< اشعیا 39 >
در آن روزها «مردوک بلدان» (پسر «بلدان») پادشاه بابِل، نامهای همراه با هدیهای برای حِزِقیا فرستاد، زیرا شنیده بود که پس از یک بیماری سخت اینک بهبود یافته است. | 1 |
Le ɣe ma ɣi la, Marduk Baladan, si nye Babilonia fia Baladan ƒe vi la dɔ amewo ɖa be woatsɔ agbalẽ kple nunana ayi na Hezekia elabena ese eƒe dɔdzedze kple hayahaya.
حِزِقیا فرستادگان بابِلی را به خوشی پذیرفت و آنان را به کاخ سلطنتی برد و تمام خزانههای طلا و نقره، عطریات و روغنهای معطر، و نیز اسلحهخانهٔ خود را به ایشان نشان داد. بدین ترتیب، فرستادگان بابِلی تمام خزاین او را دیدند و چیزی از نظر آنان پوشیده نماند. | 2 |
Hezekia xɔ ame dɔdɔawo kple dzidzɔ, eye wòtsɔ nu siwo katã le eƒe nudzraɖoƒe la fia wo; esiwo nye klosalo, sika, atike ʋeʋĩwo, ami tɔxɛwo, aʋawɔnu siwo katã le esi kple nu sia nu si le eƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe. Naneke mele fiasã alo fiaɖuƒe blibo la me si Hezekia mefia wo o.
آنگاه اشعیای نبی نزد حِزِقیای پادشاه رفت و از او پرسید: «این مردان از کجا آمده بودند و چه میخواستند؟» حِزِقیا جواب داد: «از جای دور! آنها از بابِل آمده بودند.» | 3 |
Emegbe la, Nyagblɔɖila Yesaya yi ɖe Fia Hezekia gbɔ ɖabiae be, “Nya ka ame siawo gblɔ, eye afi ka wotso?” Hezekia ɖo eŋu be, “Wotso anyigba didi aɖe dzi, tso keke Babilonia.”
اشعیا پرسید: «در کاخ تو چه دیدند؟» حِزِقیا جواب داد: «تمام خزاین مرا.» | 4 |
Nyagblɔɖila la biae be, “Nu ka wokpɔ le wò fiasã me?” Hezekia ɖo eŋu be, “Wokpɔ nu sia nu si le nye fiasã la me. Naneke mele nye kesinɔnuwo dome si nyemefia wo o.”
اشعیا به او گفت: «پس به این پیام که از سوی خداوند لشکرهای آسمان است گوش کن: | 5 |
Tete Yesaya gblɔ na Hezekia be, “Ɖo to nya si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ.
«زمانی میرسد که هر چه در کاخ داری و گنجهایی که اجدادت اندوختهاند به بابِل برده خواهد شد و چیزی از آنها باقی نخواهد ماند. | 6 |
Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe.
بابِلیها برخی از پسرانت را به اسارت گرفته، آنان را خواجه خواهند کرد و در کاخ پادشاه بابِل به خدمت خواهند گماشت.» | 7 |
Wò dzidzimevi aɖewo kple vi siwo wodzi na wò ŋutɔ hã, woakplɔ wo adzoe, eye woazu ŋutsu tata siwo anye aƒedzikpɔlawo le Babilonia fia ƒe fiasã me.”
حِزِقیا جواب داد: «پیامی که از جانب خداوند به من دادی، نیکوست.» زیرا با خود فکر میکرد که: «دستکم تا وقتی که زندهام این اتفاق نخواهد افتاد و صلح و امنیت برقرار خواهد بود.» | 8 |
Hezekia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya siwo nègblɔ la nyo,” elabena esusu be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ anɔ yeƒe agbemeŋkekewo me.”