< Книга Ездры 10 >
1 И егда моляшеся Ездра и егда исповедашеся плачущь и моляся пред домом Божиим, собрашася к нему от Израиля собрание велие зело, мужие и жены и отроцы яко плакахуся людие и вознесоша плачь.
Esi Ezra nɔ gbe dom ɖa, nɔ nu vɔ̃ me ʋum, nɔ avi fam, eye wòtsɔ eɖokui nɔ xaxlãm ɖe anyi le Mawu ƒe aƒe la ŋkume la, Israelviwo ƒe ameha gã aɖe, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu. Woawo hã wofa avi vevie.
2 И отвеща Сехениа сын Иеилев от сынов Иламлих и рече Ездре: мы преступихом пред Богом нашим и пояхом жены чуждия от людий земли, и ныне есть упование Израилю о сем:
Tete Yehiel ƒe vi, Sekania, Elam ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, gblɔ na Ezra be, “Míeto nyateƒe na míaƒe Mawu la o, to dutanyɔnuwo ɖeɖe me tso dukɔ siwo ƒo xlã mí la me. Togbɔ be ele alea hã la, mɔkpɔkpɔ gali na Israel ko.
3 и ныне завещаем завет Богу нашему, да отвержем вся жены и рожденых от них, якоже хощет: востани и устраши их заповедьми Бога нашего, и по закону да будет:
Azɔ la, mina míabla nu le míaƒe Mawu la ŋkume be míatrɔ nyɔnu siawo katã kple woƒe viwo aɖo ɖa, le nye aƒetɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo kple ame siwo vɔ̃a míaƒe Mawu la ƒe sededewo ƒe nya nu. Mina míawɔe ɖe sea nu.
4 востани, понеже на тебе есть глагол, и мы с тобою: укрепися и сотвори.
Tsi tsitre, nya sia le asiwò me. Míade megbe na wò, eya ta tso nàlé dzi ɖe ƒo eye nàwɔe.”
5 И воста Ездра, и закля князи, священники и левиты и всего Израиля, да сотворят по словеси сему. И кляшася.
Ale Ezra tsitre eye wòna nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel blibo la ka atam be woawɔ ɖe susu si wodo ɖa la dzi. Tete woka atam la.
6 И воста Ездра от лица дому Божия и иде в сокровищный дом Ионана сына Елисувова и седе тамо: хлеба не яде и воды не пи, плакаше бо о преступлении пришедших от пленения.
Ale Ezra dzo le Mawu ƒe aƒe la ŋkume heyi ɖe Yehohanan, Eliasib ƒe vi ƒe xɔ me. Esi wònɔ afi ma la, meɖu nu alo no tsi o, elabena eganɔ konyi fam ko tso aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ŋu.
7 И послано бысть слово во Иудею и во Иерусалим всем сыновом преселения, да соберутся во Иерусалим:
Le esia megbe la, woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem katã be ame siwo katã gbɔ tso aboyome la naƒo ƒu ɖe Yerusalem.
8 всяк, иже аще не приидет в три дни, по совету князей и старейшин, возмется все имение его, и той отлучен будет от сонмища преселения.
Ame si meva le ŋkeke etɔ̃ me o la, abu eƒe nunɔamesiwo katã le ametsitsiawo kple dɔnunɔlawo ƒe nyametsotso nu, eye woaɖe amea ɖa le aboyometsolawo ƒe hame.
9 И собрашася вси мужие Иудины и Вениамини во Иерусалим треми денми: сей есть месяц девятый: в двадесятый день месяца седоша вси людие пред домом Божиим трепещуще о словеси и от зимы.
Le ŋkeke etɔ̃ me la, Yuda kple Benyamin ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe Yerusalem. Ale le dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blaevea gbe la, ameawo katã va nɔ anyi ɖe xɔxɔnu si dze ŋgɔ Mawu ƒe aƒe la. Wonɔ dzodzom nyanyanya le nya sia kple tsi gã si nɔ dzadzam la ta.
10 И воста Ездра священник и рече к ним: вы преступисте и взясте жены иноплеменнически, еже приложити ко греху Израилеву:
Nunɔla Ezra tsitre gblɔ na wo be, “Miewɔ nuteƒe o, mieɖe dutanyɔnuwo, hedzi Israel ƒe agɔdzedze ɖe edzi.
11 и ныне дадите хвалу Господу Богу отец наших, и сотворите угодное пред Ним, и отлучитеся от людий земли и от жен иноплеменнических.
Azɔ la, miʋu nu vɔ̃ me na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Miɖe mia ɖokuiwo ɖa tso dukɔ siwo ƒo xlã mi la gbɔ, eye miɖe asi le miaƒe dutanyɔnuwo ŋu.”
12 И отвещаша все множество гласом великим и реша: по словеси твоему к нам сотворим:
Ameha la ɖo eŋu nɛ kple gbe sesẽ be, “Wò nya la le eteƒe! Ele be míawɔ abe ale si nègblɔ ene,
13 обаче людие мнози суть, и время зимнее, и несть мощно стояти вне: и дело несть дне единаго или двух, зело бо много согрешихом во словеси сем:
gake ame geɖewo le afi sia, eye wònye tsidzaŋɔli hã, ale míate ŋu anɔ tsitre ɖe gota o. Gawu la, womate ŋu awɔ nya sia ŋu dɔ le ŋkeke ɖeka alo eve me o, elabena míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu sia me.
14 да поставятся князие наши во всем множестве и во всех градех наших, иже пояша жены иноплеменничи, да приидут во времена повеленная, и с ними старейшины от всякаго града и судии, еже отвратити гнев ярости Бога нашего от нас словесе ради сего.
Na be míaƒe amegãwo nawɔ dɔ ɖe ameha la nu, na be, ame siwo le míaƒe duwo me, esiwo ɖe dutanyɔnuwo la nava ɖe ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi kple dumegãwo kpakple ʋɔnudrɔ̃la siwo le du siwo me wotso la me va se ɖe esime míaƒe Mawu la ƒe dziku dziŋɔ la nakɔ ɖa le mía dzi.”
15 Обаче Ионафан сын Асаилев и Иасса сын Фекуев со мною о сем, и Месоллам и Савафай левитин помагаяй им.
Ame siwo tsi tsitre ɖe nya sia ŋu la koe nye, Yonatan, Asahel ƒe vi kple Yahzeya, Tikva ƒe vi eye Mesulam kple Sabetai, Levitɔ la, da megbe na wo.
16 И сотвориша тако сынове преселения: и разыдошася Ездра священник и мужие князие отечеств в домы, и вси по именом, яко обратишася в день первый месяца десятаго, да взыщут глагола:
Ale aboyometsolawo wɔ abe ale si dzi woɖo kpee ene. Nunɔla Ezra tia ŋutsu siwo nye ƒometatɔwo, tso ƒome ɖe sia ɖe me, eye ɖe sia ɖe kple eƒe ŋkɔ. Le dzinu ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wonɔ anyi be woaku nya la me,
17 и совершиша во всех мужех, иже пояша жены иноплеменничи, даже до дне перваго месяца перваго.
eye le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wowu ŋutsu siwo katã ɖe dutasrɔ̃ la ƒe nyawo nu.
18 И обретени суть от сынов священнических иже введоша жены иноплеменничи, от сынов Иисуса сына Иоседекова и братия его Маасиа и Елиезер, и Иарим и Гадалиа:
Ame siawoe ɖe dutanyɔnu le nunɔlawo dome. Ame siwo ɖee tso Yozadak ƒe vi, Yesua kple nɔvia ŋutsuwo ƒe dzidzimeviwo dome la woe nye: Maaseya, Eliezer, Yarib kple Gedalia.
19 и даша руки своя изгонити жены своя, и согрешившии принесоша от овец о преступлении своем овна:
Wo katã wodo asi ɖe dzi, ɖe adzɔgbe be, yewoaɖe asi le yewoƒe dutanyɔnuawo ŋu, eye ɖe woƒe agɔdzedze la ta la, ɖe sia ɖe na agbo ɖeka tso lãhawo dome abe nu vɔ̃ vɔsa ene.
20 и от сынов Еммировых Ананий и Завдиа:
Tso Imer ƒe dzidzimeviwo dome: Hanani kple Zebadia.
21 и от сынов Ирамлих Маасиа и Еллиа, и Самиа и Иеиил и Озиа:
Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome: Maaseya, Eliya, Semaya, Yehiel kple Uzia.
22 и от сынов Фассуровых Елиоинай, Маасиа и Исмаил, и Нафанаель и Иозавад и Иласа:
Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo dome: Elioenai, Maaseya, Ismael, Netanel, Yozabad kple Eleasa.
23 и от левитов Иозавад и Фамуй и Колиа, тойже и Колит, и Фефеиа, и Иуда и Елиезер:
Tso Levitɔwo dome: Yozabad, Simei, Kelaya (alo Kelita), Petahia, Yuda kple Eliezer.
24 и от певцев Елисав: и от дверник Солмин и Телмин и Одуа:
Tso hadzilawo dome: Eliasib. Tso agbonudzɔlawo dome: Salum, Telem kple Uri.
25 и от Израиля, от сынов Форосовых Рамиа и Азиа, и Мелхиа и Мелмин, и Елиазар и Асавиа и Ванеа:
Tso Israelvi bubuwo dome: Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome: Ramia, Izia, Malkiya, Miyamin, Eleazar, Malkiya kple Benaya.
26 и от сынов Иламовых Матфаниа и Захариа, и Иаиил и Авдий, и Иеримоф и Илиа:
Tso Elam ƒe dzidzimeviwo dome: Matania, Zekaria, Yehiel, Abdi, Yeremot kple Eliya.
27 и от сынов Зафуевых Елионай, Елисув, Мафанай и Армоф, и Завад и Озиза:
Tso Zatu ƒe dzidzimeviwo dome: Elioenai, Eliasib, Matania, Yeremot, Zabad kple Aziza.
28 и от сынов Вавеиных Ионан, Ананиа и Завуй и Фали:
Tso Bebai ƒe dzidzimeviwo dome: Yehohanan, Hananiya, Zabai kple Atlai.
29 и от сынов Вануевых Мосоллам, Маллух, Адаиа, Иасув и Саал и Римоф:
Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome: Mesulam, Maluk, Adaya, Yasub, Seal kple Yeremot.
30 и от сынов Фааф-Моавлих Еднеа и Халил и Ванаиа, Маасиа, Матфаниа, Веселеил и Вануй и Манассии:
Tso Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo dome: Adna, Kelal, Benaya, Maaseya, Matania, Bezalel, Binui kple Manase.
31 и от сынов Ирамовых Елиезер, Иесиа, Мелхиа, Самаиа, Семеон,
Tso Harim ƒe dzidzimeviwo dome: Eliezer, Isiya, Malkiya, Semaya, Simeon,
32 Вениамин, Малух, Самариа:
Benyamin; Maluk kple Semaria.
33 и от сынов Асимовых Метфанаиа, Мафафа, Завад, Елифалет, Иерами Манассий, Семей:
Tso Hasum ƒe dzidzimeviwo dome: Matenai, Matata, Zabad, Elifelet, Yeremai, Manase kple Simei.
34 и от сынов Ванииных Моодиа, Амрам и Уил,
Tso Bani ƒe dzidzimeviwo dome: Madai, Amram, Uel,
35 Ванаиа, Вадаиа, Хелиа,
Benaya, Bedeya, Keluhi,
36 Уаниа, Маримоф и Елиасив,
Vania, Meremot, Eliasib,
Matania, Matenai kple Yaasu.
38 И сотвориша сынове Вануиевы и сынове Семеины,
Tso Binui ƒe dzidzimeviwo dome: Simei,
39 и Салемиа и Нафан и Адаиа,
Selemia, Natan, Adaya,
Maknadebai, Sasai, Sarai,
Azarel, Selemia, Semaria,
42 Селлум, Амариа, Иосиф:
Salum, Amaria kple Yosef.
43 от сынов Навуиных Иеиил, Мафафиа, Завад, Зевенай, Иадай и Иоиль и Ванеа.
Tso Nebo ƒe dzidzimeviwo dome: Yeiel, Matitia, Zabad, Zebina, Yadai, Yoel kple Benaya.
44 Вси тии пояша жены иноплеменнически, и родиша от них сыны.
Ame siawo katã ɖe dutanyɔnuwo, eye wo dometɔ aɖewo la, wo kple dutanyɔnuawo gɔ̃ hã dzi viwo.