< Postanak 16 >
1 Ali Sara žena Avramova ne raðaše mu djece. A imaše robinju Misirku, po imenu Agaru.
Vi aɖeke menɔ Sarai kple Abram si o. Ke Egipte nyɔnudɔla aɖe nɔ Sarai si. Eŋkɔe nye Hagar.
2 Pa reèe Sara Avramu: Gospod me je zatvorio da ne rodim; nego idi k robinji mojoj, ne bih li dobila djece od nje. I Avram prista na rijeè Sarinu.
Ale Sarai gblɔ na Abram be, “Yehowa te vim. Yi nàdɔ nye kosi gbɔ, ɖewohĩ mado ƒome to edzi.” Abram lɔ̃ ɖe nya si Sarai gblɔ la dzi.
3 I Sara žena Avramova uze Agaru Misirku robinju svoju, i dade je za ženu Avramu mužu svojemu poslije deset godina otkako se nastani Avram u zemlji Hananskoj.
Ale esi Abram nɔ Kanaan ƒe ewo megbe la, srɔ̃a, Sarai, tsɔ eƒe Egipte kosi, Hagar na srɔ̃ŋutsua be wòanye srɔ̃a.
4 I on otide k Agari, i ona zatrudnje; a kad vidje da je trudna, ponese se od gospoðe svoje.
Ale Abram dɔ Hagar gbɔ, eye wòfɔ fu. Esi Hagar kpɔ be yefɔ fu la, dadagbɔgbɔ aɖe va ɖo eme, eye megabua eƒe aƒenɔ Sarai o.
5 A Sara reèe Avramu: uvreda moja pada na tebe; ja ti metnuh na krilo robinju svoju, a ona vidjevši da je trudna ponese se od mene. Gospod æe suditi meni i tebi.
Le esia ta Sarai gblɔ na Abram be, “Wò vodadae na be nye kosi la doa vlom, togbɔ be nye ŋutɔe tsɔe na wò hã. Yehowa nadrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome.”
6 A Avram reèe Sari: eto, robinja je tvoja u tvojim rukama, èini s njom što ti je volja. I Sara je stade zlostaviti, te ona pobježe od nje.
Abram ɖo eŋu be, “Meɖe mɔ na wò be nàhe to na kosi la ale si nèbu be edze.” Ale Sarai wɔ funyafunya Hagar ale gbegbe be wòsi dzo.
7 Ali anðeo Gospodnji naðe je kod studenca u pustinji, kod studenca na putu u Sur.
Yehowa ƒe dɔla aɖe kpɔe wòtsi tsitre ɖe vudo aɖe to le Sur mɔ dzi.
8 I reèe joj: Agaro, robinjo Sarina, otkuda ideš, kuda li ideš? A ona reèe: bježim od Sare gospoðe svoje.
Ale wòbiae be, “Hagar, Sarai ƒe kosi, afi ka nètso, eye afi ka yim nèle?” Hagar ɖo eŋu be, “Sisim mele le nye aƒenɔ nu.”
9 A anðeo joj Gospodnji reèe: vrati se gospoði svojoj i pokori joj se.
Yehowa ƒe dɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Trɔ nàyi wò aƒenɔ gbɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò nɛ,
10 Opet joj reèe anðeo Gospodnji: umnožiæu veoma sjeme tvoje, da se neæe moæi prebrojiti od množine.
elabena mana dukɔ gã aɖe nado tso mewò.
11 Jošte joj reèe anðeo Gospodnji: eto si trudna, i rodiæeš sina, i nadjeni mu ime Ismailo; jer je Gospod vidio muku tvoju.
Fifia, èfɔ fu; àdzi ŋutsuvi. Na ŋkɔe be Ismael, si gɔmee nye, ‘Mawu see,’ elabena Yehowa se wò konyifafa.
12 A biæe èovjek ubojica; ruka æe se njegova dizati na svakoga a svaèija na njega, i nastavaæe na pogledu svoj braæi svojoj.
Viwò sia anye vi dzeaglã aɖe, eye wòawɔ nu glalaglalã abe tedzi dzeaglã ene! Atsi tsitre ɖe ame sia ame ŋu, eye nenema ke ame sia ame hã atsi tsitre ɖe eŋu. Ke hã la, anɔ teƒe ɖeka kple nɔvia bubuawo.”
13 Tada Agara prizva ime Gospoda koji govori s njom: ti si Bog, koji vidi. Jer govoraše: zar još gledam iza onoga koji me vidje?
Hagar bia eɖokui be, “Ɖe mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume hafi gale agbe be maƒo nu tso eŋua?” Eya ta eyɔ Yehowa ame si ƒo nu kpli la be, “Mawu si kpɔa nu.”
14 Toga radi zove se studenac onaj studenac živoga koji me vidi; a on je izmeðu Kadisa i Varada.
Emegbe la, wona ŋkɔ vudo ma be Beer Lahai Roi si gɔmee nye, “Ame si le agbe, eye wòkpɔm la ƒe vudo.” Ele Kades kple Bered dome.
15 I rodi Agara Avramu sina; i nadjede Avram sinu svojemu, kojega mu rodi Agara, ime Ismailo.
Hagar dzi ŋutsuvi na Abram, eye Abram na ŋkɔe be Ismael.
16 A bješe Avramu osamdeset i šest godina kad mu Agara rodi Ismaila.
Abram xɔ ƒe blaenyi-vɔ-ade esi Hagar dzi Ismael nɛ.