anyigba blibo la dzi.
48 Entonces el cielo y la tierra y todo lo que hay en ellos gritarán de júbilo sobre Babilonia, porque los destructores vienen sobre ella desde el norte, dice Yavé.
Ekema dziƒo kple emenuwo kple anyigba kple edzinuwo katã ado ɣli kple dzidzɔ ɖe Babilonia ŋu, elabena nugblẽlawo atso anyiehe ava ƒo ɖe edzi.” Yehowae gblɔe.
49 En verdad Babilonia cae por causa de los que asesinó en Israel, como también por causa de los que cayeron muertos por Babilonia en toda la tierra.
“Abe ale si Israel kple anyigba bubuwo dzi tɔwo tsi aʋae le Babilonia ta ene la, nenema wòle na eya hã be wòamu adze anyi.
50 Los que escaparon de la espada, salgan, no se detengan. Invoquen a Yavé desde lejos. Que Jerusalén ocupe sus pensamientos.
Mi ame siwo si le yi nu, midzo, migatɔ ɖi o! Miɖo ŋku Yehowa dzi le didiƒenyigba dzi eye mibu Yerusalem ŋu.”
51 Estamos avergonzados, porque oímos el reproche. La confusión cubre nuestras caras, porque los extranjeros entraron en el Santuario de la Casa de Yavé.
“Wodo ŋukpe mí elabena wodzu mí eye ŋukpe tsyɔ míaƒe mowo, elabena amedzrowo ge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe teƒe kɔkɔewo.”
52 Por tanto, ciertamente vienen días, dice Yavé, cuando Yo destruiré sus ídolos, y los heridos mortalmente gemirán por toda su tierra.
Yehowa be, “Gake ŋkekewo li gbɔna esi mahe to na eƒe legbawo eye abixɔlawo anɔ ŋeŋem le eƒe anyigba blibo la dzi.
53 Aunque Babilonia suba hasta el cielo, y se fortifique en las alturas, de mi parte le vienen los que la despojan, dice Yavé.
Ne Babilonia kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòglã eƒe mɔ kɔkɔwo gɔ̃ hã la, madɔ nugblẽlawo ɖe eŋu.” Yehowae gblɔe.
54 ¡Sonido de un gran clamor desde Babilonia, de gran destrucción en tierra de los caldeos!
“Avi le ɖiɖim tso Babilonia, gbegblẽ ƒe ɣli gã aɖe le ɖiɖim tso Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi.
55 Porque Yavé destruye a Babilonia y quita de ella su gran jactancia. Las olas de ellos rugen como muchas aguas, al estruendo que sale de las voces de ellos.
Yehowa atsrɔ̃ Babilonia, eye wòatsi eƒe hoowɔwɔ nu. Abe ale si ƒutsotsoewo ɖea gbee ne ƒu dze agbo ene la, nenema futɔwo ƒe gbe aɖii ne wova ƒo ɖe edzi.
56 Porque el destructor llega contra ella, contra Babilonia. Sus valientes son apresados y sus arcos destrozados, porque Yavé es un ʼElohim de retribuciones. Él retribuirá por completo.
Nugblẽla aɖe ava ƒo ɖe Babilonia dzi eye wòalé eƒe kalẽtɔwo, ahaŋe woƒe dawo elabena Mawu, nuteƒeɖolae nye Yehowa, aɖo eteƒe na wo wòade pɛpɛpɛ.
57 Promoveré que sus oficiales, sus gobernantes, sus sabios, sus magistrados y sus poderosos se embriaguen y duerman un sueño eterno, del cual no despertarán, dice el Rey, cuyo Nombre es Yavé de las huestes.
Mana woƒe dɔnunɔlawo kple woƒe nunyalawo namu aha, nenema kee nye woƒe dziɖulawo, dudɔnunɔlawo kple kalẽtɔwo siaa; woadɔ alɔ̃ tegbee eye womaganyɔ gbeɖe o.” Fia si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
58 Yavé de las huestes dice: Los anchos muros de Babilonia son totalmente derribados. Sus altos portones son destruidos con fuego. En vano trabajaron los pueblos. Las naciones se esforzaron solo para el fuego.
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Woagbã Babilonia ƒe glikpɔ sesẽ la gudugudu eye woatɔ dzo eƒe agbo kɔkɔ la, emenɔlawo ka hiã wo ɖokuiwo yakatsyɔ eye dukɔwo ƒe agbagbadzedze zu ami si kɔm wole ɖe dzoa me.”
59 Mensaje que el profeta Jeremías envió a Seraías, hijo de Nerías, hijo de Maasías, cuando iba con Sedequías, rey de Judá, a Babilonia en el cuarto año de su reinado. Seraías era el jefe de alojamiento.
Esia nye gbedeasi si Yeremia tsɔ na dɔnunɔlagã Seraya, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, esi wòyi ɖe Babilonia kple Yuda fia Zedekia, le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me.
60 Jeremías escribió en un rollo toda la aflicción que vendría sobre Babilonia, todas estas palabras escritas con respecto a Babilonia.
Yeremia ŋlɔ gbegblẽ siwo katã ava Babilonia dzi la ɖe lãgbalẽ dzi eye wonye nyaŋlɔɖiwo tso Babilonia ŋuti.
61 Jeremías dijo a Seraías: Cuando llegues a Babilonia, y veas y leas todas estas cosas,
Egblɔ na Seraya be, “Kpɔ egbɔ be yexlẽ nya siawo kple ɣli ne mieva ɖo Babilonia.
62 dirás: Oh Yavé, Tú hablaste contra este lugar para destruirlo, hasta que no quede habitante, ni hombre ni animal en él, sino que sea una desolación para siempre.
Emegbe nàgblɔ be, ‘O Yehowa, ègblɔ be yele teƒe sia tsrɔ̃ ge ale gbegbe be amegbetɔwo alo lãwo manɔ anyi o; azu aƒedo tegbetegbee.’
63 Cuando termines de leer este rollo, átale una piedra y lánzalo en medio del Éufrates,
Ne èxlẽ lãgbalẽ sia me nyawo vɔ la, tsɔ kpe bla ɖe lãgbalẽ la ŋuti eye nàtsɔe aƒu gbe ɖe Frat tɔsisi la me.
64 y dirás: Así se hundirá Babilonia. No se volverá a levantar por la aflicción que Yo envío contra ella, y ellos quedarán exhaustos. Aquí terminan las palabras de Jeremías.
Ekema nàgblɔ be, ‘Alea Babilonia adze toe eye magaho ɖe dzi akpɔ o, le gbegblẽ si mahe va edzii la ta. Eƒe amewo hã atsi aʋa.’” Yeremia ƒe nyawo wu nu ɖe afii.

< Jeremías 51 >