< لاویان 20 >
«این دستورها را به بنیاسرائیل بده: هر کسی، چه اسرائیلی باشد چه غریبی که در میان شما ساکن است، اگر فرزند خود را برای بت مولک قربانی کند، قوم اسرائیل باید او را سنگسار کنند. | 2 |
“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be woawu Israelvi alo amedzro si le Israel, ame si atsɔ viawo dometɔ aɖe ana Molek. Teƒe ma nɔlawo naƒu kpee.
من خود بر ضد او برمیخیزم و او را از میان قوم اسرائیل منقطع کرده به سزای اعمالش خواهم رساند، زیرا فرزند خود را برای مولک قربانی کرده و بدین وسیله خیمۀ ملاقات مرا نجس نموده و نام مقدّس مرا بیحرمت ساخته است. | 3 |
Emegbe nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe eŋu, eye maɖee ɖa le eƒe amewo dome, elabena etsɔ via sa vɔe na Molek, eto esia me wɔ nye Agbadɔ wòzu teƒe si medze be maganɔ o, eye wòdo vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la.
اگر اهالی محل وانمود کنند که از کاری که آن مرد کرده، بیخبرند و نخواهند او را بکشند، | 4 |
Ne anyigba la dzi tɔwo wɔ abe ɖe womenya naneke tso ame si tsɔ via na Molek ŋu o, eye wogbe be yewomawui o la,
آنگاه من بر ضد او و خانوادهاش برمیخیزم و او را با تمامی اشخاص دیگری که از مولک پیروی نموده، به من خیانت ورزیدهاند منقطع میکنم و به سزای اعمالشان میرسانم. | 5 |
ekema nye ŋutɔ mado dɔmedzoe ɖe amea kple eƒe ƒometɔwo ŋu, eye matsrɔ̃ ame siwo katã subɔa Molek alo mawu bubuwo.
«اگر کسی به جادوگران و احضارکنندگان ارواح متوسل شده، با این عمل به من خیانت ورزد من بر ضد او برمیخیزم و او را از میان قوم خود منقطع کرده، به سزای اعمالش میرسانم. | 6 |
“‘Maɖe ŋku atɔ ame sia ame si adze ŋɔliyɔlawo kple bokɔnɔwo yome, eye madze nye boŋ yome o; matsrɔ̃e ɖa le eƒe amewo dome.
پس خود را تقدیس نمایید و مقدّس باشید، چون من خداوند، خدای شما هستم. | 7 |
“‘Eya ta mikɔ mia ɖokuiwo ŋu, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
از فرامین من که خداوند هستم و شما را تقدیس میکنم، اطاعت کنید. | 8 |
Miwɔ nye seawo katã dzi, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa mia ŋuti.
«کسی که پدر یا مادرش را نفرین کند، باید کشته شود؛ و خونش بر گردن خودش خواهد بود. | 9 |
“‘Ame sia ame si aƒo fi ade fofoa alo dadaa la, ele be woawui kokoko, elabena eƒo fi de eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kple ʋu.
«اگر فردی با همسر شخص دیگری زنا کند، مرد و زن هر دو باید کشته شوند. | 10 |
“‘Ne ŋutsu aɖe wɔ ahasi kple ehavi srɔ̃ la, ele be woawu ŋutsu ahasiwɔla la kple nyɔnu ahasiwɔla la siaa.
اگر مردی با زن پدر خود همبستر شود به پدر خود بیاحترامی کرده است، پس آن مرد و زن هر دو باید کشته شوند؛ و خونشان به گردن خودشان میباشد. | 11 |
“‘Ne ŋutsu aɖe dɔ fofoa srɔ̃ gbɔ la, eɖe fofoa ƒe amama ɖe go. Ele be woawu ŋutsu la kple nyɔnu la siaa, elabena woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.
اگر مردی با عروس خود همبستر شود، هر دو باید کشته بشوند، زیرا زنا کردهاند؛ و خونشان به گردن خودشان میباشد. | 12 |
“‘Ne ŋutsu aɖe dɔ toyɔvia gbɔ la, woawu wo ame eve la siaa; woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui to ɖiƒoƒo wo nɔewo me.
اگر دو مرد با هم نزدیکی کنند، عمل قبیحی انجام دادهاند و باید کشته شوند؛ و خونشان به گردن خودشان میباشد. | 13 |
“‘Tohehe si woana ŋutsu eve siwo dɔ wo nɔewo gbɔe nye woawu wo ame eve la. Woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.
اگر مردی با زنی و با مادر آن زن نزدیکی کند، گناه بزرگی کرده است و هر سه باید زندهزنده سوزانده شوند تا این لکهٔ ننگ از دامن شما پاک شود. | 14 |
“‘Ŋutsu si dɔ nyɔnu aɖe kple nyɔnu la dada gbɔ la, wɔ nu vɔ̃ triakɔ aɖe. Woatɔ dzo wo ame etɔ̃ la katã agbagbee be wòaɖe ŋukpenanu vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome.
«اگر مردی با حیوانی نزدیکی کند، آن مرد و آن حیوان باید کشته شوند. | 15 |
“‘Ne ŋutsu aɖe de asi lãnɔ aɖe ŋu la, ele be woawu ŋutsu la kple lãnɔ la siaa, elabena woƒe ʋu anɔ woawo ŋutɔ ƒe ta dzi.
اگر زنی با حیوانی نزدیکی کند، آن زن و حیوان باید کشته شوند؛ و خونشان به گردن خودشان میباشد. | 16 |
“‘Ne nyɔnu aɖe na lã aɖe de asi eŋu la, ele be woawu nyɔnu la kple lã la siaa, elabena tohehe mae dze na wo.
«اگر مردی با خواهر خود ازدواج کند و با او همبستر شود، خواه دختر پدرش باشد، خواه دختر مادرش، عمل شرمآوری کرده است و هر دو باید در پیش چشمان مردم از میان قوم منقطع شوند و آن مرد باید به سزای گناه خود برسد، زیرا خواهر خود را بیعصمت کرده است. | 17 |
“‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia nyɔnu, eɖanye fofoa ƒe vinyɔnu alo dadaa ƒe vinyɔnu ŋu la, enye ŋukpenanu, eye ele be woatsrɔ̃ wo ame eve la ɖa tso Israelviwo dome. Fɔɖiɖi la anɔ ŋutsu la dzi.
اگر مردی با زنی به هنگام عادت ماهانهاش همبستر شود، هر دو نفر باید از میان قوم اسرائیل منقطع شوند، زیرا مقررات مربوط به طهارت را رعایت نکردهاند. | 18 |
“‘Ne ŋutsu aɖe dɔ nyɔnu aɖe si tsi gbɔto gbɔ la, woatsrɔ̃ wo ame eve la, elabena ŋutsu la ɖe nyɔnu la ƒe makɔmakɔnyenye ɖe go.
«اگر مردی با خاله یا عمهٔ خود همبستر شود، هر دو آنها باید به سزای گناه خود برسند، زیرا بستگان نزدیک یکدیگرند. | 19 |
“‘Ŋutsu aɖeke made asi fofoa nɔvinyɔnu alo dadaa nɔvinyɔnu ŋu o, elabena ƒometɔ tututu wonye na wo nɔewo. Woƒe fɔɖiɖi anɔ woawo ŋutɔ dzi.
اگر مردی با زن عموی خود همبستر شود، به عموی خود بیاحترامی کرده است. آنها به سزای گناه خود خواهند رسید و بیاولاد خواهند مرد. | 20 |
“‘Ne ŋutsu aɖe de asi fofoa nɔviŋutsu srɔ̃ alo dadaa nɔviŋutsu srɔ̃ ŋu la, ekema eɖe fofoa nɔviŋutsu alo dadaa nɔviŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woƒe tohehee nye woƒe nu vɔ̃ anɔ woƒe ta dzi, eye woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe.
اگر مردی زن برادر خود را به زنی بگیرد، کار قبیحی کرده است، زیرا نسبت به برادرش بیاحترامی نموده است. هر دو ایشان بیاولاد خواهند مرد. | 21 |
“‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia ŋutsu srɔ̃ ŋuti la, ewɔ nu makɔmakɔ, elabena eɖe nɔvia ŋutsu la ƒe amama ɖe go. Woatsi ko va se ɖe woƒe kugbe.
«باید از تمامی قوانین و دستورهای من اطاعت کنید تا شما را از سرزمین جدیدتان بیرون نکنم. | 22 |
“‘Eya ta miwɔ nye seawo kple nye ɖoɖowo katã dzi, ale be anyigba si metsɔ na mi la matu mi aƒu gbe o.
از رسوم مردمی که از پیش شما میرانم پیروی نکنید چون ایشان همهٔ اعمالی را که من شما را از آنها برحذر ساختهام انجام میدهند و به همین دلیل است که از آنها نفرت دارم. | 23 |
Migawɔ dukɔ siwo manya ɖa le mia ŋgɔ la ƒe kɔnuwo o, elabena nu tovo siwo katã ŋu mede se na mi le la, woawoe wowɔna. Nu sia tae melé fu wo ɖo.
قول دادهام سرزمینشان را به شما بدهم تا آن را به تصرف خود درآورده، مالک آن باشید. آنجا سرزمینی است که شیر و عسل در آن جاری است. من خداوند، خدای شما هستم که شما را از قومهای دیگر جدا کردهام. | 24 |
Medo woƒe anyigba ŋugbe na mi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Enye anyigba aɖe si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la, ame si de vovototo miawo kple dukɔ bubuwo ƒe amewo dome.
«بین پرندگان و حیواناتی که گوشت آنها برای شما حلال است و آنهایی که حرام است فرق بگذارید. با خوردن گوشت پرندگان یا حیواناتی که خوردن آنها را برای شما حرام کردهام خود را آلوده نکنید. | 25 |
“‘Eya ta ele be miade vovototo xe kple lã siwo meɖe mɔ na mi be miaɖu kple esiwo mebe migaɖu o la dome. Migaƒo ɖi mia ɖokui, eye miana magbe nu le mia gbɔ to miaƒe lã kple xe siwo mede se na mi be migaɖu o la ɖuɖu me o, togbɔ be wobɔ ɖe anyigba la dzi fũu hã.
برای من مقدّس باشید، زیرا من که خداوند هستم مقدّس میباشم و شما را از سایر اقوام جدا ساختهام تا از آن من باشید. | 26 |
Ele be mianye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la, kɔkɔetɔe menye, eye meɖe mi ɖe aga tso dukɔ bubuwo me tɔwo katã gbɔ be mianye tɔnyewo.
«احضارکنندهٔ روح یا جادوگر، چه مرد باشد چه زن، باید سنگسار شود. خون او بر گردن خودش است.» | 27 |
“‘Ele kokoko be woaƒu kpe ŋɔliyɔlawo alo bokɔwo, woɖanye ŋutsuwo alo nyɔnuwo o, woaku. Woawo ŋutɔe di ku na wo ɖokui.’”