< داوران 19 >

در آن روزگار که قوم اسرائیل هنوز پادشاهی نداشت، مردی از قبیلهٔ لاوی در آن طرف کوهستان افرایم زندگی می‌کرد. او دختری از اهالی بیت‌لحم یهودا را به عقد خود درآورد. 1
Le ɣe ma ɣi me la, fia aɖeke menɔ Israel o. Ŋutsu aɖe tso Levi ƒe viwo dome nɔ Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe kɔƒe aɖe me. Etsɔ ahiãvi tso Betlehem le Yuda.
اما آن دختر از او دلگیر شده، به خانهٔ پدرش در بیت‌لحم یهودا فرار کرد و مدت چهار ماه در آنجا ماند. 2
Ke nyɔnuvi la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wòsi yi fofoa gbɔ le Betlehem, henɔ afi ma ɣleti ene.
سرانجام شوهرش برخاسته، به دنبال زنش رفت تا دوباره دل او را به دست آورد و او را به خانه بازگرداند. غلامی با دو الاغ همراه او بود. چون به آنجا رسید، زنش او را به خانهٔ خود برد و پدرزنش از دیدن وی بسیار شاد شد. 3
Ŋutsu sia kplɔ subɔla ɖeka kple tedzi eve yi be yewoable ahiãvi la nu akplɔe agbɔe. Esi woɖo Betlehem la, nyɔnuvi la xɔ wo nyuie eye wòɖe wo fia fofoa, ame si hã xɔ wo nyuie
پدرزنش از او خواست که چند روزی با آنها بماند. پس او سه روز در خانهٔ پدرزنش ماند و اوقات خوشی را با هم گذراندند. 4
eye wòbia tso wo si be woanɔ yewo gbɔ vie. Ale wonɔ wo gbɔ ŋkeke etɔ̃ le dzidzɔ kple dzidzeme me. Woɖu nu, no nu eye wotsi afi ma dɔ ŋkeke etɔ̃.
روز چهارم، صبح زود برخاستند و خواستند حرکت کنند، اما پدرزنش اصرار نمود که بعد از خوردن صبحانه بروند. 5
Le ŋkeke enelia gbe la, wofɔ kaba hedzra ɖo na dzodzo, ke nyɔnuvi la fofo zi wo dzi be woaɖu ŋdinu gbã.
پس از صرف صبحانه پدرزن آن مرد گفت: «امروز هم پیش ما بمان تا با هم خوش بگذرانیم.» 6
Ale wo kple eve la wonɔ anyi, eye woɖu nu, no nu ɖekae. Emegbe la nyɔnuvi la fofo gblɔ be, “Meɖe kuku tsi mía gbɔ egbe sia hã eye nàdo dzidzɔ na ɖokuiwò.”
آن مرد اول نپذیرفت، اما سرانجام بر اثر اصرار پدرزنش یک روز دیگر نزد آنها ماند. 7
Ŋutsu la melɔ̃ ɖe edzi gbã o gake aƒea tɔ ƒoe ɖe enu va se ɖe esime wòlɔ̃.
روز بعد، آنها دوباره صبح زود برخاستند تا بروند اما باز پدرزنش مانع شد و گفت: «خواهش می‌کنم چیزی بخورید و تا غروب بمانید.» پس ماندند و به خوردن و نوشیدن پرداختند. 8
Esi ŋu ke la, wogafɔ kaba hena dzodzo gake nyɔnuvi la fofo gagblɔ nɛ be, “Miganɔ anyi egbea ko eye miadzo egbe fiẽ.” Ale woganɔ anyi, ɖu nu, no nu ŋkeke ɖeka kpee.
در پایان همان روز که آن مرد و زنش و غلامش آمادهٔ حرکت می‌شدند، پدرزنش گفت: «اکنون دیر وقت است. بهتر است شب را هم با خوشی دور هم باشیم و فردا صبح زود برخاسته روانه شوید.» 9
Gbe ma gbe ɣetrɔ esi Levitɔ la kple eƒe ahiãvi la kple subɔla la nɔ dzadzram ɖo na dzodzo la, nyɔnuvi la fofo gagblɔ na wo be, “Zã do xoxo, miganɔ mía gbɔ zã sia hã; míagaɖu nu, miano nu, ekema miate ŋu adze mɔ ŋdi kanya.”
ولی آن مرد این بار قبول نکرد و به اتفاق همراهانش به راه افتاد و آنها پیش از غروب به اورشلیم که یبوس هم نامیده می‌شد به همراه همسر و دو الاغ پالان شده رسیدند. 10
Ke ŋutsu la melɔ̃ be yeagatsi anyi zã ma me o, ale wodze mɔ heɖo ta Yebus si woyɔna hã be Yerusalem kple eƒe tedzi eve siwo wodo agba na kple eƒe ahiãvi la.
غلامش به وی گفت: «بهتر است امشب در همین شهر بمانیم.» 11
Esi woɖo afi ma la, subɔla la gblɔ nɛ be, “Zã do akpa na mɔzɔzɔ eya ta na míatsi afi sia adɔ.”
مرد جواب داد: «نه، ما نمی‌توانیم در این شهر غریب که یک اسرائیلی هم در آن یافت نمی‌شود بمانیم. بهتر است به جِبعه یا رامه برویم و شب را در آنجا به سر بریم.» 12
Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ao, míayi amedzrowo ƒe du me, du si me tɔwo menye Israelviwo o. Míayi Gibea.”
13
Eyi edzi be, “Mina míadze agbagba be míaɖo Gibea alo Rama eye míatsi teƒe mawo dometɔ ɖeka adɔ.”
پس به راه خود ادامه دادند. غروب به جِبعه که در سرزمین قبیلهٔ بنیامین بود، وارد شدند، 14
Ale woyi mɔzɔzɔ la dzi. Ɣe nɔ to ɖom esime wova ɖo Gibea, si nye Benyamin ƒe du sue aɖe me.
تا شب را در آنجا به سر برند. اما چون کسی آنها را به خانهٔ خود نبرد، در میدان شهر ماندند. 15
Woɖo be yewoatsi afi ma adɔ, ke esi ame aɖeke mekpe wo be woava dze ye gbɔ o ta la, wodro ɖe dua ƒe ablɔme.
در این موقع پیرمردی از کار خود در مزرعه‌اش به خانه برمی‌گشت (او از اهالی کوهستان افرایم بود، ولی در جِبعهٔ بنیامین زندگی می‌کرد). 16
Sẽe ko la, ŋutsu tsitsi aɖe tso agble gbɔ va yina aƒe me. Etso Efraim ƒe tonyigba dzi, ke fifia la ele Gibea, togbɔ be Gibea nɔ Benyamin ƒe anyigba dzi hã.
چون مسافران را در گوشهٔ میدان دید نزد ایشان رفت و پرسید: «از کجا آمده‌اید و به کجا می‌روید؟» 17
Esi wòkpɔ be amedzroawo dro ɖe ablɔme la, ebia afi si wotso kple afi si woyina la wo.
مرد در پاسخ گفت: «از بیت‌لحم یهودا آمده‌ایم و به آن طرف کوهستان افرایم می‌رویم، زیرا خانه ما آنجا در نزدیکی شیلوه است و عازم خانه خود هستیم و هیچ‌کس ما را به خانه خود راه نمی‌دهد. 18
Levitɔ la ɖo eŋu be, “Míetso Betlehem le Yuda eye míeyina Efraim ƒe tonyigba dzi ƒe mlɔea nu te ɖe Silo ŋu. Ame aɖeke mekpe mí be míava dze ye gbɔ o,
با اینکه یونجه برای الاغها و خوراک و شراب کافی برای خودمان همراه داریم و نیازی به چیزی نداریم.» 19
togbɔ be nuɖuɖu le mía si na míaƒe tedziwo eye nuɖuɖu kple wain hã sɔ gbɔ na nye ŋutɔ kple nye ahiãvi kple subɔla la hã hafi.”
پیرمرد گفت: «نگران نباشید. من شما را به خانهٔ خود می‌برم. شما نباید در میدان بمانید.» 20
Ŋutsu tsitsi la gblɔ be, “Miva dze gbɔnye, menyo be miatsi ablɔme le afi sia o elabena mianɔ dedie o.”
پس آنها را با خود به خانه برد و علوفه به الاغهایشان داد. ایشان پس از شستن پاها و رفع خستگی شام خوردند. 21
Ŋutsu tsitsi la kplɔ wo yi aƒe mee, ena nuɖuɖu woƒe tedziwo. Esi woklɔ woƒe afɔwo vɔ la, woɖu nu eye wono nu.
وقتی آنها سرگرم گفتگو بودند ناگهان عده‌ای از مردان منحرف و شهوتران، خانهٔ پیرمرد را محاصره نمودند. آنها در حالی که در را به شدت می‌کوبیدند، فریاد می‌زدند: «ای پیرمرد، مردی را که در خانهٔ توست بیرون بیاور تا به او تجاوز کنیم.» 22
Esi wonɔ dzidzɔ dom na wo ɖokui la, ŋutsu vlo aɖewo tso dua me va ƒo xlã aƒe la eye wonɔ ʋɔa ƒom sesĩe nɔ ɣli dom bobobo gblɔ na ŋutsu tsitsi la be, “Kplɔ ŋutsu si va dze aƒewò me la do goe ne míadɔ kplii.”
پیرمرد از خانه‌اش بیرون آمد و به آنها گفت: «برادران من، از شما تمنا می‌کنم چنین عمل زشتی را انجام ندهید، زیرا او میهمان من است. 23
Aƒea tɔ do ɖe wo ŋuti eye wògblɔ na wo be, “Ao, xɔ̃nyewo, migawɔ nu vɔ̃ɖi sia o. Esi ŋutsu sia nye nye amedzro ta la, migawɔ ŋukpenanu sia ɖe eŋuti o.
دختر باکرهٔ خودم و زن او را نزد شما می‌آورم، هر چه که می‌خواهید با آنها بکنید، اما چنین عمل زشتی را با این مرد نکنید.» 24
Mina maɖe asi le vinye ɖetugbi si menya ŋutsu haɖe o kple ŋutsu la ƒe ahiãvi ŋuti na mi. Makplɔ wo do goe eye miate ŋu awɔ nu sia nu kpli wo, gake migawɔ nu vɔ̃ɖi, nyɔŋu sia tɔgbi ɖe ŋutsu sia ŋu o.”
ولی آنها به حرفهای پیرمرد گوش ندادند. پس مرد میهمان، زن خود را به آنها تسلیم نمود و آنها تمام شب به وی تجاوز کردند و صبح خیلی زود او را رها ساختند. 25
Ame vloawo meɖo toe o. Tete Levitɔ la he ahiãvi la do goe tso xɔ la me na wo. Ameawo wɔ fui, dɔ kplii ɖekaɖeka to zã blibo la me. Esi woɖe asi le eŋu mlɔeba le fɔŋli la,
سپیده دم، آن زن به دم در خانه‌ای که شوهرش در آنجا بود آمد و همان جا بر زمین افتاد و تا روشن شدن هوا در آنجا ماند. 26
eyi eƒe aƒetɔ ƒe aƒe me, edze anyi ɖe aƒea ƒe mɔnu eye wòtsi afi ma va se ɖe esime ŋu ke nyuie.
صبح، وقتی که شوهرش در را گشود تا روانه شود، دید زنش کنار در خانه افتاده و دستهایش بر آستانهٔ در است. 27
Esi Levitɔ la ʋu ʋɔa hena mɔdzedze la, ekpɔ eƒe ahiãvi la wòmlɔ anyigba le ʋɔtrua ŋgɔ, eye eƒe asiwo nɔ kpui dzi.
به او گفت: «برخیز تا برویم.» اما جوابی نشنید، چون زن مرده بود. پس جسد وی را روی الاغ خود انداخته عازم خانه‌اش شد. 28
Egblɔ nɛ be, “Tso mídzo,” gake meɖo nya la ŋu nɛ o. Tete ŋutsu la kɔe da ɖe eƒe tedzi dzi eye wolé aƒemɔ tsɔ.
وقتی به منزل رسید، چاقویی برداشته، جسد زنش را به دوازده قطعه تقسیم کرد و هر قطعه را برای یکی از قبایل اسرائیل فرستاد. 29
Esi wòɖo aƒe la, etsɔ hɛ fli eƒe ahiãvi la ɖe eƒe ƒunuɖeƒewo ɖe akpa wuieve me eye wòɖo akpa ɖeka ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe.
قوم اسرائیل چون این را دیدند خشمگین شده، گفتند: «از روزی که قوم ما از مصر بیرون آمد تاکنون چنین عملی دیده نشده است. ما نباید در این مورد خاموش بنشینیم.» 30
Ame sia ame si kpɔ nu sia la gblɔ be, “Womekpɔ nu sia tɔgbi kpɔ alo wòdzɔ kpɔ tso esime Israelviwo do go tso Egipte la o. Mibu eŋuti! Mide ŋugble le eŋuti! Migblɔ nu si míawɔ la na mí!”

< داوران 19 >