< Psalmów 53 >
1 Przewodnikowi chóru, na Machalat. Psalm pouczający Dawida. Głupi mówi w swoim sercu: Nie ma Boga. Są zepsuci i czynią obrzydliwą nieprawość; nie ma [nikogo], kto by czynił dobro.
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe nublanuigbe me. Bometsila gblɔ le eƒe dzi me be, “Mawu aɖeke meli o.” Wonye ame baɖawo, woƒe mɔwo hã nye nu tovowo, ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o.
2 Bóg spojrzał z niebios na synów ludzkich, aby zobaczyć, czy jest ktoś rozumny [i] szukający Boga.
Mawu lé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu tso dziƒo, ne wòakpɔe ɖa be ame aɖe se nu gɔme alo di Mawu hã.
3 Wszyscy zboczyli z drogi, [wszyscy] jednakowo znikczemnieli; nie ma [nikogo], kto by czynił dobro, nie ma ani jednego.
Ke ame sia ame trɔ megbe dee, wo katã tim wɔ nu tovo; ame ɖeka hɔ̃ɔ hã meli si wɔa nu nyui o, ɖeka pɛ hã meli o.
4 Czyż są nierozumni czyniący nieprawość, którzy pożerają mój lud, jakby chleb jedli, [a] Boga nie wzywają?
Ɖe ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vuvu nye dukɔ abe ale si woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Mawu o la ava srɔ̃ nu gbe aɖe gbea?
5 Tam ogarnął ich strach, gdzie nie było [powodu] do strachu, Bóg bowiem rozproszył kości tych, którzy cię oblegali; [ty] okryjesz [ich] hańbą, bo Bóg nimi wzgardził.
Woawoe ma ŋɔdzi lé, evɔ ŋɔdzinu aɖeke meli hafi o. Mawu gbã ƒu ɖe lãme na ame siwo tso ɖe mia ŋu la; ena ŋukpe lé wo, elabena Mawu gbe wo.
6 Któż ześle z Syjonu zbawienie Izraelowi? Gdy Bóg odwróci niewolę swego ludu, Jakub się rozraduje i rozweseli się Izrael.
O! Xɔname neva tso Zion na Israel! Ne Mawu gaɖo eƒe dukɔ ƒe nunyonamewo te la, Yakob netso aseye, eye Israel nekpɔ dzidzɔ!