< Ezequiel 24 >
1 El año noveno, el mes décimo, a los diez días del mes, la Palabra de Yavé vino a mí:
Le ƒe asiekelia ƒe ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia gbe la, Yehowa ƒe nya va nam be,
2 Hijo de hombre, escribe la fecha de este día, pues en este mismo día el rey de Babilonia sitió a Jerusalén.
“Ame vi, ŋlɔ ŋkeke sia, ŋkeke sia tututu da ɖi, elabena Babilonia fia ɖe to ɖe Yerusalem le ŋkeke sia tututu dzi.
3 Habla una parábola a la casa rebelde: ʼAdonay Yavé dice: Pon la olla, colócala, y echa agua en ella.
Do lo aɖe na ƒome dzeaglã la me tɔwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si.’ “Tsɔ nuɖaze la ɖo dzo dzi, tsɔe ɖo dzo dzi, eye nàku tsi ɖe eme.
4 Echa los trozos que te pertenecen en ella: trozos selectos, la pierna y la espaldilla. Llénala de huesos escogidos.
Tsɔ lã la de ze la me. Tsɔ eƒe akpa xɔasitɔwo, lãkɔ nyuitɔwo katã kpe ɖe ata kple abɔgba ŋuti. Na be ze la nayɔ fũu kple lã la ƒe akpa siawo ƒe ƒu nyuitɔwo.
5 Toma lo mejor del rebaño. Apila la leña debajo de la olla para que hierva bien. Cocina sus huesos dentro de ella.
Tsɔ wò lã nyuitɔ tso lãha la me, eye nàde nake ete hena ƒuawo ɖaɖa. Na tsi la nafie, eye nàɖa ƒuawo le eme.
6 Pues ʼAdonay Yavé dice: ¡Ay de la ciudad sanguinaria, de la oxidada olla de cocinar cuyo óxido no despega! Vacíala poco a poco. No eches suerte sobre ella
“Elabena aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. “Babaa na hlɔ̃dodu la, babaa na nuɖaze si lé ɣebia, eye ɣebialéle maɖe ɖa le eŋu o! Ɖe lãkɔawo ɖeka ɖeka le ze la me, gake mègadzidze nu ɖe wo dzi o.
7 porque su sangre está dentro de ella. La derramó sobre una roca lisa, no sobre la tierra para que el polvo la cubriera,
“Elabena ʋu si wòkɔ ɖi la le edome. Ekɔe ɖe agakpe ƒuƒlu dzi, mekɔe ɖe anyigba dzi, afi si ʋuʋudedi atsyɔ edzi le o.
8 a fin de causarme furor y llegue a vengarme. Yo puse su sangre en roca lisa para que no sea cubierta.
Be nye dziku nafla, eye mabia hlɔ̃ ta la, mekɔ eƒe ʋu ɖe agakpe ƒuƒlu dzi, ale be ʋuʋudedi matsyɔ edzi o.
9 Por tanto ʼAdonay Yavé dice: ¡Ay de la ciudad sanguinaria! Yo también haré la hoguera grande.
“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, “Babaa na du si me ʋukɔkɔɖi le. Nye hã mali kɔ nake wòakɔ.
10 Apilen la leña y enciendan el fuego para cocinar bien la carne. Cocinen la carne, hagan la salsa y quemen los huesos.
Eya ta fɔ nake da ɖe nakekɔ la dzi, eye nàdo dzo. Ɖa lã la nyuie, nàde detsiƒonu ʋeʋĩwo eme, eye nàna ƒuawo nafia.
11 Luego pónganla vacía sobre las brasas para que el cobre se caliente y brille, su impureza se derrita y su óxido se consuma.
Ekema nàtsɔ ze ƒuƒlu la da ɖe dzokawo dzi va se ɖe esime wòaxɔ dzo nyuie, eye eƒe akɔbli naklẽ, ale be eƒe nu makɔmakɔwo nalolo, eye etenuwo nafia.
12 Pero vano es el esfuerzo, pues no salió de ella su mucho óxido. Solo en el fuego será consumido su óxido.
Ena agbagbadzedzewo katã zu dzodzro; womeɖe nu siwo ɖo aƒa titri ɖe ete la ɖa kple dzo gɔ̃ hã o.
13 Hay perversidad en tu impureza, porque intenté purificarte, pero no estás purificada. No serás purificada de tu impureza hasta que Yo descargue mi furor sobre ti.
“‘Azɔ la, wò nu makɔmakɔe nye ŋukpenanuwɔwɔ. Esi medze agbagba be makɔ ŋuwò, ke esi mèna be woakɔ ŋuwò le wò makɔmakɔnyenye me o ta la, màgakɔ azɔ o va se ɖe esime nye dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe ŋuwò nu nabɔbɔ.
14 Yo, Yavé, hablé. Se cumplirá. Yo lo cumpliré. No retrocederé ni me compadeceré ni me pesará. Te juzgarán según tu conducta y según tus obras, dice ʼAdonay Yavé.
“‘Nye Yehowae ƒo nu. Ɣeyiɣi la ɖo be mawɔ edzi. Nyematɔ o, eye nyemakpɔ nublanui loo alo adzudzɔ nu si meɖo la wɔwɔ o. Woadrɔ̃ ʋɔnu wò le wò nɔnɔme kple wɔnawo nu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’”
15 La Palabra de Yavé vino a mí:
Yehowa ƒe nya va nam be,
16 Hijo de hombre, mira, voy a quitarte de golpe el deleite de tus ojos. No lamentes, ni llores, ni corran tus lágrimas.
“Ame vi, mele nu si doa dzidzɔ na wò ŋkuwo la ɖe ge ɖa kpata. Ke mègafa konyi alo afa avi loo alo ana wò aɖatsi nado o.
17 Gime en silencio, no hagas el lamento por los muertos, átate el turbante y ponte las sandalias en tus pies. No te cubras el labio ni comas pan de duelo.
Ɖe hũu ɖɔɖɔɖɔ; mègafa ame kukuwo o. Sa wò tablanu sesĩe, eye nàdo wò tokota; mègatsɔ nu bla wò glã loo alo nàɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o.”
18 Por tanto hablé al pueblo por la mañana, y al llegar la noche murió mi esposa. En la mañana hice como me fue mandado.
Ale meƒo nu na ameawo le ŋdi me, eye le fiẽ me la, srɔ̃nye ku. Esi ŋu ke ŋdi la, mewɔ nu si Yehowa ɖo nam be mawɔ la.
19 El pueblo me decía: ¿No nos dirás qué significan para nosotros estas cosas que haces?
Ameawo biam be, “Màgblɔ nu si nu siawo awɔ kple mí la na mí oa?”
20 Y les contesté: La Palabra de Yavé vino a mí:
Ale megblɔ na wo be, “Yehowa ƒe nya va nam be,
21 Dí a la Casa de Israel: ʼAdonay Yavé dice: Ciertamente voy a profanar mi Santuario, que es la exaltación, la fuerza de ustedes, el deseo de sus ojos y deleite de su alma. Sus hijos y sus hijas que queden caerán a espada.
Gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mele kɔ gblẽ ge ɖo na nye kɔkɔeƒe la, ŋusẽteƒe si dzi miedana ɖo, teƒe si doa dzidzɔ na miaƒe ŋkuwo kple teƒe si mielɔ̃. Viŋutsu kple vinyɔnu siwo miegble ɖi la atsi yinu
22 Entonces harán lo que yo hice. No se cubrirán su labio, ni comerán pan de duelo.
Miawɔ nu si mewɔ. Miatsɔ nu abla glã loo alo aɖu konyifalawo ƒe nuɖuɖu o.
23 Sus turbantes estarán en sus cabezas y sus sandalias en sus pies. No lamentarán ni llorarán, sino desfallecerán en sus iniquidades y gemirán unos con otros.
Mina miaƒe tablanu nanɔ ta na mi, eye miaƒe tokota nanɔ afɔ na mi; miaƒe nu vɔ̃wo ta, eye miaɖe hũu le mia ɖokuiwo dome.
24 Ezequiel les servirá de señal. Ustedes harán todo lo que él hizo. Cuando esto ocurra, sabrán que Yo soy ʼAdonay Yavé.
Hezekiel anye kpɔɖeŋu na mi. Miawɔ nu abe ale si wòwɔ tututu la ene. Ne esia va eme la, mianya be nyee nye Aƒetɔ Yehowa.’
25 Y tú, hijo de hombre, no estarás el día cuando Yo les quite su fortaleza, el gozo de su gloria, el deleite de sus ojos y el anhelo de sus almas y [cuando les quite] a sus hijos e hijas.
“Eye wò, Ame vi, gbe si gbe maɖe woƒe sitsoƒe, woƒe dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe, nu si nya kpɔna na woƒe ŋkuwo, woƒe dzi ƒe didi, wo viŋutsuwo kple vinyɔnuwo ɖa la,
26 Aquel día un fugitivo llegará a ti para comunicar la noticia a tus oídos.
gbe ma gbe la, sisila aɖe ava be yeaka nyadzɔdzɔ la ta na wò.
27 Aquel día tu boca será abierta para hablar al fugitivo. Hablarás y ya no estarás mudo. Les servirás de señal. Y sabrán que Yo soy Yavé.
Ɣe ma ɣi me la, woaʋu nu na wò, wò kple sisila la miaƒo nu, màgazi ɖoɖoe o. Ale ànye kpɔɖeŋu na wo, eye woanya be nyee nye Yehowa.”