< عِزرا 6 >

آنگاه داریوش پادشاه فرمان داد که در کتابخانهٔ بابِل، که اسناد در آنجا نگهداری می‌شد، به تحقیق بپردازند. 1
Tete Fia Darius de se, eye wotsa le nyaŋlɔɖigbalẽ xoxo siwo wodzra ɖo ɖe nudzraɖoƒe la me le Babilonia.
سرانجام در کاخ اکباتان که در سرزمین مادهاست طوماری پیدا کردند که روی آن چنین نوشته شده بود: 2
Woke ɖe lãgbalẽgbalẽ aɖe ŋu le Ekbatana ƒe fiasã si le Media nuto la me. Esiae nye nu si woŋlɔ ɖe eme: Ŋkuɖodzinya:
«در سال اول سلطنت کوروش پادشاه، در مورد خانۀ خدا در اورشلیم، این فرمان از طرف پادشاه صادر شد: خانهٔ خدا که محل تقدیم قربانیهاست، دوباره ساخته شود. عرض و بلندی خانه، هر یک شصت ذراع باشد. 3
Le Fia Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, fia la de se ku ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ si le Yerusalem ŋuti be: Migbugbɔ gbedoxɔ la tu wòanye teƒe si woasa vɔ le, miɖo eƒe gɔmeɖokpewo anyi. Nekɔ mita blaeve-vɔ-adre eye wòakeke mita blaeve-vɔ-adre.
دیوار آن از سه ردیف سنگ بزرگ و یک ردیف چوب روی آن، ساخته شود. تمام هزینه آن از خزانهٔ پادشاه پرداخت شود. 4
Woatsɔ kpe gãwo aɖo gɔmeɖokpe lae, eye woaɖoe ɖe wo nɔewo dzi zi etɔ̃, ale be ɖoɖo etɔ̃lia nanye ati sesẽwo. Woatsɔ ga le fia la ƒe gaɖaka me axe fee ɖe dɔ la ta.
ظروف طلا و نقره‌ای که نِبوکَدنِصَّر از خانهٔ خدا گرفته و به بابِل آورده بود، دوباره به اورشلیم بازگردانیده و مثل سابق، در خانۀ خدا گذاشته شود. 5
Kpe ɖe esia ŋu la, woatrɔ klosalonu kple sikanu siwo nɔ Mawu ƒe aƒe la me, esiwo Nebukadnezar lɔ le gbedoxɔ la me le Yerusalem, yi ɖe Babiloniae la aɖada ɖe wo nɔƒe le gbedoxɔ la me le Yerusalem; woakɔ wo ɖe Mawu ƒe aƒe la me.
پس داریوش پادشاه این فرمان را صادر کرد: «پس اکنون ای تَتِنایی استاندار، شِتَربوزِنای و سایر مقامات غرب رود فرات که همدستان ایشانید، از آنجا دور شوید. 6
Ke azɔ la, wò, Tatenai, mɔmefia si le Frat tɔsisi la godo kple wò, Setar Bozenai kple mi woƒe dɔnunɔla siwo le nuto ma me la, migaka afɔ afi ma o.
بگذارید خانهٔ خدا دوباره در جای سابقش ساخته شود و مزاحم فرماندار یهودا و سران قوم یهود که دست اندر کار ساختن خانهٔ خدا هستند، نشوید. 7
Miɖe asi le Mawu ƒe gbedoxɔ si tum wole la ƒe nya me. Miɖe mɔ be Yudatɔwo ƒe mɔmefia kple Yudatɔwo ƒe dumegãwo nagbugbɔ Mawu ƒe aƒe sia atu ɖe teƒe si wònɔ tsã.
بلکه برای پیشرفت کار بی‌درنگ تمام مخارج ساختمانی را از خزانهٔ سلطنتی، از مالیاتی که در طرف غرب رود فرات جمع‌آوری می‌شود، بپردازید. 8
Gawu la, mele se dem be, esiawo miawɔ na Yudatɔwo ƒe dumegãwo le Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu me: Woaxe ame siawo ƒe nugbegblẽwo katã tso fia la ƒe gaɖaka si me wodea nudzɔdzɔwoe le Frat tɔsisi la godo me, ale be dɔa matɔ te o.
هر روز، طبق درخواست کاهنانی که در اورشلیم هستند به ایشان گندم، شراب، نمک، روغن زیتون و نیز گاو و قوچ و بره بدهید تا قربانیهایی که مورد پسند خدای آسمانی است، تقدیم نمایند و برای سلامتی پادشاه و پسرانش دعا کنند. 9
Woatsɔ nyitsui, agbo kple agbovi siwo wohiãna na numevɔsawo na dziƒo Mawu la kpe ɖe wɔ, dze, wain kple ami siwo nunɔla siwo le Yerusalem hiãna gbe sia gbe la ŋu na wo, mada le edzi o.
10
Ale be woate ŋu asa vɔ siwo adze dziƒo Mawu la ŋu la nɛ, eye woado gbe ɖa ɖe fia la kple via ŋutsuwo ta be woanɔ dedie.
هر که این فرمان مرا تغییر دهد، چوبه داری از تیرهای سقف خانه‌اش درست شود و بر آن به دار کشیده شود و خانه‌اش به زباله‌دان تبدیل گردد. 11
Gawu la, mele se dem be ame si atrɔ sedede sia la, woaɖe ati le eƒe xɔ me, eye woatu ati la ɖe tome, aklãe ɖe eŋuti, eye le nu vɔ̃ sia ta la, woagbã eƒe aƒe wòazu aɖukpo.
هر پادشاه و هر قومی که این فرمان را تغییر دهد و خانهٔ خدا را خراب کند، آن خدایی که شهر اورشلیم را برای محل خانهٔ خود انتخاب کرده است، او را از بین ببرد. من، داریوش پادشاه، این فرمان را صادر کردم، پس بدون تأخیر اجرا شود. 12
Mawu, ame si na be yeƒe Ŋkɔ nanɔ afi ma la, naɖe fia le zi dzi alo dukɔ si akɔ eƒe asi dzi be yeatrɔ sedede sia alo agbã gbedoxɔ sia le Yerusalem. Nye Darius de se sia. Ele be woawɔe kple mo vevi ɖoɖo.
تَتِنایی استاندار، شِتَربوزِنای و همدستانش فوری فرمان پادشاه را اجرا کردند.» 13
Le sedede si Fia Darius ɖo ɖa ta la, Tatenai, mɔmefia si le Frat tɔsisi la godo, Setar Bozeni kple wo ŋutimewo wɔ sedede la menyawo dzi kple mo vevi ɖoɖo.
پس سران قوم یهود به بازسازی خانهٔ خدا مشغول شدند و در اثر پیامهای تشویق‌آمیز حَجَّی و زکریای نبی کار را پیش بردند و سرانجام خانهٔ خدا مطابق دستور خدای اسرائیل و فرمان کوروش و داریوش و اردشیر، پادشاهان پارس، ساخته شد. 14
Ale Yuda dumegãwo yi xɔa tutu dzi, eye to Nyagblɔɖila Hagai kple Zekaria, Ido ƒe dzidzimevi ƒe mawunyagbɔgblɔ me la, nuwo dze edzi nyuie. Le Israel ƒe Mawu kple Sirus, Darius kple Artazerses, Persia fiawo ƒe sededewo nu la, wowu gbedoxɔ la tutu nu.
به این ترتیب کار بازسازی خانهٔ خدا در روز سوم ماه اَدار از سال ششم سلطنت داریوش پادشاه، تکمیل گردید. 15
Wowu enu le dzinu Adar ƒe ŋkeke etɔ̃lia dzi le Fia Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adelia me.
در این هنگام کاهنان، لاویان و تمام کسانی که از اسیری بازگشته بودند با شادی خانهٔ خدا را تبرک نمودند. 16
Tete Israel dukɔ la katã, nunɔlawo, Levitɔwo kple ame siwo gbɔ tso aboyome la ɖu Mawu ƒe aƒe la ŋuti kɔkɔ ƒe azã la kple aseyetsotso.
برای تبرک خانهٔ خدا، صد گاو، دویست قوچ، و چهارصد بره قربانی شد. دوازده بز نر نیز برای کفارهٔ گناهان دوازده قبیلهٔ اسرائیل قربانی گردید. 17
Wotsɔ nyitsu alafa ɖeka, agbo alafa eve kple alẽvi alafa ene sa vɔe le gbedoxɔ la ŋuti kɔkɔ me, eye abe nuvɔ̃ŋutivɔsa ɖe Israel blibo la ta ene la, wotsɔ gbɔ̃tsu wuieve ɖe Israel ƒe to wuieveawo nu sa vɔe,
سپس کاهنان و لاویان را سر خدمت خود در خانهٔ خدا در اورشلیم قرار دادند تا طبق دستورهای شریعت موسی به کار مشغول شوند. 18
eye woɖo nunɔlaawo ɖe woƒe hatsotsowo me kple Levitɔwo ɖe woƒe memamawo me hena Mawu ƒe dɔwo wɔwɔ le Yerusalem, ɖe nu si woŋlɔ ɖe Mose ƒe Agbalẽ la me nu.
یهودیانی که از اسارت بازگشته بودند، در روز چهاردهم ماه اول سال، عید پِسَح را جشن گرفتند. 19
Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe la, aboyometsolawo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la.
تمام کاهنان و لاویان خود را برای این عید تطهیر کردند و لاویان بره‌های عید پِسَح را برای تمام قوم، کاهنان و خودشان ذبح کردند. 20
Nunɔlaawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, ale wo katã wonɔ kɔkɔe le se la nu. Levitɔwo wu Ŋutitotolẽvi la na aboyometsolawo katã, wo nɔvi nunɔlawo kple woawo ŋutɔ ɖokuiwo.
پس یهودیانی که از اسارت بازگشته بودند همراه با کسانی که از اعمال قبیح قومهای بت‌پرست دست کشیده بودند تا خداوند، خدای اسرائیل را عبادت کنند، قربانی عید پِسَح را خوردند. 21
Ale Israelvi siwo katã gbɔ tso aboyome la ɖui kple ame siwo katã kɔ wo ɖokuiwo ŋu tso trɔ̃subɔla siwo dome wole ƒe kɔnyinyiwo me, be woadi Yehowa, Israel ƒe Mawu la.
آنها عید نان فطیر را هفت روز با شادی جشن گرفتند، زیرا خداوند، پادشاه آشور را بر آن داشت تا در ساختن خانهٔ خدای حقیقی که خدای اسرائیل باشد، به ایشان کمک کند. 22
Woɖu abolo maʋamaʋã ŋkekenyui la kple aseyetsotso, elabena Yehowa tsɔ dzidzɔ yɔ woƒe dziwo me, eye wòna Asiria fia ƒe dɔ me trɔ ɖe wo ŋu, wòkpe ɖe wo ŋu le Israel ƒe Mawu la ƒe aƒe la ƒe dɔwo me.

< عِزرا 6 >