< Бытие 32 >

1 И Иаков иде в путь свой. И воззрев виде полк Божий воополчившийся: и сретоша его Ангели Божии.
Yakob kple eƒe amewo gadze mɔ, eye mawudɔlawo va do goe.
2 Рече же Иаков, егда виде их: полк Божий сей. И прозва имя месту тому Полки.
Esi Yakob kpɔ wo la, edo ɣli be, “Mawu ƒe asaɖae nye esia!” Eya ta ena ŋkɔ teƒea be Mahanaim.
3 Посла же Иаков послы пред собою ко Исаву брату своему в землю Сиир, в страну Едом,
Yakob dɔ amewo ɖe foa Esau gbɔ le Edom le Seirnyigba dzi.
4 и заповеда им глаголя: тако рцыте господину моему Исаву: тако глаголет раб твой Иаков: у Лавана обитах и умедлих даже до ныне:
Egblɔ na wo bena, “Ale miagblɔ na nye aƒetɔ Esau enye si: ‘Nye Wò dɔla Yakob, meyi ɖanɔ mía nyrui, Laban gbɔ va se ɖe egbe.
5 и быша ми волове и ослы и овцы, и раби и рабыни: и послах поведати господину моему Исаву, дабы обрел раб твой благодать пред тобою.
Fifia nyiwo, tedziwo, alẽwo kple subɔla geɖewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa le asinye. Mele ame siawo ɖom ɖa be woana nyanya wò nye aƒetɔ be megbɔna, eye mele mɔ kpɔm be àxɔ mí nɔvitɔe.’”
6 И возвратишася послы ко Иакову, глаголюще: ходихом ко брату твоему Исаву, и се, сам идет во сретение тебе, и четыриста мужей с ним.
Ame dɔdɔawo trɔ tso Esau gbɔ va gblɔ na Yakob be Esau gbɔna Yakob kpe ge kple ame alafa ene!
7 Убояся же Иаков зело и в недоумении бе: и раздели люди сущыя с собою, и волы и велблюды и овцы на два полка,
Vɔvɔ̃ ɖo Yakob. Ema eƒe amewo kple lãhawo kpakple kposɔwo ɖe akpa eve,
8 и рече Иаков: аще приидет Исав на един полк и изсечет и, будет вторый полк во спасении.
elabena egblɔ be, “Ne Esau adze hatsotso ɖeka dzi la, ɖewohĩ hatsotso evelia me tɔwo ate ŋu asi.”
9 Рече же Иаков: Бог отца моего Авраама и Бог отца моего Исаака, Господи Боже, Ты рекий ми: иди в землю рождения твоего, и благо тебе сотворю:
Tete Yakob do gbe ɖa be “O, tɔgbuinye Abraham kple fofonye Isak ƒe Mawu, O, Yehowa, wò ame si gblɔ nam be matrɔ va nye ƒometɔwo ƒe anyigba dzi, eye nèdo ŋugbe be yeawɔ nyui nam la,
10 довлеет ми от всея правды и от всея истины, юже сотворил еси рабу Твоему: с жезлом бо сим преидох Иордан сей, ныне же бех в два полка:
nyemedze na wò amenuveve si nèɖena fiaam edziedzi abe ale si nèdo ŋugbe nam ene o, elabena esi metso Yɔdan la, naneke menɔ asinye wu atizɔti ɖeka o! Ke azɔ la, mezu aʋakɔ eve!
11 изми мя от руки брата моего, от руки Исава: яко боюся аз его, да не когда пришед убиет мя и матерь с чады:
O, Yehowa, meɖe kuku na wò, ɖem tso tsɔtsrɔ̃ me le fonye Esau ƒe asi me, elabena mele vɔvɔ̃m ŋutɔ be ava ho aʋa ɖe nye ŋutɔ, srɔ̃nyewo kple vinyewo ŋu.
12 ты же рекл еси: благо тебе сотворю и положу семя твое яко песок морский, иже не изочтется от множества.
Ke èdo ŋugbe be yeawɔ nyui nam, eye yeana nye dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ƒutake ene, eye womate ŋu axlẽ wo o.”
13 И спа тамо нощи тоя, и взя, яже имяше дары, и посла Исаву брату своему:
Etsi afi ma dɔ, eye wòtia nu siwo nɔ esi la ƒe ɖe na foa Esau:
14 коз двести, козлов двадесять, овец двести, овнов двадесять,
gbɔ̃nɔ alafa eve kple gbɔ̃tsu blaeve, alẽnɔ alafa eve kple agbo blaeve,
15 велблюдов дойных, и жребят их тридесять, волов четыредесять, юнцов десять, ослов двадесять и жребят десять:
kposɔnɔ blaetɔ̃ kple wo viwo, nyinɔ blaene kple nyitsu ewo, tedzinɔ blaeve kple tedzitsu ewo.
16 и даде их рабом своим, (коеждо) стадо особо, и рече рабом своим: идите предо мною, и разстояние творите между стадом и стадом.
Egblɔ na eƒe subɔlawo be woadze ŋgɔ kple lãha siawo, lãha ɖe sia ɖe nanɔ eɖokui si, eye dometsotso nanɔ wo dome.
17 И заповеда первому глаголя: аще тя срящет Исав брат мой и вопросит тя глаголя: чий еси, и камо идеши, и чия сия, яже пред тобою идут?
Egblɔ na ame siwo le lãha gbãtɔ kplɔm la be ne wodo go Esau, eye wòbia wo be, “Afi ka yim miele? Ame ka ƒe subɔlawo mienye? Ame ka ƒe lãwoe nye esiawo?” la,
18 Речеши: раба твоего Иакова: дары посла господину моему Исаву: и се, сам за нами (идет).
woaɖo eŋu be, “Wò subɔla, Yakob ƒe lãwoe. Wonye nunana na eƒe aƒetɔ Esau! Ele mía yome gbɔna!”
19 И заповеда первому, и второму, и третиему, и всем предидущым вслед стад сих глаголя: по словеси сему глаголите Исаву, егда обрящете его вы,
Yakob gblɔ nya mawo ke na lãkplɔla bubuawo hã be woagblɔ na Esau.
20 и рцыте: се, раб твой Иаков идет за нами: рече бо: укрощу лице его дарами предидущими его, и посем узрю лице его: негли бо приимет лице мое?
Yakob ƒe tameɖoɖoe nye be yeakpata Esau kple nunanawo hafi yeado goe ŋkume kple ŋkume! Yakob kpɔ mɔ be, “Ɖewohĩ axɔ mí nyuie.”
21 И предидяху дары пред лицем его, сам же преспа тоя нощи в полце.
Ale wòɖo nunanawo ɖa do ŋgɔ, eye Yakob gatsi asaɖa me dɔ.
22 Востав же тоя нощи, поя обе жены (своя) и обе рабыни и единонадесять сынов своих, и прейде брод Иавок:
Le zã me la, Yakob fɔ, eye wòkplɔ srɔ̃a eveawo, eƒe kosi eveawo kple via wuiɖekɛawo, eye wotso Yɔdan tɔsisi la le tɔtsoƒe si ŋkɔe nye Yabok.
23 и взя их, и прейде поток, и преведе вся своя.
Ale wòkplɔ wo tso tɔ lae kple eƒe nunɔamesiwo katã.
24 Остася же Иаков един. И боряшеся с ним Человек даже до утра.
Yakob trɔ va asaɖa la me, eye eya ɖeka nɔ afi ma. Ŋutsu aɖe te kame kplii va se ɖe fɔŋli.
25 Виде же, яко не может противу ему: и прикоснуся широте стегна его: и отерпе широта стегна Иаковля, егда боряшеся с Ним.
Esi ŋutsu la kpɔ be yemate ŋu aɖu Yakob dzi o la, etɔ asi Yakob ƒe aligo, eye ƒuawo gli le enu.
26 И рече ему: пусти Мя: взыде бо заря. Он же рече: не пущу Тебе, аще не благословиши мене.
Tete ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le ŋunye mayi, elabena ŋu le kekem.” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o, negbe ɖeko nàyram hafi.”
27 Рече же ему: что ти имя есть? Он же рече: Иаков.
Ŋutsu la biae be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu be, “Yakob.”
28 И рече ему: не прозовется ктому имя твое Иаков, но Исраиль будет имя твое: понеже укрепился еси с Богом и с человеки силен будеши.
Ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Womagayɔ wò azɔ nenema o! Woayɔ wò azɔ be Israel, ame si te kame kple Mawu. Esi nète kame kple Mawu ta la, àɖu amewo dzi.”
29 Вопроси же Иаков и рече: повеждь ми имя Твое. И рече: вскую сие вопрошаеши ты имене Моего? Еже чудно есть. И благослови его тамо.
Yakob biae be, “Wò hã ŋkɔwò ɖe?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nu ka ta nèbia ŋkɔnye ta ɖo.” Eye wòyrae le afi ma.
30 И прозва Иаков имя месту тому Вид Божий: видех бо Бога лицем к лицу, и спасеся душа моя.
Yakob na ŋkɔ teƒea be “Peniel” si gɔmee nye “Mawu ƒe ŋkume,” elabena egblɔ be, “Mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume, gake metsi agbe.”
31 Возсия же ему солнце, егда прейде Вид Божий: он же хромаше стегном своим.
Esi wògadze mɔ ko la, ɣe dze. Le eƒe aligoƒu si gli ta la, ede asi tɔtɔ me.
32 Сего ради не ядят сынове Израилевы жилы, яже отерпе, яже есть в широте стегна, даже до дне сего: понеже прикоснуся широте стегна Иаковли жилы, яже отерпе.
Esia ta Israelviwo meɖua ka titri si to lãwo ƒe aligo dzi o, elabena wotɔ asi ka si le Yakob ƒe aligokpeƒe la dzi.

< Бытие 32 >