< Песнь песней Соломона 2 >
1 Аз цвет польный и крин удольный.
Nyee nye Saron seƒoƒo kple dzogbenya le balimewo.
2 Якоже крин в тернии, тако искренняя моя посреде дщерей.
Abe ale si dzogbenya le ŋuwo domee ene la, nenemae nye nye lɔlɔ̃tɔ le ɖetugbiwo dome.
3 Яко яблонь посреде древес лесных, тако брат мой посреде сынов: под сень его восхотех и седох, и плод его сладок в гортани моем.
Abe ale si apluti nɔna le avemetiwo dome ene la, nenemae nye nye lɔlɔ̃tɔ le ɖekakpuiwo dome. Melɔ̃a anyinɔnɔ ɖe eƒe vɔvɔli te, eye eƒe kutsetse vivia nunye ŋutɔ.
4 Введите мя в дом вина, вчините ко мне любовь:
Ekplɔm yi ɖe afi si woɖo kplɔ̃ ɖo, eye lɔlɔ̃ nye aflaga si wòtsɔ tsyɔ dzinye.
5 утвердите мя в мирех, положите мя во яблоцех: яко уязвлена (есмь) любовию аз.
Etsɔ waintsetsebolo do ŋusẽm kple aplu fa dzi nam, elabena lɔlɔ̃ na meku ƒenyi.
6 Шуйца его под главою моею, и десница его оымет мя.
Etsɔ eƒe miabɔ de nye ta te, eye wòtsɔ eƒe ɖusibɔ kpla kɔ nam.
7 Заклях вас, дщери Иерусалимли, в силах и крепостех села: аще возставите и возбудите любовь, дондеже восхощет.
Yerusalem nyɔnuviwo, meta sãde kple zinɔ le gbe me be, “Migaʋuʋu lɔlɔ̃ alo anyɔe o, va se ɖe esime eya ŋutɔ lɔ̃ hafi.”
8 Глас брата моего: се, той идет, скача на горы и прескача на холмы.
Nye lɔlɔ̃tɔ, ɖo to afii! Kpɔ ɖa, nye lɔlɔ̃tɔe nye ekem gbɔna, le kpo tim flɔ towo, eye wòle kpo dzom le togbɛwo tame.
9 Подобен есть брат мой серне или младу еленю на горах вефильских. Се, сей стоит за стеною нашею, проглядаяй оконцами, приницаяй сквозе мрежи.
Nye lɔlɔ̃tɔ le abe sãde alo zivi ene. Kpɔ ɖa, eyae nye ekem le tsitre ɖe míaƒe kpɔ godo, le nu kpɔm to fesre nu, eye wòdo ŋku ɖa to fesrenuvɔ me.
10 Отвещает брат мой и глаголет мне: востани, прииди, ближняя моя, добрая моя, голубице моя.
Nye lɔlɔ̃tɔ ƒo nu kplim be, “Nye dzi lɔlɔ̃a, tsi tsitre, eye nye tugbefia, va dze yonyeme.
11 Яко се, зима прейде, дождь отиде, отиде себе:
Kpɔ ɖa, vuvɔŋɔli nu va yi, tsidzadza ke, eye enu va yi.
12 цвети явишася на земли, время обрезания приспе, глас горлицы слышан в земли нашей:
Seƒoƒo ke ɖe anyigba dzi, hadzidzi ƒe ɣeyiɣi ɖo, eye wose akpakpawo ƒe xɔxlɔ̃ le míaƒe anyigba dzi.
13 смоквь изнесе цвет свой, виногради зреюще даша воню. Востани, прииди, ближняя моя, добрая моя, голубице моя, и прииди.
Gbotiwo de asi tsetse me xoxo, eye wainkawo ƒe seƒoƒo le ya ɖem nyuie. Tso va, nye dzi lɔlɔ̃a; nye tugbefia, va dze yonyeme.”
14 Ты, голубице моя, в покрове каменне, близ предстения: яви ми зрак твой, и услышан сотвори ми глас твой: яко глас твой сладок, и образ твой красен.
Nye ahɔnɛ le agakpewo tome, le towo ƒe bebeƒewo, do wò mo ɖa, eye na mase wò gbe, elabena wò gbe vivina, eye wò mo nya kpɔna.
15 Имите нам лисы малыя, губящыя винограды: и виногради наши созревают.
Milé abeiwo nam, abeivi siwo le wainkawo gblẽm, eye wole míaƒe wainka siwo ƒo se la gblẽm.
16 Брат мой мне, и аз ему, пасый в кринах,
Nye lɔlɔ̃tɔ nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ, eya ame si le tsa ɖim le dzogbenyawo dome.
17 дондеже дхнет день, и двигнутся сени. Обратися, уподобися ты, брате мой, серне или младу еленю на горах юдолий.
Nye lɔlɔ̃tɔ, trɔ gbɔ hafi ŋu nake, viviti nasi dzo, eye nànɔ abe sãde alo zivi le togbɛ tsakliwo dzi ene.