< Jueces 21 >
1 Los hombres de Israel habían jurado en Mizpa, diciendo: “Ninguno de nosotros dará su hija a Benjamín como esposa”.
Israel ƒe kplɔlawo ka atam na Yehowa le Mizpa be yewomatsɔ yewoƒe ɖetugbiwo ana Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo woaɖe gbeɖegbeɖe o.
2 El pueblo vino a Betel y se sentó allí hasta el atardecer delante de Dios, y alzó la voz y lloró gravemente.
Azɔ la, Israelviwo ƒe kplɔlawo kpe ta le Betel eye wofa avi na Mawu vevie va se ɖe fiẽ.
3 Dijeron: “Yahvé, el Dios de Israel, ¿por qué ha sucedido esto en Israel, que hoy falte una tribu en Israel?”
Wofa avi gblɔ be, “Oo, Yehowa, Israel ƒe Mawu, nu ka ta wòva eme be míaƒe towo dometɔ ɖeka le bubum le mía dome?”
4 Al día siguiente, el pueblo se levantó temprano y construyó allí un altar, y ofreció holocaustos y ofrendas de paz.
Woɖi vɔsamlekpui aɖe le gbe ma gbe ƒe ŋdi kanya eye wosa akpedavɔ le edzi.
5 Los hijos de Israel dijeron: “¿Quién hay de todas las tribus de Israel que no haya subido en la asamblea a Yahvé?” Porque habían hecho un gran juramento con respecto al que no subió a Yahvé a Mizpa, diciendo: “Sin duda será condenado a muerte.”
Wogblɔ na wo nɔewo be, “Ɖe Israel ƒe to aɖe li si meva takpekpe si míewɔ le Yehowa ŋkume le Mizpa oa?” Wobia nya sia elabena woka atam ɖe edzi do ŋgɔ be ame si agbe vava la aku kokoko.
6 Los hijos de Israel se afligieron por Benjamín, su hermano, y dijeron: “Hoy hay una tribu eliminada de Israel.
Israelviwo katã fa konyi le ale si Benyamin ƒe to la tsrɔ̃ le wo dome la ta eye wogblɔ be, “Israel ƒe to blibo ɖeka tsrɔ̃ le mía dome.
7 ¿Cómo proveeremos de esposas a los que queden, ya que hemos jurado por Yahvé que no les daremos de nuestras hijas como esposas?”
Afi ka míakpɔ nyɔnuwo le na ŋutsu ʋɛ siwo tsi agbe esi míetsɔ Yehowa ka atam be míatsɔ míaƒe vinyɔnuwo na woƒe ɖekakpuiwo woaɖe o?”
8 Dijeron: “¿Qué hay de las tribus de Israel que no haya subido a Yahvé a Mizpa?” He aquí que nadie vino de Jabes de Galaad al campamento a la asamblea.
Eye wobia be, “Israel ƒe to ka me tɔwoe meva takpekpea me le Yehowa ŋkume le Mizpa o?” Wokpɔe be, ame aɖeke metso Yabes Gilead va asaɖa la me na takpekpe la o.
9 Porque cuando se contó el pueblo, he aquí que no había allí ninguno de los habitantes de Jabes de Galaad.
Esi woxlẽ ameawo la, wokpɔe be Yabes Gileadtɔ aɖeke menɔ afi ma o.
10 La congregación envió allí a doce mil de los hombres más valientes, y les ordenó diciendo: “Vayan y hieran a los habitantes de Jabes de Galaad a filo de espada, con las mujeres y los niños.
Ale woɖe gbe na aʋawɔla kalẽtɔ akpe wuieve be, “Miyi miawu amewo le Yabes Gilead.
11 Esto es lo que haréis: destruiréis por completo a todo varón y a toda mujer que se haya acostado con un hombre.”
Miwu ŋutsuwo katã kple nyɔnu siwo katã dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ.”
12 Encontraron entre los habitantes de Jabes de Galaad cuatrocientas jóvenes vírgenes que no habían conocido al hombre acostándose con él, y las llevaron al campamento de Silo, que está en la tierra de Canaán.
Wokpɔ ɖetugbi alafa ene siwo medɔ ŋutsu gbɔ kpɔ o la le ame siwo nɔ Yabes Gilead la dome eye wokplɔ wo va asaɖa la me le Silo, le Kanaanyigba dzi.
13 Toda la congregación envió y habló a los hijos de Benjamín que estaban en la roca de Rimón, y les proclamó la paz.
Israelvi bubuawo ɖo ame ɖe Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsu siwo tsi agbe eye wole Rimon kpe la gbɔ.
14 Benjamín regresó en ese momento, y les dieron las mujeres que habían salvado vivas de las mujeres de Jabes de Galaad. Todavía no había suficientes para ellos.
Wotsɔ ɖetugbi alafa eneawo na wo woɖe eye wotrɔ yi woƒe aƒewo me. Ke ɖetugbiawo mede ŋutsuawo katã nu o.
15 El pueblo se afligió por Benjamín, porque el Señor había abierto una brecha en las tribus de Israel.
Nublanuinya gã aɖee wònye le Israel le ŋkeke mawo me elabena Yehowa de mama Israel ƒe toawo dome.
16 Entonces los ancianos de la congregación dijeron: “¿Cómo vamos a proveer de esposas a los que quedan, ya que las mujeres han sido destruidas de Benjamín?”
Israelviwo ƒe kplɔlawo gblɔ be, “Aleke míawɔ akpɔ srɔ̃ na ŋutsu bubuawo esi Benyamin ƒe to la ƒe nyɔnuwo katã ku?
17 Dijeron: “Tiene que haber una herencia para los que se han escapado de Benjamín, para que no se borre una tribu de Israel.
Ele be míato mɔ aɖe nu adi srɔ̃ na wo kokoko ale be, Israel ƒe to blibo ɖeka mabu gbidii o.
18 Sin embargo, no podemos darles esposas de nuestras hijas, porque los hijos de Israel habían jurado diciendo: ‘Maldito el que le dé una esposa a Benjamín’.”
Ke míate ŋu atsɔ míawo ŋutɔ ƒe vinyɔnuwo na wo o elabena mí Israelviwo míeka atam be, Yehowa ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ nu sia la dzi.”
19 Dijeron: “He aquí que hay una fiesta de Yahvé de año en año en Silo, que está al norte de Betel, al este del camino que sube de Betel a Siquem, y al sur de Lebona.”
Ke ame aɖe ɖo ŋku Yehowa ƒe ŋkekenyui si woɖuna ƒe sia ƒe la dzi. Woɖua ŋkekenyui sia le Silo, si le Betel ƒe anyiehe kple mɔ si tso Betel yi Sekem ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kpakple Lebona ƒe dziehe la dzi.
20 Mandaron a los hijos de Benjamín, diciendo: “Vayan y acechen en las viñas,
Wogblɔ na Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsu siwo mekpɔ srɔ̃ ɖe haɖe o la be, “Miyi miaɣla mia ɖokui ɖe waingblewo me
21 y vean, y he aquí que si las hijas de Silo salen a bailar en las danzas, salgan de las viñas, y cada uno tome su mujer de las hijas de Silo, y vayan a la tierra de Benjamín.
eye ne Silo ɖetugbiwo va yina ɣeɖuƒe la, mialũ ɖe wo dzi, mialé wo sesẽ ayi miaƒe aƒewo me ne woazu mia srɔ̃wo!
22 Cuando sus padres o sus hermanos vengan a quejarse ante nosotros, les diremos: “Concédannoslas con gracia, porque no tomamos para cada uno su mujer en la batalla, ni ustedes se las dieron; de lo contrario, ahora serían culpables.”
Ne wo fofowo kple wo nɔviŋutsuwo va nya he ge ɖe mía ŋu la, míagblɔ na wo be, ‘Míeɖe kuku na mi; mise nu gɔme eye miaɖe mɔ woaɖe mia vinyɔnuwo elabena míekpɔ ɖetugbiwo na ŋutsuawo katã esi míetsrɔ̃ Yabes Gilead o. Nenye miawo ŋutɔe tsɔ mia vinyɔnuwo na wo la, eya ko hafi miaɖi fɔ.’”
23 Los hijos de Benjamín lo hicieron así, y tomaron para sí esposas según su número, de las que bailaban, a las que llevaron. Fueron y volvieron a su heredad, edificaron las ciudades y vivieron en ellas.
Ale Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo wɔ ɖe nya si wogblɔ na wo la dzi, wolé nyɔnuvi siwo va ŋkekenyui la ɖu ge, eye wokplɔ wo yi woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Wogbugbɔ woƒe duwo tu eye wonɔ wo me.
24 Los hijos de Israel salieron de allí en aquel tiempo, cada uno a su tribu y a su familia, y cada uno salió de allí a su propia herencia.
Israelvi bubuawo hã trɔ yi wo de.
25 En aquellos días no había rey en Israel. Cada uno hacía lo que le parecía correcto.
Le ɣe ma ɣiwo me la, fia aɖeke menɔ Israel si o, eye ame sia ame wɔa nu si dzea eŋu.