< Salmos 97 >
1 O SENHOR reina; que a terra se encha de alegria; alegrem-se as muitas ilhas.
Yehowa le fia ɖum, anyigba nekpɔ dzidzɔ, eye ƒutadu siwo le didiƒe ke la netso aseye.
2 Nuvens e escuridão há ao redor dele; justiça e juízo são a base de seu trono.
Lilikpowo kple blukɔ tsiɖitsiɖi ƒo xlãe, eye dzɔdzɔenyenye kple afia nyui tsotso nye eƒe fiazikpui ƒe gɔmeɖokpe.
3 Fogo vai adiante dele, que inflama seus adversários ao redor.
Dzo le bibim le eŋgɔ, eye wòle eƒe futɔwo fiam le akpa sia akpa.
4 Seus relâmpagos iluminam o mundo; a terra os vê, e treme.
Eƒe dzikedzo si akaɖi ɖe xexea me, eye anyigba kpɔe heʋuʋu heyeheye.
5 Os montes se derretem como cera na presença do SENHOR, na presença do Senhor de toda a terra.
Towo lolo abe yɔkumi ene le Yehowa ŋgɔ, ɛ̃, le anyigba ƒe Aƒetɔ la ŋkume.
6 Os céus anunciam sua justiça, e todos os povos veem sua glória.
Dziƒowo le gbeƒã ɖem eƒe dzɔdzɔenyenye, eye dukɔwo katã kpɔ eƒe ŋutikɔkɔe.
7 Sejam envergonhados todos os que servem a imagens, e os que se orgulham de ídolos; prostrai-vos diante dele todos os deuses.
Ŋukpe lé aklamakpakpɛsubɔlawo katã, ame siwo tsɔa legbawo ƒoa adegbee, ke misubɔe, mi mawuwo katã!
8 Sião ouviu, e se alegrou; e as filhas de Judá tiveram muita alegria, por causa de teus juízos, SENHOR;
Zion see, dzi dzɔe, eye Yuda ƒe kɔƒewo hã tso aseye le wò afia nyui tsotsowo ta, o Yehowa.
9 Pois tu, SENHOR, és o Altíssimo sobre toda a terra; tu és muito mais elevado que todos os deuses.
O! Yehowa, wò koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba la katã dzi, eye wodo wò ɖe dzi gbɔ mawuwo katã ta sãsãsã.
10 Vós que amais ao SENHOR: odiai o mal; ele guarda a alma de seus santos, [e] os resgata da mão dos perversos.
Mi ame siwo lɔ̃a Yehowa la, mitsri vɔ̃, elabena edzɔa etɔ siwo wɔa nuteƒe la ƒe agbe ŋuti, eye wòɖea woƒe agbe tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.
11 A luz é semeada para o justo, e a alegria para os corretos de coração.
Kekeli klẽna ɖe ame dzɔdzɔewo dzi, eye dzidzɔkpɔkpɔ yɔa ame siwo ƒe dzi to mɔ ɖeka la ƒe dziwo me.
12 Vós justos, alegrai-vos no SENHOR; e agradecei em memória de sua santidade.
Mi ame dzɔdzɔewo, mitso aseye le Yehowa me, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.