< Sudije 9 >

1 I Avimeleh sin Jerovalov otide u Sihem k braæi matere svoje i reèe njima i svemu rodu otaèkoga doma matere svoje govoreæi:
Gbe ɖeka la Abimelek, Yerubaal ƒe vi, ɖi tsa yi ɖasra nyruiawo kpɔ le Sekem
2 Kažite svijem Sihemljanima: šta vam je bolje, da su vam gospodari sedamdeset ljudi, svi sinovi Jerovalovi, ili da vam je gospodar jedan èovjek? I opominjite se da sam ja kost vaša i tijelo vaše.
eye wòdo susu sia ɖe wo gbɔ be: Alekee, anyo na mi be Yerubaal ƒe vi blaadre sɔŋ naɖu fia ɖe mia dzi loo, alo be nye Abimelek, ame si nye mia vi ŋutɔŋutɔ la naɖu fia ɖe mia dzia, miyi ɖabia dumemetsitsiawo se.
3 Tada rekoše braæa matere njegove za nj svijem Sihemljanima sve te rijeèi, i srce njihovo privi se k Avimelehu, jer rekoše: naš je brat.
Ale Abimelek nyruiawo yi dumemetsitsiwo gbɔ hetsɔ Abimelek ƒe nya la ɖo woƒe ŋkume. Woɖo be, esi Abimelek dada tso yewoƒe dua me ta la, yewoxɔ Abimelek ƒe nya la.
4 I dadoše mu sedamdeset sikala srebra iz doma Val-Veritova, za koje najmi Avimeleh ljudi praznova i skitnica, te iðahu za njim.
Ale wona gae tso esi wodzɔ le trɔ̃ Baal Berit subɔƒe la me eye fia Abimelek tsɔ ga sia ƒo gbevu aɖewo nu ƒu ɖe eɖokui ŋu.
5 I doðe u kuæu oca svojega u Ofru, i pobi braæu svoju, sinove Jerovalove, sedamdeset ljudi, na jednom kamenu; ali osta Jotam najmlaði sin Jerovalov, jer se sakri.
Ekplɔ wo yi fofoa ƒe aƒe me le Ofra eye wòna wowu Yerubaal ƒe vi blaadreawo ɖe kpe ɖeka dzi, ke Yerubaal ƒe vi ɖeka, Yotam, koe si ɖaɣla eɖokui.
6 Tada se skupiše svi Sihemljani i sav dom Milov, i otidoše i postaviše Avimeleha carem kod hrasta koji stoji u Sihemu.
Esia megbe la, Sekemtɔwo kple Betmilɔtɔwo wɔ takpekpe gã aɖe le oɖumti la te le Sekem eye woɖo Abimelek fiae.
7 A kad to javiše Jotamu, otide i stade navrh gore Garizina, i podigavši glas svoj povika i reèe im: èujte me, Sihemljani, tako vas Bog èuo!
Esi wogblɔ nya sia na Yotam la, eyi Gerizim to la tame eye wòdo ɣli gblɔ na wo be, “Miɖo tom, mi Sekemtɔwo, ale be Mawu naɖo to mi.
8 Išla drveta da pomažu sebi cara, pa rekoše maslini: budi nam car.
Gbe ɖeka la, atiwo kpe ta be woaɖo fia na wo ɖokui. Wogblɔ na amiti be, ‘Ɖu fia ɖe mía dzi.’
9 A maslina im reèe: zar ja da ostavim pretilinu svoju, kojom se èast èini Bogu i ljudima, pa da idem da tumaram za druga drveta?
“Gake amiti ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ amidzidzi, ami si wotsɔna dea bubu mawuwo kple amegbetɔwo ŋu be mava ɖu fia ɖe atiwo dzia?’
10 Potom rekoše drveta smokvi: hodi ti, budi nam car.
“Emegbe la wogblɔ na gboti be, ‘Va ɖu fia ɖe mía dzi.’
11 A smokva im reèe: zar ja da ostavim slast svoju i krasni rod svoj, pa da idem da tumaram za druga drveta?
“Ke gboti ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ nye ku vivi ŋanɛwo tsetse be maɖu fia ɖe atiwo dzia?’
12 Tada rekoše drveta vinovoj lozi: hodi ti, budi nam car.
“Wogblɔ na wainka be, ‘Va ɖu fia ɖe mía dzi.’
13 A loza im reèe: zar ja da ostavim vino svoje, koje veseli Boga i ljude, pa da idem da tumaram za druga drveta?
“Ke wainka ɖo eŋu na wo be, ‘Ɖe madzudzɔ wain si doa dzidzɔ na mawuwo kple amewo siaa la tsetse ale be maɖu fia ɖe atiwo dzia.’
14 Tada sva drveta rekoše trnu: hodi ti, budi nam car.
“Mlɔeba la, atiawo katã gblɔ na ŋuti be, ‘Va, nàɖu fia ɖe mía dzi.’
15 A trn odgovori drvetima: ako doista hoæete mene da pomažete sebi za cara, hodite sklonite se u hlad moj; ako li neæete, neka izide oganj iz trna i spali kedre Livanske.
“Ŋuti gblɔ na atiawo be, ‘Ne miaɖom fiae ɖe mia nu vavã la, ekema miva be ɖe nye vɔvɔli te, ke ne menye nenema o la, mina dzo nado tso ŋuti la me ava bi Lebanon ƒe sedatiwo.’”
16 Tako sada, jeste li pravo i pošteno radili postavivši Avimeleha carem? i jeste li dobro uèinili Jerovalu i domu njegovu? i jeste li mu uèinili kako vas je zadužio?
Yotam yi edzi be, “Ɖe miewɔ nu dzɔdzɔe ɖe Yerubaal kple eƒe dzidzimeviwo ŋu be mietsɔ Abimelek ɖo fia mahã?
17 Jer je otac moj vojevao za vas i nije mario za život svoj, i izbavio vas je iz ruku Madijanskih.
Fofonye wɔ aʋa na mi, tsɔ eƒe agbe ke eye wòɖe mi tso Midiantɔwo ƒe asi me,
18 A vi danas ustaste na dom oca mojega, i pobiste sinove njegove, sedamdeset ljudi, na jednom kamenu, i postaviste carem Avimeleha, sina sluškinje njegove, nad Sihemljanima zato što je brat vaš.
ke mietso ɖe eŋu eye miewu via blaadre le kpe ɖeka dzi. Azɔ la, mietsɔ via Abimelek, ame si nye fofonye ƒe kosi vi la ɖo fiae elabena miaƒe ƒometɔ wònye.
19 Ako ste pravo i pošteno radili danas prema Jerovalu i njegovu domu, veselite se s Avimeleha i on neka se veseli s vas.
Ne mieka ɖe edzi be yewowɔ nu dzɔdzɔe ɖe Yerubaal kple eƒe dzidzimeviwo ŋu la, ekema agbe nadidi na mi eye eme nafa na miawo kple Abimelek siaa.
20 Ako li nijeste, neka izide oganj od Avimeleha i spali Sihemljane i dom Milov, i neka izide oganj od Sihemljana i od doma Milova i spali Avimeleha.
Ke ne miewɔ nu dzɔdzɔe ɖe Gideon ŋu o la, ekema Abimelek natsrɔ̃ Sekemtɔwo kple Betmilɔt ƒe amewo eye woawo hã natsrɔ̃ Abimelek!”
21 Tada pobježe Jotam, i pobjegav doðe u Vir, i ondje osta bojeæi se Avimeleha brata svojega.
Azɔ vɔvɔ̃ na nɔvia Abimelek ta la, Yotam si yi ɖanɔ Beer.
22 I vlada Avimeleh Izrailjem tri godine.
Le Abimelek ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe etɔ̃ megbe la,
23 Ali Bog pusti zlu volju meðu Avimeleha i meðu Sihemljane; i Sihemljani iznevjeriše Avimeleha,
Mawu na dzre va dzɔ ɖe Fia Abimelek kple Sekemtɔwo dome, ale Sekemtɔwo tso ɖe fia la ŋu.
24 Da bi se osvetila nepravda uèinjena na sedamdeset sinova Jerovalovijeh, i krv njihova da bi došla na Avimeleha brata njihova, koji ih ubi, i na Sihemljane, koji ukrijepiše ruku njegovu da ubije braæu svoju.
Le nya siwo va dzɔ me la, wohe to na Abimelek kple Sekemtɔ siwo kpe ɖe eŋu le Yerubaal ƒe vi blaadreawo wuwu me.
25 I Sihemljani pometaše mu zasjede po vrhovima gorskim, pa plijenjahu sve koji prolažahu mimo njih onijem putem. I bi javljeno Avimelehu.
Sekemtɔwo be ɖe mɔ si yi to la dzi la dzi na Abimelek. Esi wonɔ elalam be wòava yi la, woda adzo ame siwo va to mɔ la dzi yina. Ke ame aɖe fi tofi na Abimelek le nugbe si woɖo ɖe eŋu la ŋuti.
26 Potom doðe Gal sin Evedov sa svojom braæom, i uljezoše u Sihem, i Sihemljani se pouzdaše u nj.
Ɣe ma ɣi la, Gaal, Ebed ƒe vi, ʋu kple nɔviawo yi Sekem eye wòzu ame ŋkutawo dometɔ ɖeka le dua me.
27 I izašavši u polje braše vinograde svoje i gaziše grožðe, i veseliše se; i uðoše u kuæu boga svojega, i jedoše i piše, i psovaše Avimeleha.
Le esime wonɔ nuŋeŋeŋkekenyui ɖum le Sekem le ƒe ma me le woƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, amewo no wain nyuie eye wode asi fiƒoƒo de Abimelek me.
28 I Gal sin Evedov reèe: ko je Avimeleh i šta je Sihem, da mu služimo? Nije li sin Jerovalov? a Zevul nije li njegov pristav? Služite sinovima Emora oca Sihemova. A što bismo služili tomu?
Gaal do ɣli be, “Ame kae nye Abimelek eye nu ka ta wòanye míaƒe fia? Nu ka ta míanye eƒe subɔlawo? Eya kple xɔlɔ̃a, Zebul, boŋue anye míawo ƒe subɔlawo. Miɖe kɔ ɖa le Abimelek ŋu!
29 O kad bi taj narod bio pod mojom rukom, da smetnem Avimeleha! I reèe Avimelehu: prikupi vojsku svoju, i izidi.
Mitsɔm ɖo fiae eye enumake miakpɔ nu si adzɔ ɖe Abimelek dzi! Magblɔ na Abimelek be, ‘Ƒo aʋawɔlawo nu ƒu eye nàho aʋa!’”
30 A kad èu Zevul, upravitelj gradski, rijeèi Gala sina Evedova, razgnjevi se vrlo.
Ke esi dumegã Zebul se nya si Gaal gblɔ la, edo dɔmedzoe.
31 I posla tajno poslanike k Avimelehu i poruèi mu: evo Gal sin Evedov i braæa mu doðoše u Sihem, i evo pobuniše grad na te.
Enumake eɖo du ɖe Abimelek le Aruma be, “Gaal, Ebed ƒe vi kple eƒe ƒometɔwo ʋu va le Sekem eye wole aɖaŋu vɔ̃ ɖom na amewo be woatso ɖe ŋuwò.
32 Nego ustani noæu ti i narod što je s tobom, i zasjedi u polju.
Wò kple wò aʋakɔ miva be ɖe gbedzi le zã me
33 A ujutru kad sunce ograne, digni se i udari na grad; i evo on i narod koji je s njim izaæi æe preda te, pa uèini s njim što ti može ruka.
eye ne ŋu ke ko la, mige ɖe dua me. Ne Gaal kple eƒe amewo do va kpe mi la, ekema miate ŋu awɔ nu sia nu si dze mia ŋu la kpli wo!”
34 I Avimeleh usta noæu i sav narod što bješe s njim; i zasjedoše Sihemu u èetiri èete.
Abimelek kple eƒe amewo zɔ mɔ le zã me, woma ɖe akpa ene me eye wode xa ɖe teƒe vovovowo ƒo xlã dua.
35 A Gal sin Evedov izide i stade pred vratima gradskim; a Avimeleh i narod što bješe s njim izide iz zasjede.
Esi ŋu ke, le ŋdi me la, esime Gaal nɔ anyi ɖe dua ƒe agbo nu henɔ aɖaŋu dem kple dumemetsitsiawo la, Abimelek kple eƒe amewo lũ ɖe dua dzi.
36 A Gal vidjev narod reèe Zevulu: eno narod slazi svrh gore. A Zevul mu odgovori: od sjena gorskoga èine ti se ljudi.
Esi Gaal kpɔ wo la, edo ɣli gblɔ na Zebul be, “Kpɔ to ma dzi ɖa! Medze abe amewoe le ɖiɖim tso afi ma gbɔna ene oa?” Zebul ɖo eŋu be, “Ao! Vɔvɔliwo ko kpɔm nèle abe amewo ene!”
37 Opet progovori Gal i reèe: eno narod slazi s visa, i èeta jedna ide putem k šumi Meonenimskoj.
Gaal yi edzi be, “Kpɔ afi ma nyuie, meka ɖe edzi be mekpɔ amewo le lulũm ɖe mía dzi gbɔna. Kpɔ afi sia hã ɖa, ame bubuwo hã gbɔna; wodze le Meomenim ƒe oɖumti la ŋu!”
38 A Zevul mu reèe: gdje su ti sada usta, kojima si govorio: ko je Avimeleh da mu služimo? Nije li to onaj narod koji si prezirao? Izidi sada, i bij se s njim.
Tete Zebul biae be, “Afi ka wò numeɖiɖi gbogboawo le azɔ? Ame kae gblɔ be, ‘Ame ka gɔ̃e nye Abimelek eye nu ka ta wòaɖu fia ɖe mía dzi?’ Ame siwo ŋu nèɖu fewu le eye nèƒo fi de wo la le dua godo fifi laa! Do go nàkpe aʋa kpli wo!”
39 I izide Gal pred Sihemljanima, i pobi se s Avimelehom.
Enumake Gaal kplɔ Sekemtɔwo eye wowɔ aʋa kple Abimelek.
40 Ali Avimeleh ga potjera, i on pobježe od njega; i padoše mnogi pobijeni do samijeh vrata gradskih.
Ke Abimelek ƒe amewo ɖu Gaal dzi. Sekemtɔ geɖewo xɔ abi eye womlɔ aʋagbe la dzi va se ɖe keke dua ƒe agbo nu ke.
41 I Avimeleh osta u Arumi; a Zevul istjera Gala i braæu njegovu, te ne mogahu sjedeti u Sihemu.
Abimelek nɔ Aruma ɣe ma ɣi. Zebul nya Gaal kple eƒe ƒometɔwo le Sekem eye meɖe mɔ be woaganɔ afi ma o.
42 A sjutradan izide narod u polje, i bi javljeno Avimelehu.
Le ŋufɔke la, Sekemtɔwo gayi aʋa, ke ame aɖe fi tofi na Abimelek tso woƒe ɖoɖowo ŋu.
43 A on uze narod svoj i razdijeli ga u tri èete, i namjesti ih u zasjedu u polju; i kad vidje gdje narod izlazi iz grada, skoèi na njih i pobi ih.
Ale wòma eƒe aʋawɔlawo ɖe akpa etɔ̃ eye wòɣla wo ɖe gbedzi. Esi Sekemtɔwo do ta ɖa la, Abimelek ƒe amewo dze wo dzi eye wode asi wo wuwu me.
44 Jer Avimeleh i èeta koja bijaše s njim udariše i stadoše kod vrata gradskih; a druge dvije èete udariše na sve one koji bijahu u polju, i pobiše ih.
Abimelek da aʋalɔgo ɖeka ɖe dua ƒe agbo nu ale be Sekemtɔwo ƒe aʋawɔlawo mate ŋu atrɔ, asi yi dua me o, le esime aʋalɔgo eve bubuawo nɔ wo wum le gbedzi.
45 I Avimeleh bijaše grad vas onaj dan, i uze ga, i pobi narod koji bješe u njemu, i raskopa grad, i posija so po njemu.
Wowɔ aʋa ŋkeke blibo la hafi Abimelek te ŋu xɔ du la. Ewu amewo eye wògbã du la.
46 A kad to èuše koji bijahu u kuli Sihemskoj, uðoše u kulu kuæe boga Verita.
Esi Migdaltɔwo kpɔ nu si dzɔ la, wosi yi mɔ si te ɖe Baal Berit, ƒe subɔƒe la me.
47 I bi javljeno Avimelehu da su se ondje skupili svi koji bijahu u kuli Sihemskoj.
Esi Abimelek se be ameawo si yi mɔ la me la,
48 Tada Avimeleh izide na goru Salmon, on i sav narod što bješe s njim; i uzev Avimeleh sjekiru u ruku otsijeèe granu od drveta i podiže je i metnu je na rame, i reèe narodu koji bijaše s njim: što vidjeste da sam ja uèinio, brzo èinite kao ja.
Abimelek yi Zalmɔn to dzi. Efɔ nake lé ɖe abɔta eye wòɖe gbe na eƒe ameawo bena woawɔ nu si tututu yewɔ.
49 I svaki iz naroda otsijeèe sebi granu, i poðoše za Avimelehom i pometaše grane oko kule, i zapališe njima grad; i izgiboše svi koji bijahu u kuli Sihemskoj, oko tisuæu ljudi i žena.
Ale ameawo dometɔ ɖe sia ɖe fɔ nake yi dua me. Abimelek tsɔ eƒe nake tu mɔ la ƒe gli ŋu eya ta ameawo hã wɔ nenema ke. Woli kɔ woƒe nakewo ɖe glia ŋu eye wode dzo nakekɔ la me. Ale ame abe akpe ɖeka ene, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ame siwo nɔ mɔ la me la katã ku.
50 Potom otide Avimeleh na Teves, i stade u oko kod Tevesa, i uze ga.
Abimelek ho aʋa ɖe Tebez du la ŋu azɔ eye wòxɔe.
51 A bijaše tvrda kula usred grada, i u nju pobjegoše svi ljudi i žene i svi graðani, i zatvorivši se popeše se na krov od kule.
Mɔ sesẽ aɖe nɔ dua me eya ta dua me tɔwo katã si yi eme. Wotu agbo la heyi mɔ la tame ke henɔ ŋku lém ɖe Abimelek kple eƒe amewo ŋu.
52 A Avimeleh doðe do kule i udari na nju, i doðe do vrata od kule da je zapali ognjem.
Esi Abimelek va mɔ la te eye wònɔ dzadzram ɖo be yeatɔ dzoe la,
53 Ali jedna žena baci komad žrvnja na glavu Avimelehu i razbi mu glavu.
nyɔnu aɖe ɖe asi le nutukpe gã aɖe ŋu tso mɔ la tame ɖo ɖe anyigba eye kpea ge dze Abimelek dzi eye wogbã ta nɛ.
54 A on brže viknu momka koji mu nošaše oružje, i reèe mu: izvadi maè svoj i ubij me, da ne reku za me: žena ga je ubila. I probode ga sluga njegov, te umrije.
Abimelek gblɔ na eƒe adekplɔvi be, “Wum! Elabena menyo be woase be nyɔnue wu Abimelek o!” Ale adekplɔvi la tɔ hɛe wòku.
55 A kad vidješe Izrailjci gdje pogibe Avimeleh, otidoše svaki u svoje mjesto.
Esi Israelviwo kpɔ be Abimelek ku la, wokaka yi wo de.
56 Tako plati Bog Avimelehu za zlo koje je uèinio ocu svojemu ubivši sedamdeset braæe svoje.
Ale Mawu he to na Abimelek le nu vɔ̃ si wòwɔ ɖe fofoa ŋu, to fofoa ƒe vi blaadreawo wuwu me la ta.
57 I sve zlo ljudi Sihemljana povrati Bog na njihove glave, i steèe im se kletva Jotama sina Jerovalova.
Mawu na Sekemtɔwo hã kpe fu ɖe woƒe ŋutasesẽ ta, abe ale si Yotam, Yerubaal ƒe vi gblɔe do ŋgɔ, esi wòƒo fi de wo la ene.

< Sudije 9 >