< Salmos 3 >

1 Senhor, como se tem multiplicado os meus adversários! são muitos os que se levantam contra mim.
David ƒe ha, esi wòsi le via Absalom nu. O, Yehowa, aleke nye futɔwo sɔ gbɔ ale! Aleke ame geɖewo tso ɖe ŋunye ale!
2 Muitos dizem da minha alma: Não há salvação para ele em Deus (Selah)
Ame geɖewo le gbɔgblɔm tso ŋutinye be, “Mawu maɖee akpɔ o.” (Sela)
3 Porém tu, Senhor, és um escudo para mim, a minha glória, e o que exalta a minha cabeça.
O, Yehowa, ke wò la, ènye akpoxɔnu ƒo xlãm; ètsɔ ŋutikɔkɔe kɔ ɖe dzinye, eye nèkɔ nye ta dzi.
4 Com a minha voz clamei ao Senhor, e ouviu-me desde o seu santo monte (Selah)
Yehowae medo ɣli na sesĩe, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi. (Sela)
5 Eu me deitei e dormi: acordei; porque o Senhor me sustentou.
Memlɔ anyi hedɔ alɔ̃; meganyɔ, elabena Yehowae kpɔ tanye.
6 Não temerei os milhares de povo que se puseram contra mim e me cercam.
Nyemavɔ̃ na ame akpe nane siwo ho, ɖe to ɖem godoo la o.
7 Levanta-te, Senhor; salva-me, Deus meu; pois feriste a todos os meus inimigos nos queixos; quebraste os dentes aos ímpios.
Tso, O, Yehowa! Ɖem, O, nye Mawu! Ƒo tome na nye futɔwo katã; eye nàŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo.
8 A salvação vem do Senhor; sobre o teu povo seja a tua benção. (Selah)
Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona. Na be wò yayra nanɔ wò amewo dzi. (Sela)

< Salmos 3 >