< 2 Samuel 21 >

1 E houve em dias de David uma fome de tres annos, de anno em anno; e David consultou ao Senhor, e o Senhor lhe disse: É por causa de Saul e da sua casa sanguinaria, porque matou os gibeonitas.
Dɔ to ƒe etɔ̃ sɔŋ le David ƒe fiaɖuɣi. David do gbe ɖa na Yehowa ɖe eta eye Yehowa gblɔ na David be, “Dɔ sia to le Saul kple eƒe ƒometɔwo ƒe nu vɔ̃wo ta elabena wowu Gibeontɔwo.”
2 Então chamou o rei aos gibeonitas, e lhes fallou (ora os gibeonitas não eram dos filhos de Israel, mas do resto dos amorrheos, e os filhos de Israel lhes tinham jurado, porém Saul procurou feril-os no seu zelo á causa dos filhos de Israel e de Judah).
Ale Fia David yɔ Gibeontɔwo ƒo ƒu. Womenye Israelviwo o, ke boŋ wonye Amoritɔ siwo susɔ. Israel ka atam be yemawu wo o, ke Saul di be yeatsrɔ̃ wo le ŋuʋaʋã ɖe Israel kple Yuda nu ta.
3 Disse pois David aos gibeonitas: Que quereis que eu vos faça? e que satisfação vos darei, para que abençoeis a herança do Senhor?
David bia wo be, “Nu ka mate ŋu awɔ na mi be nu vɔ̃ sia naɖe ɖa le mia dzi eye wòana miabia Mawu be wòayra mi?”
4 Então os gibeonitas lhe disseram: Não é por prata nem oiro que temos questão com Saul e com sua casa; nem tão pouco pretendemos matar pessoa alguma em Israel. E disse elle: Que é pois que quereis que vos faça?
Gibeontɔwo ɖo eŋu be, “Ga mawɔ naneke tso nya sia ŋu o eye míedi be woatsɔ hlɔ̃biabia awu Israelviwo hã o.” David bia be, “Ekema nu ka mawɔ? Migblɔe nam ko eye mawɔe na mi.”
5 E disseram ao rei: O homem que nos destruiu, e intentou contra nós que fossemos assollados, sem que podessemos subsistir em termo algum de Israel,
Woɖo eŋu na fia la be, “Le ame si tsrɔ̃ mí eye wòɖo nugbe ɖe mía ŋu, na wowu mía dometɔ aɖewo eye teƒe aɖeke mele mía si le Israel ƒe akpa aɖeke o ta la,
6 De seus filhos se nos dêem sete homens, para que os enforquemos ao Senhor em Gibeah de Saul, o eleito do Senhor. E disse o rei: Eu os darei.
na woatsɔ via ŋutsu adre na mí eye míawu wo le Yehowa ŋkume le Gibea si nye Saul, Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe du la me.” Fia la gblɔ be, “Matsɔ wo na mi.”
7 Porém o rei poupou a Mephiboseth, filho de Jonathan, filho de Saul, por causa do juramento do Senhor, que entre elles houvera, entre David e Jonathan, filho de Saul.
Ena Yonatan ƒe viŋutsu Mefiboset, ame si nye Saul ƒe tɔgbuiyɔvi la tsi agbe le atam si eya kple Yonatan ka na wo nɔewo la ta.
8 Porém tomou o rei os dois filhos de Rispa, filha d'Aia, que tinha parido a Saul, a saber a Armoni e a Mephiboseth; como tambem os cinco filhos da irmã de Michal, filha de Saul, que parira a Adriel, filho de Barzillai, meholathita.
Ke etsɔ Rizpa ƒe viŋutsu eveawo, Armoni kple Mefiboset ame siwo nye Saul ƒe tɔgbuiyɔviwo to srɔ̃a Aya dzi la na wo. Eɖe asi le Saul ƒe vinyɔnu Merab ƒe viŋutsu atɔ̃ siwo wòdzi na Adriel si nye Barzilai, Meholatitɔ la hã ŋu na wo.
9 E os entregou na mão dos gibeonitas, os quaes os enforcaram no monte, perante o Senhor; e cairam estes sete juntamente: e foram mortos nos dias da sega, nos dias primeiros, no principio da sega das cevadas.
Gibeontɔwo he wo ɖe ati ŋu le toa dzi le Yehowa ŋkume. Ale wo ame adreawo katã ku zi ɖeka le luxaɣi la ƒe gɔmedzedze.
10 Então Rispa, filha d'Aia, tomou um panno de cilicio, e estendeu-lh'o sobre uma penha, desde o principio da sega, até que distillou a agua sobre elles do céu: e não deixou as aves do céu pousar sobre elles de dia, nem os animaes do campo de noite.
Rizpa, Aya ƒe vinyɔnu, ame si nye ŋutsu eveawo dada la keke akpanya ɖe agakpe aɖe dzi eye wònɔ afi ma le viawo ƒe kukuawo gbɔ tso nuxaɣi va se ɖe tsidzaŋɔli la, ale be akagawo mavuvu wo le ŋkeke me o eye lã wɔadãwo hã maɖu wo le zã me o.
11 E foi dito a David o que fizera Rispa, filha d'Aia, concubina de Saul.
Esi David se nu si Rizpa, Aya ƒe vinyɔnu, Saul ƒe ahiãvi wɔ la,
12 Então foi David, e tomou os ossos de Saul, e os ossos de Jonathan seu filho, dos moradores de Jabéz-gilead, os quaes os furtaram da rua de Beth-san, onde os philisteos os tinham pendurado, quando os philisteos feriram a Saul em Gilboa.
eyi ɖaxa Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo le Yabes Gileadtɔwo gbɔ. Yabes Gileadtɔwo fi wo le ablɔ me le Bet Sean, afi si Filistitɔwo tsi woƒe kukuawo ɖo le gbe si gbe wowu Saul le Gilboa to la dzi.
13 E fez subir d'ali os ossos de Saul, e os ossos de Jonathan seu filho: e ajuntaram tambem os ossos dos enforcados.
David lɔ Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo eye wòƒo ƒu Saul ƒe vi adreawo hã ƒe ƒuwo.
14 Enterraram os ossos de Saul, e de Jonathan seu filho na terra de Benjamin, em Zela, na sepultura de seu pae Kis, e fizeram tudo o que o rei ordenara; e depois d'isto Deus se aplacou com a terra.
Woɖi Saul kple Yonatan ƒe ƒuwo ɖe Saul fofo, Kis ƒe yɔdo la me le Zela, le Benyaminyigba dzi eye wowɔ nu siwo katã fia la ɖo da ɖi. Le esia megbe la, Mawu se woƒe gbedodoɖa eye wòtsi dɔwuame la nu.
15 Tiveram mais os philisteos uma peleja contra Israel: e desceu David, e com elle os seus servos: e tanto pelejaram contra os philisteos, que David se cançou.
Filistitɔwo gaho aʋa ɖe Israelviwo ŋu gbe ɖeka. David kple eƒe amewo wɔ aʋa la ale gbegbe be ɖeɖi te David ŋu eye wògbɔdzɔ.
16 E Isbi-benob, que era dos filhos do gigante, e o peso de cuja lança tinha trezentos siclos de peso de cobre, e que cingia uma espada nova, este intentou ferir a David.
Filistitɔwo ƒe ame dzɔatsu aɖe si nye Rafa ƒe dzidzimevi, Isbi Benob, ame si ƒe akplɔ ƒe akɔbliteƒe kpe wu kilogram wuieve la, do gawu yeye aɖe hã. Egblɔ be yele David wu ge.
17 Porém Abisai, filho de Zeruia, o soccorreu, e feriu o philisteo, e o matou: então os homens de David lhe juraram, dizendo: Nunca mais sairás comnosco á peleja, para que não apagues a lampada de Israel.
Ke Abisai, Zeruya ƒe vi xɔ nɛ eye wòwu Isbibenɔb, Filistitɔ la. Le esia megbe la, David ƒe amewo gblɔ nɛ be, “Màgayi aʋa kpli mí azɔ o! Nu ka ta míaɖe mɔ Israel ƒe kekeli natsi?”
18 E aconteceu depois d'isto que houve em Gob ainda outra peleja contra os philisteos: então Sibbechai, o husatita, feriu a Saph, que era dos filhos do gigante.
Emegbe, le aʋa aɖe me kple Filistitɔwo le Gob la, Sibekai, Husatitɔ la wu Saf si tso Rafa ƒe dzidzimeviwo dome.
19 Houve mais outra peleja contra os philisteos em Gob: e El-hanan, filho de Jaaré-oregim, o beth-lehemita feriu Goliath, o getheo, de cuja lança era a haste como orgão de tecelão.
Le aʋa bubu si wogawɔ kple Filistitɔwo le Gob la, Elhanan, Yair Betlehemtɔ ƒe vi wu Goliat si nye Gititɔ, ame si ƒe akplɔti lolo abe ati si le avɔlɔ̃lawo ƒe agbati me ene.
20 Houve ainda tambem outra peleja em Gath, onde estava um homem d'alta estatura, que tinha em cada mão seis dedos, e em cada pé outros seis, vinte e quatro por todos, e tambem este nascera do gigante.
Le aʋa bubu aɖe si wowɔ le Gat me la, ame dzɔatsu aɖe si to asibidɛ ade ɖe asi ɖeka kple afɔbidɛ ade ɖe afɔ ɖeka, wo katã le blaeve-vɔ-ene eye eya hã tso Rafa ƒe dzidzime la
21 E injuriava a Israel: porém Jonathan, filho de Simea, irmão de David, o feriu.
ɖu fewu le Israel ŋu ale Yonatan, ame si nye, David nɔviŋutsu Simea ƒe vi la wui.
22 Estes quatro nasceram ao gigante em Gath: e cairam pela mão de David e pela mão de seus servos.
Ame ene siawo nye Rafa ƒe dzidzimeviwo tso Gat eye wotsi David kple eƒe amewo ƒe asi me.

< 2 Samuel 21 >