< Псалтирь 14 >
1 Рече безумен в сердцы своем: несть Бог. Растлеша и омерзишася в начинаниих: несть творяй благостыню.
David ƒe ha na hɛnɔ la. Bometsila gblɔna le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame tovowo, eye woƒe nuwɔnawo nye ŋunyɔnu; ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele wo dome si wɔa nu nyui o.
2 Господь с небесе приниче на сыны человеческия, видети, аще есть разумеваяй, или взыскаяй Бога.
Yehowa bi kɔ kpɔ amegbetɔviwo ɖa tso dziƒo, be wòakpɔe ɖa be nugɔmesela aɖe le wo dome, eye wòdia Mawu vevie mahã?
3 Вси уклонишася, вкупе неключими быша: несть творяй благостыню, несть до единаго.
Wo katã wodze ɖe aga, wo katã tim wogblẽ; ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o, ɖeka pɛ gɔ̃ hã meli o.
4 Ни ли уразумеют вси делающии беззаконие, снедающии люди моя в снедь хлеба? Господа не призваша.
Ɖe nu tovo wɔlawo, ame siwo ɖua nye amewo abe abolo ene, eye womeyɔa Yehowa o la manya esia oa?
5 Тамо убояшася страха, идеже не бе страх: яко Господь в роде праведных.
Ŋɔdzi lé wo ale gbegbe, elabena Mawu le ame dzɔdzɔewo ƒe hame.
6 Совет нищаго посрамисте: Господь же упование его есть.
Mi nu tovo wɔlawo, miegblẽ ame dahewo ƒe ɖoɖowo me, gake Yehowae nye woƒe sitsoƒe.
7 Кто даст от Сиона спасение Израилево? Внегда возвратит Господь пленение людий Своих, возрадуется Иаков, и возвеселится Израиль.
O! Xɔname ado tso Zion na Israel. Ne Yehowa gaɖo eƒe amewo ƒe nunyonamewo te la, na Yakob natso aseye, eye Israel nakpɔ dzidzɔ!