< Psalmi 41 >

1 Blago onome koji razumije ništemu! Gospod æe ga izbaviti u zli dan.
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woayra ame si tsɔ ɖe le eme na ame dahewo, Yehowa aɖee le xaxaɣi.
2 Gospod æe ga saèuvati i poživiæe ga; biæe blažen na zemlji. Neæeš ga dati na volju neprijateljima njegovijem.
Yehowa adzɔ eŋu, eye wòakpɔ eƒe agbe ta. Yehowa ayrae le anyigba dzi, eye matsɔe ade asi na eƒe futɔwo ƒe didi o.
3 Gospod æe ga ukrijepiti bolna na odru. Sasvijem mijenjaš postelju njegovu u bolesti njegovoj.
Yehowa anɔ kplii le dɔba dzi, eye wòana lãmesesẽe, afɔe tso dɔba dzi.
4 Ja vièem: Gospode! smiluj se na me, iscijeli dušu moju, sagriješih ti.
Megblɔ be, “O! Yehowa, kpɔ nublanui nam, yɔ dɔm, elabena mewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò.”
5 Neprijatelji moji govore zlobno za mene: “kad æe umrijeti, i ime njegovo poginuti?”
Nye futɔwo le gbɔgblɔm tso ŋunye fewuɖutɔe be, “Ɣe ka ɣi gɔ̃e wòle kuku ge ne eƒe ŋkɔ natsrɔ̃?”
6 I ako ko doðe da me vidi, laska; srce njegovo slaže u sebi nepravdu, i otišavši kazuje.
Ne ame aɖe ɖi tsa va be yeakpɔm ɖa la, edaa alakpa, eƒe dzi ƒoa ameŋugblẽnyawo nu ƒu, eye wòdoa go yina kakanɛ.
7 Šapæu o meni meðu sobom neprijatelji moji, i misle mi zlo:
Nye futɔwo katã le dalĩ dom le ŋutinye, eye wole nu vɔ̃ɖiwo susum tso ŋutinye le gbɔgblɔm be,
8 “Zla stvar doðe na njega, legao je; neæe više ustati.”
“Dɔléle vɔ̃ɖi aɖe dze edzi, magatso le afi si wòmlɔ la akpɔ gbeɖe o.”
9 I èovjek mira mojega, u kojega se uzdah, koji jeðaše hljeb moj, podiže na me petu.
Xɔ̃nye si tsi metoa nye kplii dome o, ame si dzi meka ɖo, eye wòɖua nu kplim la kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋutinye.
10 Ali ti, Gospode, smiluj se na me, i podigni me; a ja æu im vratiti.
O! Yehowa, ke wò ya kpɔ nye nublanui, kɔm ɖe dzi be maɖo teƒe na wo.
11 Po tome æu poznati da sam ti mio, ako se ne uzraduje neprijatelj moj nada mnom.
Menya be èkpɔ ŋudzedze le ŋutinye, elabena nye ketɔ meɖu dzinye o.
12 A mene cijela saèuvaj, i daj mi da stojim pred licem tvojim dovijeka.
Le nye nuteƒewɔwɔ ta la, èlém ɖe asi, eye nètsɔm ɖo wò ŋkume tegbetegbe.
13 Blagosloven Bog Izrailjev od vijeka do vijeka. Amin, amin.
Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la tso mavɔ me yi mavɔ me.

< Psalmi 41 >