< ဣဗြိဏး 7 >

1 ၑာလမသျ ရာဇာ သရွွောပရိသ္ထသျေၑွရသျ ယာဇကၑ္စ သန် ယော နၖပတီနာံ မာရဏာတ် ပြတျာဂတမ် ဣဗြာဟီမံ သာက္ၐာတ္ကၖတျာၑိၐံ ဂဒိတဝါန်,
Melkizedek sia nye Salem fia kple nunɔlagã na Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la. Esi Abraham trɔ tso aʋagbedzi, afi si wòɖu fia geɖewo dzi le gbɔna la, Melkizedek va kpee, eye wòyrae.
2 ယသ္မဲ စေဗြာဟီမ် သရွွဒြဝျာဏာံ ဒၑမာံၑံ ဒတ္တဝါန် သ မလ္ကီၐေဒက် သွနာမ္နော'ရ္ထေန ပြထမတော ဓရ္မ္မရာဇး ပၑ္စာတ် ၑာလမသျ ရာဇာရ္ထတး ၑာန္တိရာဇော ဘဝတိ၊
Le esia megbe la, Abraham tsɔ nu siwo katã wòtsɔ tso aʋagbedzi gbɔe la ƒe ewolia nɛ. Melkizedek ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Dzɔdzɔenyenye ƒe fia.” Eye eya kee nye Ŋutifafafia, elabena du si me wònye fia lee nye Salem si gɔmee nye “Ŋutifafa.”
3 အပရံ တသျ ပိတာ မာတာ ဝံၑသျ နိရ္ဏယ အာယုၐ အာရမ္ဘော ဇီဝနသျ ၑေၐၑ္စဲတေၐာမ် အဘာဝေါ ဘဝတိ, ဣတ္ထံ သ ဤၑွရပုတြသျ သဒၖၑီကၖတး, သ တွနန္တကာလံ ယာဝဒ် ယာဇကသ္တိၐ္ဌတိ၊
Fofo kple dada mele Melkizedek si o, eye nuŋlɔɖi aɖeke meli tso tɔgbuiawo ŋuti o. Dzigbe alo kugbe meli nɛ o, ale eƒe agbe ɖeko wòle abe Mawu Vi la tɔ ene, ame si nye nunɔla tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
4 အတဧဝါသ္မာကံ ပူရွွပုရုၐ ဣဗြာဟီမ် ယသ္မဲ လုဌိတဒြဝျာဏာံ ဒၑမာံၑံ ဒတ္တဝါန် သ ကီဒၖက် မဟာန် တဒ် အာလောစယတ၊
Mibu ale si wònye gãe la ŋuti kpɔ. Abraham, xɔsetɔwo fofo gɔ̃ hã tsɔ eƒe afunyinuwo ƒe ewolia nɛ!
5 ယာဇကတွပြာပ္တာ လေဝေး သန္တာနာ ဝျဝသ္ထာနုသာရေဏ လောကေဘျော'ရ္ထတ ဣဗြာဟီမော ဇာတေဘျး သွီယဘြာတၖဘျော ဒၑမာံၑဂြဟဏသျာဒေၑံ လဗ္ဓဝန္တး၊
Azɔ la, se la bia tso Levi ƒe viwo ame siwo nye nunɔlawo la si be woaxɔ nu ewolia le woƒe dukɔmeviwo si, ame siwo nye wo nɔviwo, togbɔ be wo nɔviawo nye Abraham ƒe dzidzimeviwo hã.
6 ကိန္တွသော် ယဒျပိ တေၐာံ ဝံၑာတ် နောတ္ပန္နသ္တထာပီဗြာဟီမော ဒၑမာံၑံ ဂၖဟီတဝါန် ပြတိဇ္ဉာနာမ် အဓိကာရိဏမ် အာၑိၐံ ဂဒိတဝါံၑ္စ၊
Ke ŋutsu sia, Melkizedek, menye Levi ƒe dzidzimevi o, ke hã la, exɔ nu ewolia le Abraham si, eye wòyra eya ame si xɔ Mawu ƒe ŋugbedodoawo
7 အပရံ ယး ၑြေယာန် သ က္ၐုဒြတရာယာၑိၐံ ဒဒါတီတျတြ ကော'ပိ သန္ဒေဟော နာသ္တိ၊
abe ale si ame sia ame nya ene la, zi geɖe la, ame si naa yayra la kɔna wua ame si yram wòle.
8 အပရမ် ဣဒါနီံ ယေ ဒၑမာံၑံ ဂၖဟ္လန္တိ တေ မၖတျောရဓီနာ မာနဝါး ကိန္တု တဒါနီံ ယော ဂၖဟီတဝါန် သ ဇီဝတီတိပြမာဏပြာပ္တး၊
Ame siwo nye nunɔlawo esi woxɔ nu ewolia la nye amegbetɔwo; ŋutilã kple ʋu si kuna. Ke hena Melkizedek ya la, wogblɔ le eŋuti be egale agbe.
9 အပရံ ဒၑမာံၑဂြာဟီ လေဝိရပီဗြာဟီမ္ဒွါရာ ဒၑမာံၑံ ဒတ္တဝါန် ဧတဒပိ ကထယိတုံ ၑကျတေ၊
Míate ŋu agblɔ le Levi, ame si xɔ nu ewolia ŋuti gɔ̃ hã be exe nu ewolia to Abraham dzi,
10 ယတော ယဒါ မလ္ကီၐေဒက် တသျ ပိတရံ သာက္ၐာတ် ကၖတဝါန် တဒါနီံ သ လေဝိး ပိတုရုရသျာသီတ်၊
elabena esi Melkizedek do go Abraham la, Levi nɔ tɔgbuia, Abraham ƒe alime; womekpɔ dzii o.
11 အပရံ ယသျ သမ္ဗန္ဓေ လောကာ ဝျဝသ္ထာံ လဗ္ဓဝန္တသ္တေန လေဝီယယာဇကဝရ္ဂေဏ ယဒိ သိဒ္ဓိး သမဘဝိၐျတ် တရှိ ဟာရောဏသျ ၑြေဏျာ မဓျာဒ် ယာဇကံ န နိရူပျေၑွရေဏ မလ္ကီၐေဒကး ၑြေဏျာ မဓျာဒ် အပရသျဲကသျ ယာဇကသျောတ္ထာပနံ ကုတ အာဝၑျကမ် အဘဝိၐျတ်?
Elabena to Levi ƒe viwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ dzi, wona se la Israelviwo. Azɔ la, nenye be Leviviwo ƒe nunɔladɔwɔwɔ ɖe wòde blibo la, magahiã be woatsɔ nunɔla bubu vɛ o, ame si nye nunɔla le Melkizedek ƒe ɖoɖo nu, ke menye le Aron ƒe ɖoɖo nu o.
12 ယတော ယာဇကဝရ္ဂသျ ဝိနိမယေန သုတရာံ ဝျဝသ္ထာယာ အပိ ဝိနိမယော ဇာယတေ၊
Elabena ne tɔtrɔ va nunɔlaɖuɖu ŋuti la, ele be tɔtrɔ nava Se la hã me.
13 အပရဉ္စ တဒ် ဝါကျံ ယသျောဒ္ဒေၑျံ သော'ပရေဏ ဝံၑေန သံယုက္တာ'သ္တိ တသျ ဝံၑသျ စ ကော'ပိ ကဒါပိ ဝေဒျား ကရ္မ္မ န ကၖတဝါန်၊
Eya ame si ŋu wogblɔ nu siawo katã le la tso to bubu me, eye ame aɖeke metso to ma me kpɔ subɔ abe nunɔla ene le vɔsamlekpui la ŋgɔ o,
14 ဝသ္တုတသ္တု ယံ ဝံၑမဓိ မူသာ ယာဇကတွသျဲကာံ ကထာမပိ န ကထိတဝါန် တသ္မိန် ယိဟူဒါဝံၑေ'သ္မာကံ ပြဘု ရ္ဇန္မ ဂၖဟီတဝါန် ဣတိ သုသ္ပၐ္ဋံ၊
elabena eme kɔ ƒãa be míaƒe Aƒetɔ la dzɔ tso Yuda ƒe to la me, eye ku ɖe to ma ŋuti la, Mose megblɔ nya aɖeke ku ɖe woƒe nunɔlaɖuɖu ŋuti o.
15 တသျ သ္ပၐ္ဋတရမ် အပရံ ပြမာဏမိဒံ ယတ် မလ္ကီၐေဒကး သာဒၖၑျဝတာပရေဏ တာဒၖၑေန ယာဇကေနောဒေတဝျံ,
Eye nu si míegblɔ la, me agakɔ ɖe edzi wu ne nunɔla bubu abe Melkizedek ene va ɖo,
16 ယသျ နိရူပဏံ ၑရီရသမ္ဗန္ဓီယဝိဓိယုက္တယာ ဝျဝသ္ထာယာ န ဘဝတိ ကိန္တွက္ၐယဇီဝနယုက္တယာ ၑက္တျာ ဘဝတိ၊
ame si va zu nunɔla, menye to ɖoɖo si wowɔ da ɖi ku ɖe eƒe dzɔtsoƒe ŋuti o, ke boŋ ku ɖe ŋusẽ si le agbe si mekuna o la ŋuti.
17 ယတ ဤၑွရ ဣဒံ သာက္ၐျံ ဒတ္တဝါန်, ယထာ, "တွံ မက္လီၐေဒကး ၑြေဏျာံ ယာဇကော'သိ သဒါတနး၊ " (aiōn g165)
Psalmoŋlɔla ɖe nu sia fia mi kɔtɛe esi wògblɔ tso Kristo ŋuti bena, “Wòe nye nunɔla le Melkizedek ƒe ɖoƒe nu tso mavɔ me yi mavɔ me.” (aiōn g165)
18 အနေနာဂြဝရ္တ္တိနော ဝိဓေ ဒုရ္ဗ္ဗလတာယာ နိၐ္ဖလတာယာၑ္စ ဟေတောရရ္ထတော ဝျဝသ္ထယာ ကိမပိ သိဒ္ဓံ န ဇာတမိတိဟေတောသ္တသျ လောပေါ ဘဝတိ၊
Wotsɔ ɖoɖo gbãtɔ si wowɔ la da ɖe aga, elabena egbɔdzɔ, eye menyo na naneke o
19 ယယာ စ ဝယမ် ဤၑွရသျ နိကဋဝရ္တ္တိနော ဘဝါမ ဧတာဒၖၑီ ၑြေၐ္ဌပြတျာၑာ သံသ္ထာပျတေ၊
(elabena Mose ƒe Se la mate ŋu awɔ naneke wòade blibo o), eye azɔ la, wohe mɔkpɔkpɔ yeye vɛ to esi dzi míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kpokploe.
20 အပရံ ယီၑုး ၑပထံ ဝိနာ န နိယုက္တသ္တသ္မာဒပိ သ ၑြေၐ္ဌနိယမသျ မဓျသ္ထော ဇာတး၊
Mawu ƒe atamkaka kpe ɖe esiawo katã ŋu, ke ame bubuwo ya ɖua nunɔla atamkakamanɔmee,
21 ယတသ္တေ ၑပထံ ဝိနာ ယာဇကာ ဇာတား ကိန္တွသော် ၑပထေန ဇာတး ယတး သ ဣဒမုက္တး, ယထာ,
ke Yesu ya ɖu nunɔla to Mawu ƒe atamkaka me, elabena Mawu gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ la ka atam, eye matrɔ eƒe susu o, ‘Wò la, nunɔlae nènye tegbetegbe.’” (aiōn g165)
22 "ပရမေၑ ဣဒံ ၑေပေ န စ တသ္မာန္နိဝရ္တ္သျတေ၊ တွံ မလ္ကီၐေဒကး ၑြေဏျာံ ယာဇကော'သိ သဒါတနး၊ " (aiōn g165)
Le atamkaka sia ta la, Yesu va zu nubabla si nyo wu sãa la ƒe kpeɖodzinu.
23 တေ စ ဗဟဝေါ ယာဇကာ အဘဝန် ယတသ္တေ မၖတျုနာ နိတျသ္ထာယိတွာတ် နိဝါရိတား,
Vovototo bubu si le nunɔla mawo kple Yesu domee nye be nunɔla mawo sɔ gbɔ, elabena woku eye womagate ŋu ayi woƒe dɔ dzi o,
24 ကိန္တွသာဝနန္တကာလံ ယာဝတ် တိၐ္ဌတိ တသ္မာတ် တသျ ယာဇကတွံ န ပရိဝရ္တ္တနီယံ၊ (aiōn g165)
gake Yesu ya le agbe tegbetegbe. Seɖoƒe meli na eya ƒe nunɔladɔ o. (aiōn g165)
25 တတော ဟေတော ရျေ မာနဝါသ္တေနေၑွရသျ သန္နိဓိံ ဂစ္ဆန္တိ တာန် သ ၑေၐံ ယာဝတ် ပရိတြာတုံ ၑက္နောတိ ယတသ္တေၐာံ ကၖတေ ပြာရ္ထနာံ ကရ္တ္တုံ သ သတတံ ဇီဝတိ၊
Eya ta ŋusẽ le esi be wòaɖe ame siwo va Mawu gbɔ to eya amea dzi la blibo, elabena ele agbe tegbee le nya xɔm ɖe akɔ na wo.
26 အပရမ် အသ္မာကံ တာဒၖၑမဟာယာဇကသျ ပြယောဇနမာသီဒ် ယး ပဝိတြော 'ဟိံသကော နိၐ္ကလင်္ကး ပါပိဘျော ဘိန္နး သွရ္ဂာဒပျုစ္စီကၖတၑ္စ သျာတ်၊
Ekema Yesue nye nunɔlagã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛe, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ, eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui.
27 အပရံ မဟာယာဇကာနာံ ယထာ တထာ တသျ ပြတိဒိနံ ပြထမံ သွပါပါနာံ ကၖတေ တတး ပရံ လောကာနာံ ပါပါနာံ ကၖတေ ဗလိဒါနသျ ပြယောဇနံ နာသ္တိ ယတ အာတ္မဗလိဒါနံ ကၖတွာ တဒ် ဧကကၖတွသ္တေန သမ္ပာဒိတံ၊
Mele abe nunɔlagã bubuwo ene o, elabena mehiã be wòasa vɔ gbe sia gbe, gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye evelia, ɖe ame bubuwo tɔ ta o. Esa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, esi wòtsɔ eɖokui hena.
28 ယတော ဝျဝသ္ထယာ ယေ မဟာယာဇကာ နိရူပျန္တေ တေ ဒေါ်ရ္ဗ္ဗလျယုက္တာ မာနဝါး ကိန္တု ဝျဝသ္ထာတး ပရံ ၑပထယုက္တေန ဝါကျေန ယော မဟာယာဇကော နိရူပိတး သော 'နန္တကာလာရ္ထံ သိဒ္ဓး ပုတြ ဧဝ၊ (aiōn g165)
Elabena Mose ƒe Se la tɔ asi ame siwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la dzi be woanye nunɔlagãwo, ke Mawu ƒe atamkaka si va ɖe se la yome la tɔ asi Via dzi, ame si wòwɔ wòde blibo tegbetegbe. (aiōn g165)

< ဣဗြိဏး 7 >