< پیدایش 40 >

مدتی پس از زندانی شدن یوسف، رئیس ساقیان و رئیس نانوایان فرعون به سَروَر خود، پادشاه مصر، خیانت ورزیدند. 1
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Egipte fia ƒe ahakula kple aboloƒola da vo ɖe woƒe aƒetɔ ŋu.
فرعون بر این دو خدمتگزار خود خشمگین شده، 2
Farao do dɔmedzoe ɖe dɔwɔla eve siawo, ahakulawo ƒe amegã kple aboloƒolawo ƒe amegã ŋu,
آنها را به زندان رئیس نگهبانان دربار که یوسف در آنجا بود، انداخت. 3
eye wòlé wo ame eveawo de gaxɔ si me Yosef nɔ le Potifar, ame si nye fiaŋumewo ƒe amegã la ƒe mɔ me.
آنها مدت طولانی در زندان ماندند و رئیس نگهبانان یوسف را به خدمت آنها گماشت. 4
Wonɔ afi ma eteƒe didi, eye Potifar ɖoe na Yosef be wòakpɔ wo dzi.
یک شب هر دو آنها خواب دیدند. 5
Le zã aɖe me la, ame eve siawo dometɔ ɖe sia ɖe, fia ƒe ahakula kple abolomela ku drɔ̃e vovovowo. Drɔ̃e ɖe sia ɖe kple egɔmeɖeɖe.
صبح روز بعد، یوسف دید که آنها ناراحت هستند. 6
Esi ŋu ke la, Yosef kpɔ be wolé blanui.
پس، از آنها که همراه او در زندان سَروَرش بودند، پرسید: «چرا امروز غمگین هستید؟» 7
Yosef bia wo be, “Nu ka tututue le mia wɔm?”
گفتند: «دیشب ما هر دو خواب دیدیم و کسی نیست که آن را تعبیر کند.» یوسف گفت: «تعبیر کردن خوابها کار خداست. به من بگویید چه خوابهایی دیده‌اید؟» 8
Woɖo eŋu be, “Mí ame evea míeku drɔ̃e le zã si va yi la me, ke ame aɖeke mele afi sia aɖe drɔ̃eawo gɔme na mí o.” Yosef gblɔ na wo be, “Mawue ɖea drɔ̃e gɔme; ke milĩ drɔ̃eawo nam kpɔ.”
اول رئیس ساقیان خوابی را که دیده بود، برای یوسف تعریف کرد: «دیشب در خواب درخت انگوری را دیدم که سه شاخه داشت. ناگاه شاخه‌ها شکفتند و خوشه‌های زیادی انگور رسیده دادند. 9
Ale ahakulawo ƒe amegã la lĩ eƒe drɔ̃e la na Yosef. Egblɔ nɛ be, “Mekpɔ wainka aɖe le ŋgɔnye le nye drɔ̃e la me,
10
eye alɔ etɔ̃ nɔ wainka la ŋu. Esi wode asi dzedze kple seƒoƒo me ko la, woƒe tsetsewo de asi ɖiɖi me.
من جام شراب فرعون را در دست داشتم، پس خوشه‌های انگور را چیده، در جام فشردم و به او دادم تا بنوشد.» 11
Melé Farao ƒe ahakplu ɖe asi, ale megbe waintsetseawo, eye mefia wo ɖe kplu la me hetsɔ na fia la be wòano.”
یوسف گفت: «تعبیر خواب تو این است: منظور از سه شاخه، سه روز است. 12
Yosef gblɔ nɛ be, “Mese wo drɔ̃e la gɔme. Alɔdze etɔ̃awo fia ŋkeke etɔ̃!
تا سه روز دیگر فرعون تو را از زندان آزاد کرده، دوباره ساقی خود خواهد ساخت. 13
Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao aɖe wò tso gaxɔ me, eye wòana nàgayi wò dɔ dzi abe ahakula ene.
پس خواهش می‌کنم وقتی دوباره مورد لطف او قرار گرفتی، مرا به یاد آور و سرگذشتم را برای فرعون شرح بده و از او خواهش کن تا مرا از این زندان آزاد کند. 14
Ne ègatrɔ yi wò dɔ me, eye mi kple Farao dome gava nyo la, meɖe kuku na wò be nàve nunye, aɖo ŋku dzinye na Farao be wòaɖem le gaxɔ me,
زیرا مرا که عبرانی هستم از وطنم دزدیده، به اینجا آورده‌اند. حالا هم بدون آنکه مرتکب جرمی شده باشم، مرا در زندان انداخته‌اند.» 15
elabena woƒlem dzoe tso nye amewo, Hebritɔwo dome; kpe ɖe esia ŋu la, meva le gaxɔ me le afi sia le esime nyemewɔ naneke si dze na gaxɔmenɔnɔ o.”
وقتی رئیس نانوایان دید که تعبیر خواب دوستش خیر بود، او نیز خواب خود را برای یوسف بیان کرده، گفت: «در خواب دیدم که سه سبد پر از نان روی سر خود دارم. 16
Esi aboloƒolawo ƒe amegã kpɔ be nya nyui le drɔ̃e gbãtɔ ƒe gɔmeɖeɖe me la, eya hã lĩ eƒe drɔ̃e la na Yosef hegblɔ be, “Le nye drɔ̃ekuku me la, melé abolokusi etɔ̃ ɖe ta;
در سبد بالایی چندین نوع نان برای فرعون گذاشته بودم، اما پرندگان آمده آنها را خوردند.» 17
abolo ƒomevi vovovowo le kusi edzitɔ me na Farao, ke xeviwo va ɖu wo keŋkeŋ.”
یوسف به او گفت: «تعبیر خواب این است: سه سبد، سه روز است. 18
Yosef gblɔ nɛ be, “Drɔ̃e la gɔmee nye be kusi etɔ̃awo fia ŋkeke etɔ̃.
سه روز دیگر فرعون سرت را از تنت جدا کرده، بدنت را به دار می‌آویزد و پرندگان آمده گوشت بدنت را خواهند خورد.» 19
Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao atso ta le nuwò, ahe wò ɖe ati ŋu, eye xeviwo aɖu wò lã.”
سه روز بعد، جشن تولد فرعون بود و به همین مناسبت ضیافتی برای مقامات مملکتی ترتیب داد. او فرستاد تا رئیس ساقیان و رئیس نانوایان را از زندان به حضورش آورند. 20
Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Farao ɖu eƒe dzigbezã, eye wòɖo kplɔ gã aɖe na eŋumewo kple eƒe aƒemetɔwo. Ena wokplɔ ahakula la kple aboloƒolawo ƒe amegã la tso gaxɔ me vɛ.
سپس رئیس ساقیان را به کار سابقش گمارد، 21
Tete wògatsɔ ahakulawo ƒe amegã ƒe dɔ nɛ;
ولی رئیس نانوایان را به دار آویخت، همان‌طور که یوسف گفته بود. 22
ke etso kufia na aboloƒolawo ƒe amegã ya be woatɔ eƒe ŋutilã ɖe ati nu abe ale si Yosef gblɔe do ŋgɔ tututu ene.
اما رئیس ساقیان یوسف را به یاد نیاورد. 23
Ke Farao ƒe ahakulawo ƒe amegã la ŋlɔ Yosef be enumake, eye megabua eŋu kura o.

< پیدایش 40 >