< اعداد 34 >

خداوند به موسی فرمود: «به بنی‌اسرائیل بگو: وقتی به سرزمین کنعان که من آن را به ارث به شما می‌دهم وارد شدید، مرزهایتان اینها خواهد بود: 1
Yehowa gblɔ na Mose be,
2
“Ɖe gbe na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne mieɖo Kanaan la, anyigba si woana mi abe domenyinu ene la ƒe liƒowo ayi ale:
«قسمت جنوبی آن، بیابان صین واقع در مرز ادوم خواهد بود. مرز جنوبی از دریای مرده آغاز شده، 3
“‘Miaƒe anyigba la ƒe anyigbeme ƒe liƒo anye Zin gbegbe la, ato Edom ƒe liƒo dzi. Miaƒe anyigba ƒe dzieheliƒo anye Dzeƒu la,
به سمت جنوب از گردنهٔ عقربها به طرف بیابان صین امتداد می‌یابد. دورترین نقطهٔ مرز جنوبی، قادش برنیع خواهد بود که از آنجا به سمت حَصَر ادار و عصمون ادامه خواهد یافت. 4
ato afi ma aɖo ta dziehe, ato Akrabim to dzi mɔ le Zin lɔƒo. Eƒe seƒe le dziehe anye Kades Barnea, afi si wòatso aɖo ta Hazar Adar, ayi Azmon.
این مرز از عصمون در جهت نهر مصر پیش رفته، به دریای مدیترانه منتهی می‌گردد. 5
Tso Azmon la, liƒo la azɔ Egipte tɔʋu la ŋu ayi aɖatɔ Dzeƒu la.
«مرز غربی شما، ساحل دریای مدیترانه خواهد بود. 6
Miaƒe ɣetoɖoƒeliƒo anye Domeƒu la ƒe ƒuta.
«مرز شمالی شما از دریای مدیترانه شروع شده، به سوی مشرق تا کوه هور پیش می‌رود و از آنجا تا گذرگاه حمات ادامه یافته، از صدد و زفرون گذشته، به حصرعینان می‌رسد. 7
Miaƒe dzigbemeliƒo adze egɔme tso Domeƒu la ŋu, aɖo ta ɣedzeƒe, ayi Hor to la gbɔ.
8
Tso Hor to la gbɔ ayi Lebo Hamat, ato Zedad
9
kple Zifron, ayi Hazar Enan. Esia anye miaƒe anyieheliƒo la.
«حد شرقی از حصرعینان به طرف جنوب تا شفام و از آنجا تا ربله واقع در سمت شرقی عین، ادامه می‌یابد. از آنجا به صورت یک نیم دایرهٔ بزرگ، اول به طرف جنوب و بعد به سمت غرب کشیده می‌شود تا به جنوبی‌ترین نقطهٔ دریای جلیل برسد، 10
Miaƒe ɣedzeƒeliƒo atso Hazar Enan aɖo ta anyigbeme ayi Sefam
11
kple Ribla le Ain ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. Tso afi ma la, aɖiɖi aƒo xlã gbã, aɖo ta anyigbeme gome, atrɔ aɖo ta ɣetoɖoƒe lɔƒo va se ɖe esime wòaɖo Galilea ƒu la ƒe anyigbeme nu tututu.
سپس در امتداد رود اردن به دریای مرده منتهی می‌شود. «این سرزمین شما خواهد بود با سرحدات اطرافش.» 12
Tso afi ma la, azɔ Yɔdan tɔsisi la ŋu ahawu nu ɖe Dzeƒu la nu. “‘Esiae nye miaƒe anyigba kple eƒe liƒo si ƒo xlãe.’”
موسی به بنی‌اسرائیل گفت: «این است سرزمینی که باید به قید قرعه بین خودتان تقسیم کنید. به دستور خداوند آن را باید بین نُه قبیله و نیم تقسیم کنید، 13
Mose gblɔ na Israelviwo be, “Anyigba sia dzie miadzidze nu ɖo hena emama ɖe mia dome. Mimae ɖe to asiekɛ kple afã dome,
زیرا برای قبیله‌های رئوبین و جاد و نصف قبیلهٔ منسی، در سمت شرقی رود اردن و در مقابل اریحا زمین تعیین شده است.» 14
elabena Ruben ƒe viwo ƒe to la kple Gad ƒe viwo ƒe to la kple Manase ƒe viwo ƒe to la ƒe afã xɔ woƒe domenyinu xoxo.
15
To eve kple afã siawo xɔ woƒe domenyinu le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe le Yeriko kasa.”
خداوند به موسی فرمود: «مردانی که آنها را تعیین کرده‌ام تا کار تقسیم زمین را بین قبایل اسرائیل انجام دهند اینها هستند: العازار کاهن، یوشع پسر نون و یک رهبر از هر قبیله. اسامی این رهبران به شرح زیر می‌باشد: «قبیله رهبر یهودا کالیب، پسر یفنه شمعون شموئیل، پسر عمیهود بنیامین الیداد، پسر کسلون دان بِقُی، پسر یُجلی منسی (پسر یوسف) حنی‌ئیل، پسر ایفود افرایم (پسر یوسف) قموئیل، پسر شفطان زبولون الیصافان، پسر فرناک یساکار فلطی‌ئیل، پسر عزان اشیر اخیهود، پسر شلومی نفتالی فده‌ئیل، پسر عمیهود.» 16
Yehowa gblɔ na Mose be,
17
“Ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama dzi la ƒe ŋkɔwoe nye: nunɔla Eleazar, Yosua, Nun ƒe viŋutsu,
18
eye nàtia kplɔla tso to ɖe sia ɖe me.
19
“Ame siawoe nye: “Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me,
20
Samuel, Amihud ƒe viŋutsu, tso Simeon ƒe to la me,
21
Elidad, Kislon ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me,
22
Buki, Yogli viŋutsu, tso Dan ƒe to la me,
23
Yosef ƒe dzidzimevi siwo anye tatɔwo lae nye esiwo: Haniel, Efɔd ƒe viŋutsu, tso Manase ƒe to la me,
24
Kemuel, Siftan ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me,
25
Elizafan, Parnax viŋutsu, tso Zebulon ƒe to la me,
26
Paltiel, Azan ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me,
27
Ahihud, Selomi ƒe viŋutsu, tso Aser ƒe to la me,
28
Pedahel, Amihud ƒe viŋutsu, tso Naftali ƒe to la me.”
اینها اسامی کسانی است که خداوند انتخاب کرد تا بر کار تقسیم زمین بین قبایل اسرائیل نظارت کنند. 29
Esiawoe nye ame siwo metia be woakpɔ anyigba la mama ɖe Israelviwo dome dzi la ƒe ŋkɔwo.

< اعداد 34 >