< خروج 36 >

«خداوند به بِصَلئیل و اهولیاب و سایر صنعتگران ماهر استعداد و توانایی بخشیده است تا کارهای مربوط به ساخت خیمۀ عبادت را انجام دهند. آنها باید مطابق با طرح و فرمان خداوند ساخت و آراستن خیمه عبادت را به انجام رسانند.» 1
Dɔwɔla siwo si aɖaŋu kple ŋutete tɔxɛwo le la nakpe ɖe Bezalel kple Oholiab ŋu le agbadɔ la tutu kple eŋunuwo wɔwɔ me abe ale si Yehowa gblɔe ene.”
پس موسی بِصَلئیل و اهولیاب و تمام صنعتگرانی را که خداوند به آنها مهارت بخشیده و مایل به خدمت بودند احضار کرد تا مشغول کار شوند. 2
Ale Mose yɔ Bezalel kple Oholiab kple ame bubu siwo katã Yehowa na ŋutetee, eye wolɔ̃ be yewoawɔ dɔ la be woadze dɔ la gɔme.
آنها تمام هدایایی را که بنی‌اسرائیل هر روز صبح برای بنای خیمهٔ عبادت می‌آوردند، از موسی تحویل می‌گرفتند. 3
Mose tsɔ nu siwo Israelviwo dzɔ la na wo bena woatsɔ awɔ kɔkɔeƒe la ŋu dɔwoe. Nudzɔdzɔ bubuwo gavana ŋdi sia ŋdi.
سرانجام صنعتگرانی ماهر که مشغول ساختن خیمه بودند دست از کار کشیدند. 4
Mlɔeba la, dɔa wɔlawo katã gblẽ woƒe dɔdeasiwo ɖi.
آنها نزد موسی رفتند و گفتند: «مردم برای کاری که خداوند دستور آن را داده است بیش از آنچه لازم است هدیه آورده‌اند.» 5
Woyi ɖado go Mose, eye wogblɔ nɛ be, “Nu siwo nètsɔ na mí be míatsɔ awɔ dɔ si Yehowa gblɔ be woawɔ la sɔ gbɔ wu esiwo míehiã na dɔa nu wuwu!”
پس موسی فرمود تا در اردوگاه اعلام کنند که دیگر کسی هدیه نیاورد. بدین ترتیب بنی‌اسرائیل از آوردن هدیه بازداشته شدند، 6
Ale Mose ɖe gbeƒã na amewo katã le asaɖa la me be nudzɔdzɔ aɖeke megahiã o. Ale ameawo dzudzɔ nunanawo tsɔtsɔ vɛ,
چون هدایای موجود، برای اتمام کار خیمه بیش از حد مورد نیاز بود. 7
elabena nu siwo wotsɔ vɛ do ŋgɔ la su na dɔ la.
صنعتگرانی که مشغول کار بودند، خیمهٔ عبادت را با ده پرده از کتان ریزبافت تابیده تهیه کردند. 8
Aɖaŋuvɔlɔ̃lawo katã tsɔ avɔ blɔtɔ kple avɔ dzĩ ƒomevi eve wɔ avɔkpo ewo, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe wo me hetsɔ wo wɔ Mawu ƒe dɔ lae.
آنگاه بِصَلئیل با نخهای آبی، ارغوانی و قرمز پرده‌ها را تزئین کرده، نقش کروبیان را روی آنها با دقت گلدوزی کرد. 9
Avɔawo katã sɔ; woƒe didime nye mita wuietɔ̃, wokeke mita eve.
سپس آن ده پرده را پنج پنج به هم دوخت تا دو قطعهٔ جداگانه تشکیل شود. 10
Wotɔ avɔkpo atɔ̃ ɖe wo nɔewo nu, le didime nu, eye wogatɔ avɔkpo atɔ̃ mamlɛa hã nenema ke. Ale wokpɔ xɔgbãvɔ didi eve.
برای وصل کردن این دو قطعهٔ بزرگ، در لبهٔ آخرین پردهٔ دستۀ اول و دستۀ دوم پنجاه حلقه از پارچۀ آبی ساخت. 11
Wotɔ aɖabɛka blɔtɔ kpuikpuikpui blaatɔ̃ ɖe xɔgbãvɔ ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ƒe didime, ale be gbãtɔ ƒe kawo sɔ ɖe evelia tɔwo nu.
پنجاه حلقۀ لبۀ یک پرده با پنجاه حلقۀ پرده دیگر رو در روی هم قرار گرفت. 12
Ale wotɔ ka kpuikpuikpui blaatɔ̃ hã ɖe xɔgbãvɔ la to le go kemɛ hã me, eye ɖe sia ɖe sɔ ɖe esi dze ŋgɔe la nu.
سپس پنجاه گیره از طلا برای پیوستن این دو قطعه پرده به یکدیگر درست کردند تا پرده‌های دور خیمه به صورت یکپارچه درآیند. 13
Emegbe la, wotsɔ sika tu ganuvi blaatɔ̃. Wosa ka kpuikpuikpuiawo ɖe ganuviawo ŋu ale wowɔ xɔgbãvɔ didi eveawo ɖekae, eye wona wòzu dzisasa na agbadɔ la.
او برای پوشش سقف خیمۀ عبادت، یازده قطعهٔ دیگر از پشم بز بافت. 14
Emegbe la, wotsɔ avɔ titri siwo wolɔ̃ kple gbɔ̃fu la ƒe teƒe wuiɖekɛ gbã agbadɔ lae.
طول هر یک از آنها پانزده متر و عرض هر یک دو متر بود. 15
Avɔkpo ɖe sia ɖe didi mita wuietɔ̃, eye wòkeke mita eve.
پنج قطعه را به هم وصل کردند به طوری که به صورت یک قطعهٔ بزرگ درآمد. شش قطعهٔ دیگر را نیز به هم دوختند. 16
Bezalel tɔ avɔkpo atɔ̃ ɖekae, eye wòtɔ ade mamlɛa hã ɖekae, ale wozu avɔ gã didi eve.
در حاشیهٔ هر یک از این دو قطعهٔ بزرگ پنجاه جاتکمه باز کردند 17
Etɔ ka kpuikpuikpui ɖe avɔ gã didi ɖe sia ɖe ƒe axa ɖeka ŋu,
و آنها را با پنجاه تکمهٔ مفرغین به هم وصل کردند تا بدین‌گونه دو قطعهٔ بزرگ به هم وصل شوند. 18
eye wòtu gavi blaatɔ̃ kple akɔbli na ka kpuikpuikpuiawo, ale wotsya avɔ gã didi eveawo ɖe wo nɔewo nu.
دو پوشش دیگر درست کردند یکی از پوست قوچ که رنگش سرخ شده بود و دیگری از پوست خز، تا آنها را به ترتیب روی پوشش اولی بیندازند. 19
Wotsɔ agbogbalẽ siwo woɖa kple ama dzĩ la tsyɔ gbɔ̃fuvɔawo dzi, eye wogatsɔ gbɔ̃gbalẽwo tsyɔ alẽgbalẽawo dzi.
چوب‌بست خیمهٔ عبادت را از تخته‌های چوب اقاقیا ساختند تا به طور عمودی قرار گیرد. 20
Wotsɔ akasiati wɔ agbadɔ la ƒe ʋuƒowo, axadzitiwo kple daɖedziwo.
درازای هر تخته پنج متر و پهنای آن هفتاد و پنج سانتی متر بود. 21
Sɔti ɖe sia ɖe kɔ mita ene, eye wòkeke sentimita blaade-vɔ-ade.
هر طرف تخته دو زبانه داشت که آن را به تختهٔ پهلویی جفت می‌کرد. 22
Woɖe do ɖe atiawo ƒe nugbɔwo ale be woate ŋu atɔ ati eve ɖe wo nɔewo nu nyuie.
برای قسمت جنوبی خیمۀ عبادت بیست تخته ساخت. 23
Ʋuƒo blaeve nɔ agbadɔ la ƒe dziehe lɔƒo.
همچنین برای زیر آنها چهل پایۀ نقره‌ای، یعنی دو پایه برای دو زبانۀ هر تخته درست کرد. 24
Wotsɔ klosalo wɔ afɔti blaene ɖe atiawo te: afɔti eve nɔ ati ɖe sia ɖe te.
برای قسمت شمالی خیمۀ عبادت بیست تختۀ دیگر ساخت. 25
Sɔti blaeve nɔ agbadɔ la ƒe anyiehe lɔƒo.
همچنین برای زیر آنها چهل پایۀ نقره‌ای، یعنی دو پایه برای دو زبانۀ هر تخته درست کرد. 26
Zɔ blaene siwo wotu kple klosaloga la nɔ sɔtiawo te, eve nɔ ɖe sia ɖe te.
برای قسمت آخر خیمۀ عبادت، یعنی آخر بخش غربی، شش تخته ساخت. 27
Wotu sɔti ade ɖe agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Afi siae nye agbadɔ la megbe.
سپس دو تختهٔ دیگر برای گوشه‌های پشت خیمه درست کردند. 28
Sɔti bubu ɖeka nɔ dzogoe ɖe sia ɖe dzi.
شش تختهٔ قسمت غربی از بالا و پایین به‌وسیلۀ حلقه‌ها به تخته‌های گوشه متصل می‌شد. 29
Wotsɔ sikasigɛwo lé sɔtiawo kple dzogoedzitɔwo siaa ɖekae le eƒe dzigbe kple anyigbe siaa.
پس در قسمت غربی، مجموعاً هشت تخته با شانزده پایهٔ نقره‌ای، یعنی زیر هر تخته دو پایه، قرار گرفت. 30
Ale sɔti enyi nɔ agbadɔ la ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi, eye klosalozɔ wuiade nɔ wo te: eve nɔ ɖe sia ɖe te.
سپس پشت‌بندهایی از چوب اقاقیا ساخت، پنج پشت‌بند برای تخته‌های یک طرف خیمۀ عبادت، 31
Le esia megbe la, wodze akasiati tsɔ ɖo sɔtiawo ŋu. Atɔ̃ nɔ agbadɔ la ƒe axa ɖeka dzi,
و پنج پشت‌بند برای تخته‌های طرف دیگر و پنج پشت‌بند نیز برای تخته‌های سمت غربی انتهای خیمه. 32
atɔ̃ ganɔ axa evelia dzi, eye atɔ̃ bubu ganɔ agbadɔ la ŋgɔ le ɣetoɖoƒe lɔƒo.
پشت‌بند وسطی را نیز ساخت تا بطور سراسری از وسط تخته‌ها بگذرد. 33
Woɖo daɖedzitiawo ale gbegbe be wokpe le titina, eye wodo tso go ɖeka me yi go kemɛ me.
سپس تخته‌ها و پشت‌بندها را با روکش طلا پوشاند و حلقه‌هایی از طلا جهت نگه داشتن پشت‌بندها روی تخته‌ها ساختند. 34
Wofa sika ɖe sɔtiawo kple akasiati dzedzeawo ŋu. Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ asigɛawo.
پردهٔ مخصوص را که بین قدس و قدس‌الاقداس بود از کتان ریز‌بافت تابیده و نخهای آبی، ارغوانی و قرمز درست کردند و نقش کروبیان را با دقت روی آن گلدوزی نمودند. 35
Wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ɖeti ɣi ƒe kawo lɔ̃ xɔmetsovɔ la, eye wolɔ̃ Kerubiwo aɖaŋutɔe ɖe eme.
برای آویزان کردن پرده، چهار ستون از چوب اقاقیا با روکش طلا و قلابهایی از طلا ساختند و برای ستونها چهار پایهٔ نقره‌ای درست کردند. 36
Wotsi xɔmetsovɔ la ɖe sikagatagbadzɛ ene siwo nɔ sɔti ene ŋu la ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo ŋu, eye wotu wo ɖe klosalozɔ ene dzi.
سپس یک پرده از کتان ریزبافت تابیده برای در خیمۀ عبادت تهیه نموده، آن را با نخهای آبی، ارغوانی و قرمز گلدوزی کردند. 37
Etsɔ avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la wɔ xɔmemɔnuvɔ na agbadɔ la.
برای این پرده پنج ستون قلابدار ساختند. سپس سر ستونها و گیره‌ها را با روکش طلا پوشاندند و پنج پایهٔ مفرغین برای ستونها درست کردند. 38
Woƒo gatagbadzɛ atɔ̃ ɖe sɔti atɔ̃ ŋu. Wofa sika ɖe sɔtiawo kple woƒe helétiawo ŋu. Wotsɔ akɔbli wɔ zɔ na sɔtiawo, eye wotsɔ xɔmetsovɔ la de sɔtiawo ƒe gatagbadzɛawo ŋu.

< خروج 36 >