< Salmos 87 >
1 O seu fundamento está nos montes santos.
Korah ƒe viwo ƒe ha. Eɖo eƒe agunu anyi ɖe to Kɔkɔe la dzi.
2 O Senhor ama as portas de Sião, mais do que todas as habitações de Jacob.
Yehowa lɔ̃ Zion ƒe agbowo wu Yakob ƒe nɔƒewo katã.
3 Coisas gloriosas se dizem de ti, ó cidade de Deus. (Selah)
O! Mawu ƒe du, wogblɔ nu nyui geɖewo tso ŋuwò. (Sela)
4 Farei menção de Rahab e de Babilônia àqueles que me conhecem: eis que da philistéia, e de Tiro, e da Ethiopia, se dirá: Este homem nasceu ali
“Maŋlɔ Rahab kple Babilon ƒe ŋkɔ ɖe ame siwo nyam la dome, nenema kee nye Filistia kple Tiro hekpe ɖe Kus ŋuti, magblɔ be, ‘Wodzi esia le Zion.’”
5 E de Sião se dirá: Este e aquele nasceu ali; e o mesmo altíssimo a estabelecerá.
Vavã, woagblɔ le Zion ŋu be, “Wodzi esia kple ekemɛ le afi ma, eye Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔ aɖo egɔme anyi.”
6 O Senhor contará na descrição dos povos que este homem nasceu ali. (Selah)
Yehowa aŋlɔ ɖe dukɔwo ƒe agbalẽ me be, “Wodzi esia le Zion.” (Sela)
7 Assim como os cantores e tocadores de instrumentos estarão lá, todas as minhas fontes estão dentro de ti
Ne wole ha dzim la, woadzi ha be, “Nye agunuwo katã le mewò.”