< حِزِقیال 7 >
بار دیگر خداوند یهوه با من سخن گفت و فرمود: «ای پسر انسان، به بنیاسرائیل بگو: «این پایان کار سرزمین شماست. | 1 |
Yehowa ƒe gbe va nam be,
“Ame vi, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel ƒe anyigba: “‘Nuwuwu la! Nuwuwu la ɖo eɖo xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi!
دیگر هیچ امیدی باقی نمانده، چون به سبب کارهایتان، خشم خود را بر شما فرو خواهم ریخت و شما را به سزای اعمالتان خواهم رساند. | 3 |
Nuwuwu la va mia dzi azɔ, eye mana nye dɔmedzoe nabi ɖe mia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu, eye mahe to na mi katã ɖe miaƒe ŋunyɔnuwɔnawo ta.
دیگر با چشم شفقت به شما نگاه نخواهم کرد و دلم برای شما نخواهد سوخت. شما را به سزای اعمال زشتتان خواهم رساند تا بدانید که من یهوه هستم. | 4 |
Nyemakpɔ nublanui na mi loo alo ana miakpɔ ɖeɖe o. Mahe to na mi ɖe miaƒe nɔnɔme kple ŋukpenanu siwo le edzi yim le mia dome la ta kokoko. “‘Ekema mianya be, nyee nye Yehowa.’
«بلا و مصیبت پیدرپی بر شما نازل میشود. اجل و پایان کارتان فرا رسیده است. | 5 |
“Aƒetɔ Yehowa gblɔ be, “‘Dzɔgbevɔ̃e! Dzɔgbevɔ̃e si tɔgbi ƒe nya womese kpɔ o la! Kpɔ ɖa, eva ɖo.
Nuwuwu la va ɖo. Nuwuwu la va ɖo. Efɔ eɖokui ɖe ŋutiwò. Kpɔ ɖa, eva ɖo!
ای اسرائیل، روز محکومیتتان نزدیک شده و آن زمان معین رسیده است. روز زحمت و آشفتگی نزدیک میشود. آن روز، روز نالههای غم و درد خواهد بود، نه روز هلهله و شادی! | 7 |
Tsɔtsrɔ̃ va mia dzi mi anyigbadzinɔlawo dzi. Ɣeyiɣi la de, ŋkeke la tu aƒe. Nuxaxa le toawo dzi, dzidzɔ aɖeke meli o.
بهزودی خشم خود را بر شما فرو خواهم ریخت و شما را به سبب تمام بدیها و شرارتهایتان تنبیه خواهم نمود؛ دیگر نه چشمپوشی خواهم کرد و نه ترحم، تا بدانید که من یهوه شما را مجازات میکنم. | 8 |
Esusɔ vie matrɔ nye dziku akɔ ɖe mia dzi, eye magblẽ nye dɔmedzoe ɖe mia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu, eye mahe to na mi ɖe miaƒe ŋukpenanuwo katã ta.
Nyemakpɔ nublanui na mi alo aɖe mi o. Mahe to na mi ɖe miaƒe nɔnɔme ŋu kple ɖe miaƒe ŋukpenanu siwo le edzi yim le mia dome la ta. “‘Ekema mianya be nye, Yehowae tu nu kpli mi.
اجل شما، ای بنیاسرائیل فرا رسیده، چون شرارت و غرورتان به اوج رسیده است. از این همه جماعت و ثروت و حشمت، چیزی باقی نخواهد ماند. | 10 |
“‘Kpɔ ɖa, ŋkeke la! Kpɔ ɖa, eva ɖo! Dzɔgbevɔ̃e do, ameƒoti do lotoo, eye dada ƒo se.
Ŋutasesẽ tsi zu ameƒoti hena tohehe na ame vɔ̃ɖiwo. Womagblẽ ame aɖeke ɖi o; womagblẽ ameha ma me nɔla aɖeke, kesinɔnu aɖeke alo nu xɔasi aɖeke ɖi o.
«بله، آن وقت معین رسیده و آن روز نزدیک شده است. در آن روز دیگر چیزی برای خرید و فروش باقی نخواهد ماند، چون تمامی جماعت گرفتار غضب من خواهند شد. | 12 |
Ɣeyiɣi de, ŋkeke la va ɖo. Nudzrala megatso aseye, eye nuƒlela megafa konyi o, elabena dɔmedzoe dze ɖe ameha la katã dzi.
حتی اگر تاجری باقی بماند، همه چیز را از دست خواهد داد، زیرا خشم من بر سر همهٔ قوم اسرائیل فرو خواهد ریخت. آنان که به گناه آلوده هستند، همه از بین خواهند رفت. | 13 |
Anyigbadzrala magbugbɔ eƒe anyigba si wòdzra la axɔ zi ale si wo ame eve la le agbe o, elabena womatrɔ ŋutega si wokpɔ tso ameha blibo la ŋu o. Le woƒe nu vɔ̃wo ta la, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã matsi agbe o.
«برای لشکر اسرائیل شیپور آمادهباش نواخته میشود و همه خود را آماده میکنند؛ اما کسی برای جنگیدن بیرون نمیرود، چون همه زیر خشم و غضب من هستند. | 14 |
“‘Togbɔ be woaku kpẽ, eye woawɔ nu sia nu wòasɔ gbe gɔ̃ hã la, ame aɖeke mayi aʋa o, elabena nye dɔmedzoe bi ɖe ameha la kã.
اگر از شهر بیرون بروند، شمشیر دشمن انتظارشان را خواهد کشید، و اگر در شهر بمانند، قحطی و بیماری، آنها را از پای در خواهد آورد. | 15 |
Yi le gota, eye dɔvɔ̃ kple dɔwuame le aƒe me. Yi awu ame siwo le gbedzi, eye ame siwo le du me la, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wo.
هر که موفق به فرار شود، مانند کبوتری که خود را در کوهها پنهان میکند، بیکس خواهد شد و یکه و تنها برای گناهان خود خواهد گریست. | 16 |
Ame siwo katã atsi agbe, eye woasi la, woayi toawo dzi, anɔ konyi fam abe ahɔnɛ siwo le baliwo me ene, ɖe sia ɖe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta.
دستها همه ضعیف و زانوها همه لرزان خواهند بود. | 17 |
Alɔ ɖe sia ɖe ado agblɔ, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene.
ایشان لباس عزا خواهند پوشید و وحشتزده و شرمسار خواهند شد و از غصه و پریشانی سرهای خود را خواهند تراشید. | 18 |
Woatsyɔ konyifavɔ, eye woado ŋɔdzi abe awu ene, ŋukpe anɔ mo na wo, eye woalũ ta na wo.
«پول و جواهرات خود را دور خواهند ریخت و مثل زباله بیرون خواهند انداخت. چون در روز غضب خداوند، این چیزها دیگر ارزشی نخواهد داشت، و نخواهد توانست خواستههایشان را برآورده سازد و شکمشان را سیر کند. زیرا گناهشان همین پولپرستی است. | 19 |
“‘Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo dzi, eye woƒe sika azu nu makɔmakɔ. Woƒe klosalo kple sika mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe la o. Womatsɔe atsi woƒe dɔwuame nu o, eye womatsɔe aɖi ƒoe na wo o, elabena ena wodze nu vɔ̃ me.
به جواهراتشان افتخار میکردند و با آنها بتهای نفرتانگیز و کثیف ساختند. پس ثروتشان را از دستشان میگیرم | 20 |
Wodana ɖe woƒe lekewɔnu dzeaniwo dzi, eye wotsɔ wo wɔ woƒe legba nyɔŋuwo kple aklamakpakpɛ vlowo. Eya ta matrɔ nu siawo woazu nu makɔmakɔwo na wo.
و به بیگانگان و بدکاران به غنیمت خواهم داد تا آن را از بین ببرند. | 21 |
Mana wo katã nazu afunyinu na amedzrowo kple nuhaha na ŋutaselã siwo le anyigba dzi, eye woagblẽ kɔ ɖo na wo.
آنها حتی خانهٔ مرا نیز غارت و ویران خواهند کرد و من مانع ایشان نخواهم شد. | 22 |
Matrɔ mo ɖe adzɔge tso wo gbɔ, eye woagblẽ kɔ ɖo na nye teƒe vevi la. Adzodalawo age ɖe eme, eye woagblẽ kɔ ɖo nɛ.
«برای اسیر نمودن قوم من زنجیرها آماده سازید، چون سرزمین ایشان از خونریزی و جنایت پر است. اورشلیم مملو از ظلم و ستمکاری است، از این رو ساکنانش را به اسارت خواهم فرستاد. | 23 |
“‘Miwɔ kɔsɔkɔsɔwo da ɖi, elabena ʋukɔkɔɖi bɔ ɖe anyigba la dzi, eye ŋutasesẽ yɔ dua me.
شرورترین قومها را به اورشلیم خواهم آورد تا خانههایشان را اشغال کنند، و استحکامات نظامی را که به آنها میبالند در هم بکوبند و عبادتگاهشان را بیحرمت نمایند، تا غرورشان در هم بشکند. | 24 |
Makplɔ dukɔ vɔ̃ɖitɔwo vɛ be woava xɔ woƒe aƒewo, matsi ŋusẽtɔwo ƒe dada nu, eye woagblẽ kɔ ɖo na woƒe Kɔkɔeƒewo.
زیرا وقت نابودی اسرائیل رسیده است. آرزوی آرامش خواهند کرد ولی از آرامش خبری نخواهد بود. | 25 |
Ne ŋɔdzi do la, woadi ŋutifafa, gake manɔ anyi o.
بلا پشت بلا خواهد رسید. همه جا صحبت از بدبختی خواهد بود! از نبی جویای هدایت خواهند شد ولی جوابی نخواهند گرفت. کاهنان و ریشسفیدان نیز سخنی برای هدایت و راهنمایی نخواهند داشت پادشاه و بزرگان از نومیدی گریه خواهند کرد. مردم از وحشت خواهند لرزید، چون مطابق بدیهایی که کردهاند، با آنان رفتار خواهم نمود و ایشان را به سزای اعمالشان خواهم رساند تا بدانند که من یهوه هستم.» | 26 |
Dzɔgbevɔ̃e akplɔ dzɔgbevɔ̃e ɖo, eye ŋɔdzinya adze ŋɔdzinya yome. Ana woadze agbagba be yewoaxɔ ɖeɖefia tso nyagblɔɖilawo gbɔ, nunɔlawo ƒe sewo fiafia kple ametsitsiwo ƒe nufiame maganɔ anyi o.
Fia la afa konyi, dzi aɖe le fiavi la ƒo, eye anyigba la dzi tɔwo ƒe asiwo adzo nyanyanya. Matu nu kpli wo le woƒe nɔnɔme nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woawo ŋutɔ ƒe gɔmesese nu. “‘Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’”