< 1-я Паралипоменон 17 >
1 Когда Давид жил в доме своем, то сказал Давид Нафану пророку: вот, я живу в доме кедровом, а ковчег завета Господня под шатром.
Esi David ɖi ɖe eme le eƒe fiasã la me la, egblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Mele xɔ siwo me wofa sedatiwo ɖo la me, ke Yehowa ƒe nubablaɖaka la ya le agbadɔ te.”
2 И сказал Нафан Давиду: все, что у тебя на сердце, делай, ибо с тобою Бог.
Natan ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu si nèɖo ɖe ta me be yeawɔ elabena Mawu li kpli wò.”
3 Но в ту же ночь было слово Божие к Нафану:
Ke Mawu gblɔ na Natan le zã ma me be,
4 пойди и скажи рабу Моему Давиду: так говорит Господь: не ты построишь Мне дом для обитания,
“Yi, nàgblɔ na nye dɔla, David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye si: Menye wòe atu xɔ nam manɔ eme o.
5 ибо Я не жил в доме с того дня, как вывел сынов Израиля, и до сего дня, а ходил из скинии в скинию и из жилища в жилище.
Tso esime meɖe Israel tso Egipte la, agbadɔwo ko me menɔna, meʋu tso agbadɔ ɖeka me yi bubu me va se ɖe egbe.
6 Где ни ходил Я со всем Израилем, сказал ли Я хотя слово которому-либо из судей Израильских, которым Я повелел пасти народ Мой: зачем вы не построите Мне дома кедрового?
Afi sia afi si meɖe zɔ kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, “Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?”’
7 И теперь так скажи рабу Моему Давиду: так говорит Господь Саваоф: Я взял тебя от стада овец, чтобы ты был вождем народа Моего Израиля;
“Gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi;
8 и был с тобою везде, куда ты ни ходил, и истребил всех врагов твоих пред лицем твоим, и сделал имя твое, как имя великих на земле;
menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me.
9 и Я устроил место для народа Моего Израиля, и укоренил его, и будет он спокойно жить на месте своем, и не будет более тревожим, и нечестивые не станут больше теснить его, как прежде,
Gawu la, mana teƒe nye dukɔ, Israel, mali ke wo ɖe afi ma ale be aƒe nanɔ woawo ŋutɔ si eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o. Ame vɔ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi azɔ abe ale si wowɔ le gɔmedzedzea me ene
10 в те дни, когда Я поставил судей над народом Моим Израилем, и Я смирил всех врагов твоих, и возвещаю тебе, что Господь устроит тебе дом.
alo abe ale si wowɔ tso esime meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ, Israel dzi ene o. Mabɔbɔ wò futɔwo ɖe anyi. Mele gbeƒã ɖem na wò be, Yehowa ŋutɔ atso aƒe na wò.
11 Когда исполнятся дни твои, и ты отойдешь к отцам твоим, тогда Я восставлю семя твое после тебя, которое будет из сынов твоих, и утвержу царство его.
“‘Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwòwo dometɔ ɖeka aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ.
12 Он построит Мне дом, и утвержу престол его навеки.
Eyae anye ame si atu gbedoxɔ nam eye mana eƒe dzidzimeviwo naɖu fia tegbetegbe.
13 Я буду ему отцом, и он будет Мне сыном, - и милости Моей не отниму от него, как Я отнял от того, который был прежде тебя.
Manye fofoa eye eya anye vinye. Nyemaɖe nye amenuveve kple lɔ̃lɔ ɖa le edzi abe ame si ɖu fia do ŋgɔ nɛ ene o.
14 Я поставлю его в доме Моем и в царстве Моем навеки, и престол его будет тверд вечно.
Matsɔe aɖo nye aƒe kple nye fiaɖuƒe nu tegbetegbe ale eƒe dzidzimeviwo aɖu fia ɣeawo katã ɣi.’”
15 Все эти слова и все видение точно пересказал Нафан Давиду.
Ale Natan gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ la na David.
16 И пришел царь Давид, и стал пред лицем Господним, и сказал: кто я, Господи Боже, и что такое дом мой, что Ты так возвысил меня?
Ale Fia David ɖanɔ anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wòdo gbe ɖa be, “Oo, Yehowa Mawu, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome be nètsɔ nu siawo katã nam?
17 Но и этого еще мало показалось в очах Твоих, Боже; Ты возвещаешь о доме раба Твоего вдаль, и взираешь на меня, как на человека великого, Господи Боже!
Oo Mawu, abe esiawo ɖe womesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe anye le etsɔ si gbɔna la ŋuti. Oo Yehowa Mawu, èle kpɔyem abe nye koe nye ame si de ŋgɔ wu le amewo katã dome ene.
18 Что еще может прибавить пред Тобою Давид для возвеличения раба Твоего? Ты знаешь раба Твоего!
“Nya kae David agagblɔ na wò le bubu si nède wò dɔla ŋu ŋuti? Elabena ènya wò dɔla,
19 Господи! для раба Твоего, по сердцу Твоему, Ты делаешь все это великое, чтобы явить всякое величие.
Oo Yehowa. Le wò dɔla ta kple le wò lɔlɔ̃nu me, èwɔ nu gã sia eye nèna wonya wò ŋugbedodo gã siawo katã.
20 Господи! Нет подобного Тебе, и нет Бога, кроме Тебя, по всему, что слышали мы своими ушами.
“Oo Yehowa, ame aɖeke mele abe wò ene o eye mawu aɖeke meli o negbe wò ko abe ale si míesee kple míawo ŋutɔ ƒe towo ene.
21 И кто подобен народу Твоему Израилю, единственному народу на земле, к которому приходил Бог, чтоб искупить его Себе в народ, сделать Себе имя великим и страшным делом - прогнанием народов от лица народа Твоего, который Ты избавил из Египта.
Eye dukɔ kae le abe wò dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo le wò dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ.
22 Ты соделал народ Твой Израиля Своим собственным народом навек, и Ты, Господи, стал Богом его.
Èwɔ Israel, wò dukɔ, wònye tɔwò tegbetegbe eye wò, Oo Yehowa, nèzu woƒe Mawu.
23 Итак теперь, о, Господи, слово, которое Ты сказал о рабе Твоем и о доме его, утверди навек, и сделай, как Ты сказал.
“Azɔ la, Oo Yehowa, na be wò ŋugbe si nèdo ɖe wò dɔla kple eƒe aƒe ŋu la nali ke tegbetegbe. Wɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene,
24 И да пребудет и возвеличится имя Твое вовеки, чтобы говорили: Господь Саваоф, Бог Израилев, есть Бог над Израилем, и дом раба Твоего Давида да будет тверд пред лицем Твоим.
ale be wòali ke eye wò ŋkɔ anye gã tegbee. Ekema amewo agblɔ be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, Mawu si le Israel dzi ɖum la, eyae nye Israel ƒe Mawu!’ Eye wò dɔla, David ƒe aƒe ali ke le ŋkuwòme.
25 Ибо Ты, Боже мой, открыл рабу Твоему, что Ты устроишь ему дом, поэтому раб Твой и дерзнул молиться пред Тобою.
“Wò, nye Mawu, èɖee fia wò dɔla be yeatu xɔ nɛ eya ta dzideƒo le wò dɔla si be wòado gbe ɖa na wò.
26 И ныне, Господи, Ты Бог, и Ты сказал о рабе Твоем такое благо.
Oo Yehowa, ènye Mawu vavã! Ètsɔ nu nyui siawo do ŋugbee na wò dɔla.
27 Начни же благословлять дом раба Твоего, чтоб он был вечно пред лицем Твоим. Ибо если Ты, Господи, благословишь, то будет он благословен вовек.
Azɔ la, edze ŋuwò be nàyra wò dɔla ƒe aƒe be wòayi edzi anɔ wò ŋkume tegbee elabena, Oo Yehowa, wòe yrae eya ta yayra anɔ edzi tegbetegbe.”