< ایوب 32 >

آن سه دوست ایوب، دیگر به او جواب ندادند، چون ایوب بر بی‌گناهی خود پافشاری می‌کرد. 1
Ale ŋutsu etɔ̃ siawo dzudzɔ nyaŋuɖoɖo na Hiob, elabena enye ame dzɔdzɔe le eya ŋutɔ ŋkume.
شخصی به نام الیهو، پسر برکئیل بوزی، از طایفهٔ رام، که شاهد این گفتگو بود خشمگین شد، زیرا ایوب نمی‌خواست قبول کند که گناهکار است و خدا به حق او را مجازات کرده است. 2
Tete dzi ku Buzitɔ, Elihu, ame si nye Barakel ƒe vi, tso Ram ƒe ƒomea me vevie ɖe Hiob ŋu le esi wòbu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu la ta.
او از آن سه رفیق ایوب نیز خشمگین بود، چون بدون اینکه پاسخ قانع کننده‌ای برای ایوب داشته باشند، او را محکوم می‌کردند. 3
Edo dziku ɖe exɔlɔ̃ etɔ̃awo hã ŋu elabena mɔ aɖeke meli si dzi woato abu fɔ Hiob o, gake wobu fɔe.
الیهو برای سخن گفتن با ایوب صبر کرده بود چون سایرین از او بزرگتر بودند. 4
Azɔ la, Elihu lala be yeaƒo nu na Hiob elabena wotsi wui.
اما وقتی که دید آنها دیگر جوابی ندارند، برآشفت. 5
Gake esi wòkpɔ be nya aɖeke megale ame etɔ̃awo si o la, Elihu gado dziku ɖe edzi.
الیهو به سخن آمده چنین گفت: من جوانم و شما پیر. به همین علّت لب فرو بستم و جرأت نکردم عقیده‌ام را برای شما بیان کنم، 6
Ale Buzitɔ, Barakel ƒe vi Elihu gblɔ be, “Nyemetsi o, mienye xoxo nam eya ta mevɔ̃ eye nyemete ŋu do dzi gblɔ nu si menya la na mi o.
زیرا گفته‌اند که پیران داناترند. 7
Mebu be, ‘Tsitsi neƒo nu eye ƒe geɖe nefia nunya.’
ولی حکمت و دانایی فقط بستگی به سن و سال ندارد، بلکه آن روحی که در انسان قرار دارد و نفس خدای قادر مطلق است، به انسان حکمت می‌بخشد. 8
Gake gbɔgbɔ si le ame me, Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔe naa gɔmesesee.
9
Menye tsitsiawo koe nye nunyalawo o eye menye amegãxoxowo koe se nu si le dzɔdzɔe la gɔme o.
پس به من گوش بدهید و بگذارید عقیده‌ام را بیان کنم. 10
“Eya ta megblɔ be, Miɖo tom, nye hã magblɔ nu si menya la na mi.
من در تمام این مدت صبر کردم و با دقت به سخنان و دلایل شما گوش دادم. هیچ‌کدام از شما نتوانستید پاسخ ایوب را بدهید و یا ثابت کنید که او گناهکار است. 11
Menɔ lalam esi mienɔ nu ƒom, meɖo to se miaƒe nyameɖeɖewo kple ale si nya vɔ le mia si eye mienɔ nya si miagblɔ la dim.
12
Meɖo to mi nyuie gake mia dometɔ aɖeke mete ŋu ɖee fia be Hiob dze agɔ o eye mia dometɔ aɖeke mete ŋu ɖo eƒe nyahehewo ŋu o.
به من نگویید: «ایوب بسیار حکیم است. فقط خدا می‌تواند او را قانع کند.» 13
Migagblɔ be, ‘Míeke ɖe nunya ŋuti o, Mawu neɖe vodada nɛ, menye amegbetɔ o.’
اگر ایوب با من به مباحثه پرداخته بود، با این نوع منطق پاسخ او را نمی‌دادم! 14
Gake Hiob metsɔ nya ɖe ŋunye o eye nyematsɔ miaƒe nyahehewo aɖo nya ŋu nɛ o.
شما حیران نشسته‌اید و هیچ جوابی ندارید. 15
“Woƒe mo wɔ yaa, nya aɖeke megale wo si woagblɔ o eye gbɔgblɔ bu ɖe wo.
آیا حال که شما سکوت کرده‌اید من هم باید همچنان صبر کنم و ساکت بمانم؟ 16
Ɖe magalala, esi wozi ɖoɖoe eye azɔ wotsi tsitre ɖe afi ma kpaɖii nya aɖeke ŋu maɖomaɖoea?
نه، من به سهم خود جواب می‌دهم. 17
Nye hã magblɔ tɔnye sinua; nye hã magblɔ nu si menya
حرفهای زیادی برای گفتن دارم و دیگر نمی‌توانم صبر کنم. 18
elabena nya le asinye fũu, eye nye gbɔgbɔ le dzinye zim.
مانند مشکی هستم که از شراب پر شده و نزدیک ترکیدن است. 19
Elabena le menye la, mele abe wain si le goe me wotu nu ɖe enu ene eye abe wainlãgbalẽgolo si le klalo na gbagbã ene.
باید حرف بزنم تا راحت شوم. پس بگذارید من هم به سهم خود جواب بدهم. 20
Ele nam be maƒo nu ne makpɔ gbɔdzɔe, ele nam be make nye nu eye maɖo nya ŋu.
من قصد ندارم از کسی طرفداری کنم و سخنان تملق‌آمیز بگویم، 21
Nyemade ame aɖeke dzi alo aflu ame aɖeke o
چون انسان چاپلوسی نیستم و گرنه خالقم مرا هلاک می‌کرد. 22
elabena ne mebi le amefuflu me la, nye Wɔla akplɔm dzoe kpuie.

< ایوب 32 >