< زکریا 5 >
بار دیگر به آسمان چشم دوختم و طوماری را در حال پرواز دیدم. | 1 |
Megawu mo dzi eye mekpɔ agbalẽ aɖe wònɔ dzodzom le yame.
فرشته از من پرسید: «چه میبینی؟» جواب دادم: «طوماری میبینم به طول ده متر و عرض پنج متر که در حال پرواز است.» | 2 |
Mawudɔla la biam be, “Nu ka nèkpɔ?” Meɖo eŋu be, “Mekpɔ agbalẽ aɖe si le dzodzom! Agbalẽ la ƒe didime nye afɔ blaetɔ̃ eye eƒe kekeme nye afɔ wuiatɔ̃.”
گفت: «این طومار لعنتهای خدا را در بردارد و آنها را به سراسر جهان میبرد. نوشتهٔ روی آن نشان میدهد که تمام دزدان و دروغگویان محکوم به مرگ هستند.» | 3 |
Eye wògblɔ nam be, “Agbalẽ siae nye fiƒode si le tsatsam le anyigba la katã dzi. Agbalẽ la ƒe akpa ɖeka le gbɔgblɔm be woaɖe fiafitɔ ɖe sia ɖe ɖa, eye akpa evelia le gbɔgblɔm be, ame sia ame si kaa atam dzodzro la, woaɖee ɖa.
خداوند لشکرهای آسمان میفرماید که این لعنتها را به خانهٔ کسانی که دزدی میکنند و آنهایی که به نام او قسم دروغ میخورند، میفرستد تا بر خانههایشان قرار بگیرد و آنها را به کلی نابود کند. | 4 |
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, ‘Madɔ fiƒode sia ɖa, eye age ɖe fiafitɔ la ƒe aƒe me kple ame si yɔa nye ŋkɔ tsɔ kaa atam dzodzro la ƒe aƒe me. Anɔ eƒe aƒe me, agbã aƒe nɛ, eye wòakaka atiawo kple kpeawo siaa.’”
فرشته بار دیگر ظاهر شد و گفت: «بالا را نگاه کن. چیز دیگری در حال پرواز است.» | 5 |
Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la zɔ va gbɔnye, eye wògblɔ nam be, “Fɔ mo dzi nàkpɔ nu si le yame gbɔna.”
پرسیدم: «آن چیست؟» جواب داد: «یک بشکهٔ بزرگ است. این بشکه پر است از گناهانی که سراسر زمین را فرا گرفتهاند.» | 6 |
Mebiae be, “Nu ka wònye?” Eɖo eŋu be, “Nudzidzekusie” Egagblɔ kpe ɖe eŋu be, “Esiae nye amewo ƒe nu vɔ̃ le anyigba katã la dzi.”
ناگهان سرپوش سنگین سربی بشکه کنار رفت و من توانستم زنی را که در بشکه نشسته بود ببینم! | 7 |
Kasia nutunu gã si le kusi la nu la fɔ dzi, eye mekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe kusi la me!
فرشته گفت: «آن زن نشانهٔ فساد و شرارت است.» آنگاه زن را به داخل بشکه هل داد و دوباره سرپوش سربی را روی آن گذاشت. | 8 |
Mawudɔla la gblɔ be, “Esiae nye vɔ̃ɖinyenye,” eye wotutui gade kusi la me hetsɔ nutunu gã la tu enu.
سپس دو زن دیگر دیدم که بالهایی شبیه بالهای لکلک داشتند و پرواز میکردند. آنها آمده، بشکه را برداشتند و پروازکنان با خود بردند. | 9 |
Azɔ mekpɔ nyɔnu eve siwo dzo gbɔna ɖe gbɔnye, woƒe aʋalawo le abe damixetɔwo ene, eye wova kɔ kusi gã la hedzo kplii yi ɖe dziƒo ʋĩi.
از فرشته پرسیدم: «بشکه را کجا میبرند؟» | 10 |
Mebia mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la be, “Afi ka wokɔ kusi la yinae?”
جواب داد: «آن را به بابِل میبرند تا جایگاهی برای آن بسازند و بشکه را در آن قرار دهند.» | 11 |
Eɖo eŋu nam be, “Wokɔe yina ɖe Babilonia, afi si woatu xɔ ɖo nɛ. Ne wotu xɔ la nɛ vɔ la, woakɔ kusi la ada ɖe enɔƒe le afi ma.”