< Псалтирь 101 >
1 Милость и суд воспою Тебе, Господи:
David ƒe ha. O! Yehowa, madzi ha le wò lɔlɔ̃ kple afia nyui tsotso ŋuti, eye madzi kafukafuha na wò.
2 пою и разумею в пути непорочне: когда приидеши ко мне? Прехождах в незлобии сердца моего посреде дому моего.
Makpɔ nyuie be menɔ agbe si ŋu mokaka mele o, eya ta gbe ka gbe nàva asrãm kpɔ? Mazɔ le aƒenye me kple dzi si ŋuti mokaka mele o.
3 Не предлагах пред очима моима вещь законопреступную: творящыя преступление возненавидех.
Nyematsɔ nu si me vɔ̃ le la aɖo nye ŋkume o. Metsri xɔsemanɔsitɔwo ƒe nuwɔnawo, womalé ɖe ŋunye o.
4 Не прильпе мне сердце строптиво: уклоняющагося от мене лукаваго не познах.
Ame siwo ƒe dzi to vo la, ate ɖa xaa tso gbɔnye, kadodo aɖeke mele nye kple nu vɔ̃ɖi dome o.
5 Оклеветающаго тай искренняго своего, сего изгонях: гордым оком и несытым сердцем, с сим не ядях.
Made ga nu na ame si ƒo ɖi ehavi ƒe ŋkɔ le bebeme, eye ame si ŋku gã le esi eye wòdana le dzi me la, eya nyematɔ ɖe egbɔ o.
6 Очи мои на верныя земли, посаждати я со мною: ходяй по пути непорочну, сей ми служаше.
Nye ŋku anɔ nuteƒewɔlawo ŋu le anyigba dzi, be woanɔ anyi kplim. Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o la, anye nye nunɔla.
7 Не живяше посреде дому моего творяй гордыню: глаголяй неправедная не исправляше пред очима моима.
Ame si nye ameblela la, manɔ aƒenye me o, eye ame si daa alakpa la matsi tsitre ɖe ŋkunye me o.
8 Воутрия избивах вся грешныя земли, еже потребити от града Господня вся делающыя беззаконие.
Ŋdi sia ŋdi la, mana ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi la nazi ɖoɖoe. Maɖe nu tovo wɔla ɖe sia ɖe ɖa le Yehowa ƒe du la me.