< Jov 30 >
1 A sada smiju mi se mlaði od mene, kojima otaca ne bih bio htio metnuti sa psima stada svojega.
“Ke azɔ la, ame siwo menye xoxo na, ame siwo fofowo manyɔ ŋui be womade ha kple nye lãkplɔvuwo gɔ̃ hã o la ɖua fewu le ŋutinye.
2 A na što bi mi i bila sila ruku njihovijeh? u njima bješe propala starost.
Nu ka woƒe alɔkpa sesẽ la wɔ nam, esi ŋusẽ vɔ le wo ŋu?
3 Od siromaštva i gladi samoæovahu bježeæi na suha, mraèna, pusta i opustošena mjesta;
Hiã kple dɔwuame na wowɔ ɖeƒomevie hele tsatsam le dzogbe kple kuɖiɖinyigbawo dzi le zã me.
4 Koji brahu lobodu po èestama, i smrekovo korijenje bješe im hrana.
Le gbe me woda amagbewo eye woƒe nuɖuɖue nye dɔli ƒe ke.
5 Izmeðu ljudi bijahu izgonjeni i vikaše se za njima kao za lupežem.
Woɖe wo ɖa le wo nɔvi amegbetɔwo ƒe ha me eye wodo ɣli ɖe wo ta abe fiafitɔwo wonye ene.
6 Življahu po strašnijem uvalama, po jamama u zemlji i u kamenu.
Wozi wo dzi be woanɔ tɔʋu siwo mie la me, agakpewo tome kple do siwo woɖe ɖe anyigba la me.
7 Po grmovima rikahu, pod trnjem se skupljahu.
Wole xɔxlɔ̃m le gbe me eye woƒo ta kpli ɖe avekawo te.
8 Bijahu ljudi nikakvi i bez imena, manje vrijedni nego zemlja.
Wonya wo le anyigba la dzi abe ame ɖigbɔ̃wo kple yakamewo ƒe dzidzimeviwo ene.
9 I njima sam sada pjesma, i postah im prièa.
“Ke azɔ la, wo viŋutsuwo kpa ha dem, heɖu fewu le ŋunye le ha la me eye mezu lodonu le wo dome.
10 Gade se na me, idu daleko od mene i ne ustežu se pljuvati mi u lice.
Wonyɔa ŋum, henɔa adzɔge nam eye woɖea ta ɖe mo nam faa.
11 Jer je Bog odapeo moju tetivu i muke mi zadao te zbaciše uzdu preda mnom.
Esi azɔ Mawu lã nye datika, hewɔ fum la, wowɔa nu si dze wo ŋu la le ŋkunye me.
12 S desne strane ustaju momci, potkidaju mi noge, i nasipaju put k meni da me upropaste.
Wo detɔwo tso ɖe ŋutinye le nye ɖusime, woɖo mɔwo ɖi na nye afɔ eye woƒu woƒe aʋakpowo ɖe ŋunye.
13 Raskopaše moju stazu, umnožiše mi muke, ne treba niko da im pomaže.
Wogbã nye mɔ, edze edzi na wo be wogblẽ donyeme eye ame aɖeke mekpe ɖe wo ŋu gɔ̃ hã o.
14 Kao širokim prolomom naviru, i navaljuju preko razvalina.
Wolũ ɖe dzinye abe gli gbagbã mee woto ene eye wozɔ to gbagbãƒewo va ƒo ɖe dzinye.
15 Strahote navališe na me, i kao vjetar tjeraju dušu moju, i kao oblak proðe sreæa moja.
Ŋɔdzidodowo nye tsyɔ dzinye, wonya nye bubu ɖe nu abe ale si ya lɔa nu ɖe nue ene eye nye dedinɔnɔ bu abe lilikpo ene.
16 I sada se duša moja ražljeva u meni, stigoše me dani muèni.
“Azɔ nye agbe nu va le yiyim eye hiãŋkekewo lém.
17 Noæu probada mi kosti u meni, i žile moje ne odmaraju se.
Zã ŋɔa nye ƒuwo eye nye vevesese manyagblɔ nu metsona o.
18 Od teške sile promijenilo se odijelo moje, i kao ogrlica u košulje moje steže me.
Mawu tsyɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la dzinye abe avɔ ene, eye wòle awu ɖe ve nam.
19 Bacio me je u blato, te sam kao prah i pepeo.
Ekɔm ƒu gbe ɖe ba me eye mezu ke kple dzofi.
20 Vièem k tebi, a ti me ne slušaš; stojim pred tobom, a ti ne gledaš na me.
“O Mawu, mefa avi yɔ wò gake mètɔ nam o, metsi tsitre gake ɖeko nèkpɔm dũu.
21 Pretvorio si mi se u ljuta neprijatelja; silom ruke svoje suprotiš mi se.
Ètrɔ dze dzinye nublanuimakpɔmakpɔtɔe eye nètsɔ wò alɔkpa sesẽ ɖu dzinyee.
22 Podižeš me u vjetar, posaðuješ me na nj, i rastapaš u meni sve dobro.
ȃom tsa, hena ya lɔm ɖe nu eye nènyamam le ahom la me.
23 Jer znam da æeš me odvesti na smrt i u dom odreðeni svjema živima.
Menya be àhem ayi ku me, teƒe si woɖo ɖi na kodzogbeawo katã.
24 Ali neæe pružiti ruke svoje u grob; kad ih stane potirati, oni neæe vikati.
“Vavãe, ame aɖeke medoa asi ɖa léa ame si gbã gudugudu ne ele ɣli dom be woaxɔ na ye le eƒe xaxa me o.
25 Nijesam li plakao radi onoga koji bijaše u zlu? nije li duša moja žalosna bivala radi ubogoga?
Ɖe nyemefa avi ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu oa? Ɖe nye luʋɔ mexa nu ɖe ame dahewo ŋuti oa?
26 Kad se dobru nadah, doðe mi zlo; i kad se nadah svjetlosti, doðe mrak.
Gake esi mekpɔ mɔ na nyui la, vɔ̃ tum, esi mekpɔ mɔ na kekeli la, viviti koe va nam.
27 Utroba je moja uzavrela, i ne može da se umiri, zadesiše me dani muèni.
Dzoxɔxɔ si le edzi yim le menye la metɔna o, fukpekpeŋkekewo kpe akɔ kplim.
28 Hodim crn, ne od sunca, ustajem i vièem u zboru.
Nye amea menyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi le yiyim gake menye ɣee ɖum o, metsi tsitre ɖe ameha la titina hedo ɣli bia kpekpeɖeŋu.
29 Brat postah zmajevima i drug sovama.
Meva zu nɔviŋutsu na amegãxiwo kple hati na golowo.
30 Pocrnjela je koža na meni i kosti moje posahnuše od žege.
Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi hele fofom le ŋutinye eye asrã dze dzinye kple dzoxɔxɔ gã aɖe.
31 Gusle se moje pretvoriše u zapijevku, i svirala moja u plaè.
Nye kasaŋku do konyifagbe eye nye dze le avigbe dom.