< San Lucas 9 >

1 Habiendo llamado a los Doce, les dio poder y autoridad sobre todos los demonios, y para curar enfermedades.
Gbe ɖeka Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo ƒo ƒui, eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ameawo me, eye woada gbe le dɔ ƒomevi vovovowo lélawo ŋu.
2 Y los envió a pregonar el reino de Dios y a sanar a los enfermos.
Le esia megbe la, edɔ wo ɖa be woagblɔ mawufiaɖuƒe la ƒe vavanya na ame sia ame, eye woayɔ dɔ dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi.
3 Y les dijo: “No toméis nada para el camino, ni bastón, ni bolsa, ni pan, ni dinero, ni tengáis dos túnicas.
Ede se na wo be, “Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, atizɔti loo alo mɔzɔkotoku, alo abolo, alo klosalo, alo awu eve o.
4 En la casa en que entrareis, quedaos, y de allí partid.
Ne mieɖo du aɖe me la, midze aƒe ɖeka ko me.”
5 Y dondequiera que no os recibieren, salid de esa ciudad y sacudid el polvo de vuestros pies, en testimonio contra ellos”.
Nenye be amewo mexɔ mi le du aɖe me o la, midzo le dua me. Ke ne miedzo yina la, miʋuʋu ke si le miaƒe afɔwo ŋuti la ɖi hena ɖaseɖiɖi le dua ŋuti.
6 Partieron, pues, y recorrieron las aldeas, predicando el Evangelio y sanando en todas partes.
Ale nusrɔ̃lawo dze mɔ nɔ tsatsam le du kple kɔƒewo me, henɔ nyanyui la kakam, eye wonɔ gbe dam le dɔnɔwo hã ŋu.
7 Oyó Herodes, el tetrarca, todo lo que sucedía, y estaba perplejo, porque unos decían que Juan había resucitado de entre los muertos,
Esi Herod si nye mɔmefia la se nukunu siwo wɔm Yesu nɔ la, etsi dzimaɖeɖi, eye eƒe susu hã ɖe fu nɛ ŋutɔ, elabena ese ame aɖewo nɔ gbɔgblɔm be, “Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe.”
8 otros que Elías había aparecido, otros que uno de los antiguos profetas había resucitado.
Ɖewo hã nɔ gbɔgblɔm be, “Eliya ɖe eɖokui fia.” Ame bubuwo hã be, “Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae fɔ tso ame kukuwo dome.”
9 Y decía Herodes: “A Juan, yo lo hice decapitar, ¿quién es, pues, este de quien oigo decir tales maravillas?” Y procuraba verlo.
Le esia ta la, Herod gblɔ na eɖokui be, “Metso ta le Yohanes nu, ke ame kae nye esia si ŋu mele nya wɔnuku siawo sem tsoe?” Ale wòdi vevie be yeakpɔ Yesu.
10 Vueltos los apóstoles le refirieron ( a Jesús ) todo lo que habían hecho. Entonces, tomándolos consigo, se retiró a un lugar apartado, de una ciudad llamada Betsaida.
Esi apostoloawo trɔ gbɔ va la, wogblɔ nu siwo wowɔ la na Yesu. Emegbe la, Yesu kplɔ wo dzoe dzaa yi Betsaida dua me.
11 Y habiéndolo sabido las gentes, lo siguieron. Él los recibió, les habló del reino de Dios y curó a cuantos tenían necesidad de ello.
Gake ame geɖewo nya afi si yim wonɔ xoxoxo, eya ta wokplɔ wo ɖo. Exɔ wo alɔ eve, eye wògade asi nufiafia wo me tso mawufiaɖuƒe la ŋu, eye wòyɔ dɔ dɔnɔwo hã le wo dome.
12 Mas al declinar el día los Doce se acercaron a Él para decirle: “Despide a la multitud, que vayan en busca de albergue y alimento a las aldeas y granjas de los alrededores, porque aquí estamos en despoblado”.
Le ɣetrɔ miaa la, eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va ƒoe ɖe enu be, “Na mɔ ameawo be woayi kɔƒewo kple agble siwo te ɖe afi sia ŋu la me aɖadi nuɖuɖu kple dɔƒe na wo ɖokuiwo, elabena naneke mele teƒe tsoabo sia woaƒle aɖu o.”
13 Les dijo: “Dadles vosotros de comer”. Le contestaron: “No tenemos más que cinco panes y dos peces; a menos que vayamos nosotros a comprar qué comer para todo este pueblo”.
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miawoe wòle be miadi nuɖuɖu na wo woaɖu.” Woawo hã gagblɔ nɛ be, “Aleke míawɔ ana nu wo woaɖu esi wònye be abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve koe le míawo ŋutɔ si, alo ɖe nèdi be míayi aɖaƒle nuɖuɖu na ame gbogbo siawoa?”
14 Porque eran como unos cinco mil hombres. Dijo entonces a sus discípulos: “Hacedlos recostar por grupos como de a cincuenta”.
(Wogblɔ esia, elabena ameha la ƒe xexlẽme ade akpe atɔ̃.) Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe hatsotsowo me; ame abe blaatɔ̃ lɔƒo ene nenɔ hatsotso ɖeka me”
15 Hiciéronlo así y acomodaron a todos.
ale ameha la nɔ anyi nenema.
16 Entonces tomó los cinco panes y los dos peces, levantó los ojos al cielo, los bendijo, los partió y los dio a sus discípulos para que los sirviesen a la muchedumbre.
Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea, eye wòwu mo dzi ɖe dziƒo heda akpe ɖe wo ta. Eŋe wo me kakɛkakɛ, eye wòtsɔ wo na nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo ƒe akɔme.
17 Todos comieron hasta saciarse, y de lo que les sobró se retiraron doce canastos de pedazos.
Ame sia ame ɖu nu ɖi ƒo, eye le nua ɖuɖu vɔ megbe la, wofɔ kakɛ siwo susɔ la de kusi wuieve sɔŋ me woyɔ.
18 Un día que estaba orando a solas, hallándose con Él sus discípulos, les hizo esta pregunta: “¿Quién dicen las gentes que soy Yo?”
Gbe ɖeka la, esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, eƒe nusrɔ̃lawo nɔ egbɔ, eye wòbia wo be, “Ame kae amehawo gblɔna be menye?”
19 Le respondieron diciendo: “Juan el Bautista; otros, que Elías; otros, que uno de los antiguos profetas ha resucitado”.
Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame aɖewo be wòe nye Yohanes Mawutsidenatamela la, bubuwo be Eliya, eye ɖewo hã gblɔ be blema Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka si gbɔ agbe lae nènye.”
20 Díjoles: “Y vosotros, ¿quién decís que soy Yo?” Pedro le respondió y dijo: “El Ungido de Dios”.
Yesu bia wo be “Miawo ya ɖe, ame kae miebu be menye?” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wòe nye Mawu ƒe Kristo la!”
21 Y Él les recomendó con energía no decir esto a nadie,
Ke ede se na wo vevie be womegagblɔ nya sia na ame aɖeke o.
22 agregando: “Es necesario que el Hijo del hombre sufra mucho, que sea reprobado por los ancianos, por los sumos sacerdotes y por los escribas, que sea muerto, y que al tercer día sea resucitado”.
Eyi edzi gblɔ na wo be, “Ele be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖe, eye dumegãwo, nunɔlagãwo kple sefialawo agbe nu le egbɔ. Woawui, gake agafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.”
23 Y a todos les decía: “Si alguno quiere venir en pos de Mí, renúnciese a sí mismo, tome su cruz cada día, y sígame.
Egblɔ na wo be, “Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòaɖe asi le xexe sia me nyawo ŋu atsɔ eƒe atitsoga gbe sia gbe, eye wòanɔ ŋunye ɖaa.
24 Porque el que quiera salvar su vida, la perderá; mas el que pierda su vida a causa de Mí, la salvará.
Ame si di be yeaɖe yeƒe agbe la, atsrɔ̃e. Ke ame si tsrɔ̃ eƒe agbe ɖe tanye la, aɖee boŋ.
25 Pues ¿qué provecho tiene el hombre que ha ganado el mundo entero, si a sí mismo se pierde o se daña?
Viɖe ka ame akpɔ ne nu siwo katã le xexe sia me la zu etɔ ke to esia me la, wòabu eya ŋutɔ ƒe agbe?
26 Quien haya, pues, tenido vergüenza de Mí y de mis palabras, el Hijo del hombre tendrá vergüenza de él, cuando venga en su gloria, y en la del Padre y de los santos ángeles.
“Ame siwo katã nye ŋutɔ kple nye nyawo le ŋu kpem na fifia la, woaɖo ŋku edzi be ne nye Amegbetɔ Vi la metrɔ va le bubu gã si Fofonye anam la me, eye mawudɔla kɔkɔewo ƒo xlãm la, ekema nye hã makpe ŋu le nenem ƒe ame siawo ŋu.
27 Os digo, en verdad, algunos de los que están aquí, no gustarán la muerte sin que hayan visto antes el reino de Dios”.
“Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be mia dometɔ aɖewo siwo le tsitre ɖe afi sia la maku akpɔ o, va se ɖe esime miaƒe ŋkuwo akpɔ mawufiaɖuƒe la!”
28 Pasaron como ocho días después de estas palabras, y, tomando a Pedro, Juan y Santiago, subió a la montaña para orar.
Le ŋkeke enyi megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi woyi togbɛ aɖe dzi, afi si wòɖo be yeado gbe ɖa le.
29 Y mientras oraba, la figura de su rostro se hizo otra y su vestido se puso de una claridad deslumbradora.
Esi wònɔ gbe dom ɖa la, eƒe mo de asi keklẽ me. Eƒe awuwo fu tititi henɔ dzo dam miamiamia.
30 Y he aquí a dos hombres hablando con Él: eran Moisés y Elías,
Ŋutsu eve, Mose kple Eliya
31 los cuales, apareciendo en gloria, hablaban del éxodo suyo que Él iba a verificar en Jerusalén.
wodo kple ŋutikɔkɔe gã aɖe henɔ nu ƒom kple Yesu. Woƒo nu tso eƒe dzodzo si ava va eme kpuie le Yerusalem la ŋu.
32 Pedro y sus compañeros estaban agobiados de sueño, mas habiéndose despertado, vieron su gloria y a los dos hombres que estaban a su lado.
Le ɣeyiɣi sia me la, Petro kple nɔviawo nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Esi wonyɔ la, wokpɔ be keklẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe ƒo xlã Yesu, eye ŋutsu eve le tsitre ɖe egbɔ.
33 Y en el momento en que se separaban de Él, dijo Pedro a Jesús: “Maestro, bueno es para nosotros estarnos aquí; hagamos, pues, tres pabellones, uno para Ti, uno para Moisés, y uno para Elías”, sin saber lo que decía.
Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” (Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o.)
34 Mientras él decía esto, se hizo una nube que los envolvió en sombra. Y se asustaron al entrar en la nube.
Esi wònɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ̃ wo dzi, eye vɔvɔ̃ gã aɖe lé wo.
35 Y desde la nube una voz se hizo oír: “Este es mi Hijo el Elegido: escuchadle a Él”.
Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Ame sia nye Vinye, si metia la, miɖo toe!”
36 Y al hacerse oír la voz, Jesús se encontraba solo. Guardaron, pues, silencio; y a nadie dijeron, por entonces, cosa alguna de lo que habían visto.
Esi gbea ɖi vɔ ko la, Yesu ɖeɖe koe susɔ ɖe teƒea kple eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃la siawo mekɔ nu le nu si teƒe wokpɔ la dzi na ame aɖeke o, hena ɣeyiɣi didi aɖe.
37 Al día siguiente, al bajar de la montaña, una gran multitud de gente iba al encuentro de Él.
Le ŋufɔke esi woɖi tso togbɛa dzi gbɔna la, ameha gã aɖe va kpe Yesu.
38 Y he ahí que de entre la muchedumbre, un varón gritó diciendo: “Maestro, te ruego pongas tus ojos sobre mi hijo, porque es el único que tengo.
Ŋutsu aɖe si nɔ wo dome la kɔ gbe dzi gblɔ nɛ be, “Nufiala, meɖe kuku na wò be nàkpɔ vinye ŋutsuvi sia ɖa; eya koe nye vi le asinye.
39 Se apodera de él un espíritu, y al instante se pone a gritar; y lo retuerce en convulsiones hasta hacerle echar espumarajos, y a duras penas se aparta de él, dejándolo muy maltratado.
Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea edzi enuenu esi wɔnɛ be wòdoa ɣli sesĩe. Etsɔnɛ xlãna ɖe anyi sesĩe, ale be futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia ɖea fu nɛ ɣe sia ɣi kloe, eye menana wòkpɔa vovo kura o.
40 Rogué a tus discípulos que lo echasen, y ellos no han podido”.
Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanyae le eme, gake womete ŋui o.”
41 Entonces Jesús respondió y dijo: “Oh, generación incrédula y perversa, ¿hasta cuándo estaré con vosotros y tendré que soportaros? Trae aquí a tu hijo”.
Yesu xɔ edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔ kple dzi me makɔmakɔtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo? Kplɔ viwò ŋutsuvi la va afii.”
42 Aún no había llegado este a Jesús, cuando el demonio lo zamarreó y lo retorció en convulsiones. Mas Jesús increpó al espíritu impuro y sanó al niño, y lo devolvió a su padre.
Esi ŋutsuvi la gbɔna ɖe Yesu gbɔ la, gbɔgbɔ vɔ̃ la gaxlãe ɖe anyigba sesĩe, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃a be wòado go le ɖevia me, eye wòdo le eme enumake; ale Yesu da gbe le ɖevia ŋu hetsɔe na fofoa.
43 Y todos estaban maravillados de la grandeza de Dios. Como se admirasen todos de cuanto Él hacía, dijo a sus discípulos:
Ame sia ame ƒe mo wɔ yaa le ale si Yesu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ fiae la ta. Esi ameha la nɔ nu ƒom le nu wɔnuku siwo katã wɔm wònɔ ŋu la, Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ, gblɔ na wo be,
44 “Vosotros, haced que penetren bien en vuestros oídos estas palabras: el Hijo del hombre ha de ser entregado en manos de los hombres”.
“Miɖo to afii, eye mialé nya si gblɔ ge mele na mi la ɖe ta me. Wole nye Amegbetɔ Vi la de ge asi.”
45 Pero ellos no entendían este lenguaje, y les estaba velado para que no lo comprendiesen; y no se atrevieron a interrogarlo al respecto.
Gake nusrɔ̃lawo mese nya si wògblɔ la gɔme o, elabena wotsyɔ̃ nu woƒe susuwo dzi, gawu la, wovɔ̃ be yewoabia egɔme ase.
46 Y entró en ellos la idea: ¿Quién de entre ellos sería el mayor?
Azɔ ʋiʋli aɖe va ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gã wu ŋuti.
47 Viendo Jesús el pensamiento de sus corazones, tomó a un niño, púsolo junto a Sí,
Ke Yesu nya woƒe dzimesusuwo, eya ta ekɔ ɖevi sue aɖe da ɖe eƒe axadzi.
48 y les dijo: “Quien recibe a este niño en mi nombre, a Mí me recibe; y quien me recibe, recibe al que me envió; porque el que es el más pequeño entre todos vosotros, ese es grande”.
Eye wògblɔ na wo be, “Ame si axɔ ɖevi sue sia le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ. Ke ame si axɔm la, exɔ ame si dɔm la; elabena ame si ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gãtɔ.”
49 Entonces Juan le respondió diciendo: “Maestro, vimos a un hombre que expulsaba demonios en tu nombre, y se lo impedíamos, porque no ( te ) sigue con nosotros”.
Yesu ƒe nusrɔ̃la Yohanes va egbɔ va gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, míekpɔ ame aɖe wònɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le wò ŋkɔ me ale míegbe nɛ be megawɔe o, elabena menye mía dometɔ ɖekae wònye o.”
50 Mas Jesús le dijo: “No impidáis, pues quien no está contra vosotros, por vosotros está”.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mele be miawɔ nenema o, elabena ame si metsi tsitre ɖe mia ŋu o la le mia dzi.”
51 Como se acercase el tiempo en que debía ser quitado, tomó resueltamente la dirección de Jerusalén.
Esi Yesu ƒe ɣeyiɣi si wòle be wòatrɔ ayi dziƒo nɔ aƒe tum la, eɖo ta me kplikpaa ɖo ta Yerusalem,
52 Y envió mensajeros delante de sí, los cuales, de camino, entraron en una aldea de samaritanos para prepararle alojamiento.
eye le mɔa dzi la, edɔ amewo ɖo ɖe Samaria kɔƒe aɖe me be woaɖadi xɔ da ɖi na yeƒe vava.
53 Mas no lo recibieron, porque iba camino de Jerusalén.
Gake kɔƒea me tɔwo gbe be yewomana xɔ ame dɔdɔawo o, esi wònye Yerusalem woɖo yina ta.
54 Viendo ( esto ) los discípulos Santiago y Juan, le dijeron: “Señor, ¿quieres que mandemos que el fuego caiga del cielo, y los consuma?”
Esi Yakobo kple Yohanes se nya sia la, wogblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, míɖe gbe na dzo be wòatso dziƒo ava fia woa?”
55 Pero Él, habiéndose vuelto a ellos los reprendió.
Gake Yesu trɔ ɖe wo gbɔ, eye wògbe nya na wo.
56 Y se fueron hacia otra aldea.
Ale wodzo yi kɔƒe bubu me.
57 Cuando iban caminando, alguien le dijo: “Te seguiré a donde quiera que vayas”.
Esi wonɔ mɔa dzi nɔ yiyim la, ame aɖe va tu Yesu gblɔ nɛ be, “Medi be makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.”
58 Jesús le dijo: “Las raposas tienen guaridas, y las aves del cielo, nidos; mas el Hijo del Hombre no tiene donde reclinar la cabeza”.
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Abeiwo la, do le wo si wodɔa eme, xeviwo hã, atɔ le wo si wodɔa eme, gake Amegbetɔ Vi la mekpɔ afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.”
59 Dijo a otro: “Sígueme”. Este le dijo: “Señor, permíteme ir primero a enterrar a mi padre”.
Egblɔ na ame bubu be, “Dze yonyeme!” Ke ŋutsu la ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, na mayi aɖaɖi fofonye gbã hafi.”
60 Respondiole: “Deja a los muertos enterrar a sus muertos; tú, ve a anunciar el reino de Dios”.
Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Na ame siwo nye ame kukuwo la naɖi woƒe ame kukuwo, ke wò ya yi naɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la na amewo.”
61 Otro más le dijo: “Te seguiré, Señor, pero permíteme primero decir adiós a los de mi casa”.
Ame bubu aɖe si hã wòyɔ la gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, madze yowòme, gake na mayi aɖaklã nye ƒometɔwo gbã hafi mava.”
62 Jesús le dijo: “Ninguno que pone mano al arado y mira hacia atrás, es apto para el reino de Dios”.
Yesu gblɔ nɛ be, “Ame si le agble ŋlɔm, eye wògale megbe kpɔm la medze na mawufiaɖuƒe la o.”

< San Lucas 9 >