< 1-e Иоанна 1 >

1 О том, что было от начала, что мы слышали, что видели своими очами, что рассматривали и что осязали руки наши, о Слове жизни, -
Nu si li tso xexea me ƒe gɔmedzedze ke, nu si ŋkɔ míese, eye míekpɔ. Nu si míekpɔ kɔtɛe kple míaƒe ŋkuwo, eye míawo ŋutɔ míeka asi eŋu la, eya ƒe nya míele gbeƒã ɖem na mi be eyae nye Agbenya la.
2 ибо жизнь явилась, и мы видели и свидетельствуем, и возвещаем вам сию вечную жизнь, которая была у Отца и явилась нам, - (aiōnios g166)
Agbe sia do, míekpɔe, míeɖia ɖase le eŋuti, eye míeɖea gbeƒã agbe mavɔ si le Fofoa gbɔ, eye wòdze na mí la na mi. (aiōnios g166)
3 о том, что мы видели и слышали, возвещаем вам, чтобы и вы имели общение с нами; а наше общение - с Отцем и Сыном Его, Иисусом Христом.
Míeɖea gbeƒã nu si míekpɔ kple nu si míese la na mi be miawo hã miado ƒome kpli mí, eye míaƒe ƒomedodo sia li kple Fofo la kple Via Yesu Kristo.
4 И сие пишем вам, чтобы радость ваша была совершенна.
Míele esia ŋlɔm ɖo ɖe mi be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.
5 И вот благовестие, которое мы слышали от Него и возвещаем вам: Бог есть свет, и нет в Нем никакой тьмы.
Azɔ la, esia nye gbedeasi si míese tso egbɔ, eye míele gbeƒã ɖemi na mi be, “Mawue nye kekeli, eye viviti aɖeke mele eme kura o.”
6 Если мы говорим, что имеем общение с Ним, а ходим во тьме, то мы лжем и не поступаем по истине;
Ne míegblɔ be míebɔa ha kplii, gake míegale viviti me zɔm la, ekema míenye alakpatɔwo, eye míele nyateƒe la dzi wɔm o.
7 если же ходим во свете, подобно как Он во свете, то имеем общение друг с другом и кровь Иисуса Христа, Сына Его, очищает нас от всякого греха.
Ke ne míezɔ le kekeli me abe ale si eya hã le kekeli me ene la, ekema míebɔ ha kple mia nɔewo, eye Yesu Kristo si nye Via ƒe ʋu aklɔ míaƒe nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti.
8 Если говорим, что не имеем греха, - обманываем самих себя, и истины нет в нас.
Ne míegblɔ be nu vɔ̃ mele mía ŋuti o la, ekema míele mía ɖokuiwo blem, eye nyateƒea mele mía me o.
9 Если исповедуем грехи наши, то Он, будучи верен и праведен, простит нам грехи наши и очистит нас от всякой неправды.
Gake ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema Mawu si nye nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ la atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti.
10 Если говорим, что мы не согрешили, то представляем Его лживым, и слова Его нет в нас.
Ne míele gbɔgblɔm kokoko be míewɔ nu vɔ̃ o la, ekema míedo eya amea alakpatɔe, eye eƒe nya mexɔ aƒe ɖe mía me o.

< 1-e Иоанна 1 >