< Псалми 2 >

1 Зашто се буне народи и племена помишљају залудне ствари?
Nu ka ta dukɔwo le nugbe ɖom, eye amewo le nu dzodzrowo ɖom?
2 Устају цареви земаљски, и кнезови се скупљају на Господа и на помазаника Његовог.
Anyigbadzifiawo ɖo afɔ anyi sesĩe, eye dumegãwo ƒo ta kpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ŋu.
3 "Раскинимо свезе њихове и збацимо са себе јарам њихов."
Wole gbɔgblɔm be, “Mina míado le Yehowa kple eƒe amesiamina la te, eye míana ablɔɖe mía ɖokuiwo.”
4 Онај, што живи на небесима, смеје се, Господ им се подсмева.
Ame si woɖo zi dzi le dziƒo la ko nu, eye Yehowa ɖe alɔme le wo ŋu.
5 Па им говори у гневу свом и јарошћу својом збуњује их:
Tete wòka mo na wo le eƒe dɔmedzoe me, eye wòdo ŋɔdzi na wo le eƒe dziku helĩhelĩ me hegblɔ be,
6 "Ја сам помазао цара свог на Сиону, на светој гори својој."
“Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion, nye to kɔkɔe la dzi.”
7 Казаћу наредбу Господњу; Он рече мени: "Ти си син мој, ја те сад родих.
Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe sedede la; Yehowa gblɔ nam be, “Wòe nye vinye ŋutsu, egbea mezu fofowò.
8 Ишти у мене, и даћу ти народе у наследство, и крајеве земаљске теби у државу.
Biam, ne matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinui kple anyigba ƒe seƒewo ke awɔ tɔwòe.
9 Ударићеш их гвозденом палицом; разбићеш их као лончарски суд."
Àtsɔ gafiatikplɔ aɖu wo dzii, eye àxlã wo ɖi, woakaka abe ale si ze gbãnae ene.”
10 Сад, цареви, оразумите се; научите се судије земаљске!
Eya ta mi fiawo, midze nunya, eye mi anyigbadzidumegãwo, miɖo to nuxlɔ̃ame.
11 Служите Господу са страхом, и радујте се с трепетом.
Mitsɔ ɖokuibɔbɔ kple bubu subɔ Yehowa le dzidzɔ gã me kple dzodzo nyanyanya.
12 Поштујте сина, да се не разгневи, и ви не изгинете на путу свом; јер ће се гнев Његов брзо разгорети. Благо свима који се у Њ уздају!
Mitsɔ ɖokuibɔbɔ do ɖe fia la ŋkume, ne menye nenema o la, ado dziku, eye wòatsrɔ̃ mi kpata, elabena eƒe dɔmedzoe ate ŋu afla ɣe sia ɣi. Woayra ame siwo katã tsɔe wɔ sitsoƒee.

< Псалми 2 >