< Isaías 32 >

1 Reinará un rey con justicia, y príncipes gobernarán con rectitud.
Kpɔ ɖa, fia aɖe aɖu fia le dzɔdzɔenyenye me, eye eƒe dumegãwo aɖu dzi le nuteƒewɔwɔ me.
2 Cada uno será como abrigo contra el viento, como refugio contra la tempestad, como río de agua en tierra árida, y como la sombra de una peña grande en un país desolado.
Ame ɖe sia ɖe anɔ abe bebeƒe le yaƒoƒo nu kple sitsoƒe le ahom me ene. Anɔ abe tɔsisiwo le gbegbe kple agakpe ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.
3 No se ofuscarán los ojos de los que ven, y escucharán los oídos de los que oyen.
Ekema ame siwo kpɔa nu la ƒe ŋkuwo maganye tre o, eye ame siwo ƒe to sea nu la ƒe towo anɔ ʋuʋu.
4 El corazón de los necios sabrá comprender, y la lengua de los tartamudos hablará expedita y claramente.
Ame mabutamewo ƒe susu anya nu, ase nu gɔme, eye ame siwo kukɔna la ƒe aɖe aƒo nu tẽe eme nakɔ.
5 El insensato no será más llamado príncipe, ni noble el impostor.
Womagayɔ bometsilawo be bubumewo, eye womagayɔ yakamewo be ame ŋkutawo o,
6 Porque el insensato habla insensateces, y su corazón obra maldad, practicando la impiedad y diciendo mentiras a Yahvé, dejando vacía el alma del hambriento y quitando la bebida al sediento.
elabena bometsila gblɔa bometsinya, eye eƒe susu yɔ fũu kple nu vɔ̃ɖi. Enɔa agbe le Mawu mavɔmavɔ me, eye wògblɔa nya tatrawo ɖe Yehowa ŋu, menaa nuɖuɖu dɔwuitɔwo o, eye wotea tsi tsikɔwuitɔwo.
7 El impostor tiene armas malignas y urde intrigas, para perder a los humildes con palabras dolosas, mientras el pobre habla lo justo.
Yakamewo ƒe wɔnawo vɔ̃ɖi. Woɖoa nu vɔ̃ɖiwo be woatsrɔ̃ hiãtɔwo kple alakpa, ne hiãtɔwo ƒe nya dzɔ hã.
8 El príncipe piensa cosas de príncipe y por su nobleza será ensalzado.
Ke bubume wɔa ɖoɖo siwo ŋu bubu le la, eye bubunuwɔnawo nana wònɔa te.
9 Mujeres cómodas, levantaos, oíd mi voz; hijas que vivís sin cuidados, escuchad mi palabra.
Mi nyɔnu siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, mitso ne miaɖo tom. Mi vinyɔnuvi siwo le dziɖeɖi me. Miɖo to nya si magblɔ!
10 Dentro de un año y pocos días temblaréis, oh confiadas, porque se ha acabado la vendimia, y no habrá más cosecha.
Le ƒe ɖeka kple edzivɔ siwo gbɔna me la, mi ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ la miaʋuʋu. Miaƒe wainkawo agbe tsetse, eye atikutsetse bubuwo hã matse na mi o.
11 Temblad, oh cómodas, pasmaos las que vivís despreocupadas; despojaos, desnudaos; ceñíos de cilicio.
Miʋuʋu, mi nyɔnu siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ; mixa nu, mi vinyɔnuvi siwo ɖe dzi ɖi! Miɖe miaƒe avɔwo da ɖi, eye miasa akpanya ɖe ali.
12 (Golpeándose) los pechos andan llorando por los campos amados, por las viñas fructíferas.
Mifa konyi na miaƒe agble wɔnukuwo, na miaƒe wainkpo siwo tsena nyuie,
13 Espinas y abrojos cubren la tierra de mi pueblo y todas las casas de placer de la ciudad alegre.
eye na nye amewo ƒe anyigba, anyigba si dzi ŋu kple aŋɔkawo mie ɖo. Ɛ̃, mifa na aƒe siwo katã me dzidzɔkpɔkpɔ yia edzi le kple du sia, si me wotua aglo le
14 Pues el palacio está abandonado, la ciudad populosa es un desierto, el Ofel y la fortaleza son madrigueras para siempre, delicias para asnos monteses, pastos para rebaños,
Mɔ sesẽwo aɖi gbɔlo. Du si me hoowɔwɔ nɔ la, azu aƒedo. Xɔ tsralawo kple gbetakpɔxɔwo azu abe agado ene tegbetegbe anye dzidzɔ na tedziwo kple gbeɖuƒe na lãhawo
15 hasta que sea derramado sobre nosotros el Espíritu de lo alto, el desierto se convierta en campo fértil, y el campo fértil sea reputado como selva.
va se ɖe esime woakɔ Gbɔgbɔ la ɖe mia dzi tso dziƒo, gbegbewo nagazu agbledeƒewo, eye agbledeƒewo nadze abe ave ene.
16 Entonces la rectitud morará en el desierto, y la justicia habitará en el campo fértil.
Nuteƒewɔwɔ anɔ gbegbe, eye dzɔdzɔenyenye anɔ agbledenyigba dzi.
17 La obra de la justicia será la paz, y el fruto de la justicia, la tranquilidad y la seguridad para siempre.
Dzɔdzɔenyenye ƒe ku anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe metsonu anye tomefafa kple dzideƒo tegbetegbe.
18 Y mi pueblo habitará en mansión de paz, en habitación segura, en morada tranquila.
Nye amewo anɔ teƒe siwo ŋutifafa le kple aƒe siwo me dedinɔnɔ le kple teƒe siwo tomefafa kple dziɖeɖi le.
19 Pero caerá el bosque a causa del pedrisco, y la ciudad será enteramente abatida.
Togbɔ be kpetsiwo tsrɔ̃ avewo, eye wogbã du la gudugudu hã la,
20 ¡Bienaventurados vosotros, los que sembráis junto a todas las aguas, y dais libertad al pie del buey y del asno!
woayra mi ne mieƒã nu ɖe tɔʋu ɖe sia ɖe to, eye miena miaƒe nyiwo kple tedziwo ɖu gbe le ablɔɖe me.

< Isaías 32 >