< داوران 8 >

اما رهبران قبیلهٔ افرایم به شدت نسبت به جدعون خشمناک شده، گفتند: «چرا وقتی به جنگ مدیانی‌ها رفتی ما را خبر نکردی؟» 1
Efraim ƒe towo ƒe kplɔlawo do dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe Gideon ŋu, wobiae be, “Nu ka ta mèɖo du ɖe mí enumake esi nèho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu o?”
جدعون در جواب ایشان گفت: «در مقایسه با کار شما، من چه کرده‌ام؟ آیا انگورهای افرایم که روی زمین باقی مانده‌اند بهتر از حصاد انگور اَبیعزر نیست؟ 2
Ke Gideon ɖo eŋu be, “Ɖe Efraim ƒe wainxaxa mlɔetɔ menyo wu Abiezer ƒe wainxaxa blibo la oa?
خدا غراب و ذئب، سرداران مدیان را به دست شما تسلیم نمود. عملیات شما در آخر جنگ مهمتر از عملیات ما در آغاز جنگ بود.» پس آنها آرام شدند. 3
Mawu na mielé Oreb kple Zeb, Midiantɔwo ƒe aʋafiawo! Nu kae mewɔ si woatsɔ asɔ kple nu gã si miawo miewɔ?” Gideon ƒe nya siawo na Efraim ƒe viwo ƒe kplɔlawo ƒe dzi fa.
آنگاه جدعون و سیصد نفری که همراهش بودند از رود اردن گذشتند. با اینکه خیلی خسته بودند، ولی هنوز دشمن را تعقیب می‌کردند. 4
Gideon tso Yɔdan tɔsisi la azɔ kple eƒe aʋawɔla alafa etɔ̃awo. Ɖeɖi te wo ŋu gake woganɔ futɔwo nyam kokoko.
جدعون از اهالی سوکوت غذا خواست و گفت: «ما به خاطر تعقیب زبح و صلمونع، پادشاهان مدیانی بسیار خسته هستیم.» 5
Esi wova ɖo Sukɔt la, Gideon gblɔ na Sukɔt ƒe amewo be ɖeɖi te yewo ŋu le Midian fiawo, Zeba kple Zalmuna nyanya me eya ta woana nuɖuɖu yewo.
اما رهبران سوکوت جواب دادند: «شما هنوز زبح و صلمونع را نگرفته‌اید که ما به شما نان بدهیم.» 6
Ke Sukɔt ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be “Ɖe miaƒe asi su Zeba kple Zalmuna dzi xoxoa? Ne míena nuɖuɖu mi eye miete ŋu lé wo o la, woatrɔ ava wu mí.”
جدعون به آنها گفت: «وقتی که خداوند زبح و صلمونع را به دست من تسلیم کند، برمی‌گردم و گوشت بدن شما را با خارهای صحرا می‌درم.» 7
Gideon gblɔ na wo be, “Ne Aƒetɔ la tsɔ wo de asi nam la, ekema matrɔ ava eye matsɔ aŋɔka ƒe ŋuwo adze ŋuti na mi.”
سپس نزد اهالی فنوئیل رفت و از آنها نان خواست اما همان جواب اهالی سوکوت را شنید. 8
Ale Gideon tso eme yi ɖabia nuɖuɖu le Penuel eye woawo hã gblɔ abe Sukɔt ƒe amewo ke ene.
پس به ایشان گفت: «وقتی از این جنگ سلامت برگردم، این برج را منهدم خواهم کرد.» 9
Gideon gagblɔ na woawo hã be, “Ne aʋa siawo wɔwɔ nu tso la, matrɔ ava eye magbã mɔ sia aƒu anyi.”
در این هنگام زبح و صلمونع با قریب پانزده هزار سرباز باقیمانده در قرقور به سر می‌بردند. از آن سپاه عظیم دشمنان فقط همین عده باقیمانده بودند. صد و بیست هزار نفر کشته شده بودند. 10
Azɔ la Fia Zeba kple Fia Zalmuna kple woƒe aʋawɔla akpe wuiatɔ̃ va ɖo Karkor, ame mawo koe susɔ le aʋakɔ siwo tso ɣedzeƒe la me elabena wowu wo dometɔ akpe alafa ɖeka blaeve xoxo.
پس جدعون از راه چادرنشینان در شرق نوبح و یجبهاه بر مدیانیان شبیخون زد. 11
Gideon trɔ azɔ to asimɔ si to Noba kple Yogbeha ƒe ɣedzeƒe eye wòdze Midiantɔwo ƒe aʋakɔ dzi esi womenɔ mɔ kpɔm na wo kura o.
زبح و صلمونع فرار کردند، اما جدعون به تعقیب آنها پرداخته، ایشان را گرفت و سپاه آنها را به کلی تار و مار ساخت. 12
Fia eveawo si gake Gideon kplɔ wo ɖo va se ɖe esime wòlé wo eye wòtsrɔ̃ aʋakɔ blibo la.
بعد از آن، وقتی جدعون از راه گردنهٔ حارس از جنگ بازمی‌گشت 13
Le esia megbe la, Gideon to mɔ si to Heres mɔ la gbɔ hetrɔ gbɔ.
در راه، جوانی از اهالی سوکوت را گرفت و از او خواست تا نامهای رهبران و بزرگان شهر سوکوت را بنویسد. او هم نامهای آنها را که هفتاد و هفت نفر بودند، نوشت. 14
Elé ɖekakpui aɖe tso Sukɔt eye wòzi edzi be wòaŋlɔ Sukɔt ƒe kplɔlawo kple mawunua blaadre-vɔ-adreawo ŋkɔ na ye.
پس جدعون نزد اهالی سوکوت بازگشته، به ایشان گفت: «این هم زبح و صلمونع که به من طعنه زده، گفتید: شما که هنوز زبح و صلمونع را نگرفته‌اید؛ و به ما که خسته و گرسنه بودیم نان ندادید.» 15
Etrɔ va Sukɔt eye wògblɔ na wo be, “Mieɖu fewu le ŋunye be, nye asi masu Fia Zeba kple Fia Zalmuna dzi akpɔakpɔ o eye miegbe, miena nuɖuɖu mí o, le esime ɖeɖi te mía ŋu eye dɔ nɔ mía wum. Kpɔ ɖa, fia eveawoe nye esiawo.”
آنگاه رهبران سوکوت را با خارهای صحرا مجازات کرد تا درس عبرتی برای اهالی آن شهر باشد. 16
Tete wòlé dumemetsitsiawo eye wòtsɔ aŋɔkawo kple ŋuwo fia nunya woe.
همچنین به فنوئیل رفت و برج شهر را خراب کرده، تمام مردان آنجا را کشت. 17
Emegbe la, Gideon yi Penuel hã, gbã mɔ la ƒu anyi eye wòwu ŋutsuwo katã le dua me.
آنگاه جدعون رو به زبح و صلمونع کرده، از ایشان پرسید: «مردانی را که در تابور کشتید چه کسانی بودند؟» گفتند: «مانند شما و چون شاهزادگان بودند.» 18
Le esia megbe la, Gideon bia Fia Zeba kple Fia Zalmuna be, “Ame siwo miewu le Tabɔr ɖe, aleke wole?” Woɖo eŋu be, “Wodo awu abe miawo ene tututu, abe fiaviŋutsuwo ene.”
جدعون گفت: «آنها برادران من بودند. به خداوند زنده قسم اگر آنها را نمی‌کشتید، من هم شما را نمی‌کشتم.» 19
Gideon do ɣli be, “Nɔvinyewo kokoko woanye! Meka atam be, ne menye ɖe miewu wo o la, anye ne nyemawu mi o.”
آنگاه به یَتَر، پسر بزرگش دستور داد که آنها را بکشد. ولی او شمشیرش را نکشید، زیرا نوجوانی بیش نبود و می‌ترسید. 20
Azɔ Gideon ɖe gbe na Via ŋutsu tsitsitɔ, Yeter, be wòawu wo. Ke Yeter metsi o eya ta enɔ vɔvɔ̃m be yeawu wo.
زبح و صلمونع به جدعون گفتند: «خودت ما را بکش، چون می‌خواهیم به دست یک مرد کشته شویم.» پس او آنها را کشت و زیورآلات گردن شترهایشان را برداشت. 21
Zeba kple Zalmuna gblɔ na Gideon be, “Wò ŋutɔ wu mí elabena ŋutsue wɔa ŋutsu ƒe dɔ!” Ale Gideon wu wo eye wòɖe kɔgɛwo le kɔ na woƒe kposɔwo.
اسرائیلی‌ها به جدعون گفتند: «پادشاه ما باش. تو و پسرانت و نسلهای آیندهٔ شما بر ما فرمانروایی کنید؛ زیرا تو ما را از دست مدیانی‌ها رهایی بخشیدی.» 22
Israelviwo gblɔ na Gideon be, “Ɖu fia ɖe mía dzi, wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo kple wò tɔgbuiyɔviwo elabena èɖe mí tso Midiantɔwo ƒe asi me.”
اما جدعون جواب داد: «نه من پادشاه شما می‌شوم و نه پسرانم. خداوند پادشاه شماست! من فقط یک خواهش از شما دارم، تمام گوشواره‌هایی را که از دشمنان مغلوب خود به چنگ آورده‌اید به من بدهید.» (سپاهیان مدیان همه اسماعیلی بودند و گوشواره‌های طلا به گوش داشتند.) 23
Ke Gideon ɖo eŋu na wo be, “Nye ŋutɔ loo alo vinye ŋutsu aɖeke maɖu fia ɖe mia dzi o. Yehowa aɖu fia ɖe mia dzi.”
24
Egblɔ na wo be, “Nu ɖeka le asinye, mabia mi, eyae nye be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ sikatogɛ ɖeka nam le eƒe afunyinuawo dome.” Enye Ismaeltɔwo ƒe kɔnu be woade sikatogɛwo.
آنها گفتند: «با کمال میل آنها را تقدیم می‌کنیم.» آنگاه پارچه‌ای پهن کرده، هر کدام از آنها گوشواره‌هایی را که به غنیمت گرفته بود روی آن انداخت. 25
Woɖo eŋu be, “Míana wo kple dzidzɔ.” Ale woɖo avɔ ɖe anyigba eye wo dometɔ ɖe sia ɖe da sikatogɛ si nɔ eƒe afunyinuwo me la ɖe edzi.
به غیر از زیورآلات، آویزها و لباسهای سلطنتی و زنجیرهای گردن شتران، وزن گوشواره‌ها حدود بیست کیلوگرم بود. 26
Sikatogɛ siwo wòbia la ƒe kpekpeme va le kilogram wuiasiekɛ kple afã, ke womebu atsyɔ̃ɖonuwo, dzonu xɔasiwo kple awu dzĩ si Midian fiawo dona alo kɔga siwo wodena na woƒe kposɔwo la ɖe eme o.
جدعون از این طلاها یک ایفود ساخت و آن را در شهر خود عفره گذاشت. طولی نکشید که تمام مردم اسرائیل به خدا خیانت کرده، به پرستش آن پرداختند. این ایفود برای جدعون و خاندان او دامی شد. 27
Gideon tsɔ sika la wɔ kɔmewu eye wòtsɔe da ɖe Ofra, si nye wo dedu la me. Israel katã de asi awu la subɔsubɔ me le afi ma eye wòva zu mɔ na Gideon kple eƒe ƒome la.
به این ترتیب، مدیانی‌ها از اسرائیلی‌ها شکست خوردند و دیگر هرگز قدرت خود را باز نیافتند. در سرزمین اسرائیل مدت چهل سال یعنی در تمام طول عمر جدعون صلح برقرار شد. 28
Ale Israelviwo bɔbɔ Midiantɔwo ɖe anyi eye womegafɔ ta dzi kpɔ o. Ale ŋutifafa nɔ anyigba la dzi ƒe blaene sɔŋ le Gideon ƒe agbenɔɣi.
جدعون به خانهٔ خود بازگشت. 29
Yerubaal, Yoas ƒe vi, trɔ yi ɖanɔ wo de.
او صاحب هفتاد پسر بود، زیرا زنان زیادی داشت. 30
Viŋutsu blaadre nɔ esi elabena eɖe srɔ̃ geɖewo.
وی همچنین در شکیم کنیزی داشت که برایش پسری به دنیا آورد و او را ابیملک نام نهاد. 31
Ahiãvi aɖe hã nɔ esi le Sekem, ame si ha dzi ŋutsu aɖe nɛ, si wòna ŋkɔe be Abimelek.
جدعون در کمال پیری درگذشت و او را در مقبرهٔ پدرش یوآش در عفره در سرزمین طایفهٔ ابیعزر دفن کردند. 32
Gideon, Yoas ƒe vi, tsi, zu amegãɖeɖi aɖe hafi ku. Woɖii ɖe fofoa, Yoas ƒe yɔdo me le Ofra le Abiezritɔwo ƒe anyigba dzi.
پس از مرگ جدعون، اسرائیلی‌ها دوباره از خدا برگشتند و به پرستش بتها پرداخته، بت بعل‌بریت را خدای خود ساختند. 33
Esi Gideon ku teti ko la, Israelviwo gadze Baalwo yome. Woli Baal Berit anyi abe woƒe mawu ene eye
آنها خداوند، خدای خود را که ایشان را از دست دشمنان اطرافشان رهانیده بود فراموش کردند، 34
Israelviwo meɖo ŋku Yehowa, woƒe Mawu, ame si ɖe wo tso futɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe asiwo me dzi o.
و نیز برای خاندان جدعون، که آن همه به آنها خدمت کرده بود احترامی قائل نشدند. 35
Nenema ke wogbe dɔmenyowɔwɔ na Yerubaal, ame si tso Gideon ƒe ƒome la me togbɔ be Gideon wɔ nu nyui geɖewo na wo hã.

< داوران 8 >