< تثنیه 25 >

هرگاه بین دو نفر نزاعی درگیرد و آنها به دادگاه بروند، دادگاه باید مجرم را محکوم نماید و بی‌گناه را تبرئه کند. اگر مجرم مستحق شلّاق خوردن باشد باید قاضی به او دستور دهد که دراز بکشد و در حضور خودش به نسبت جرمی که انجام داده تا چهل ضربه شلّاقش بزنند؛ ولی نباید بیش از چهل ضربه شلّاق بزنید مبادا برادرتان در نظر شما خوار گردد. 1
“Ne dzre dzɔ ɖe ŋutsu eve dome la, ʋɔnudrɔ̃la adrɔ̃ nya la na wo, atso afia na ame si tɔ dzɔ, eye wòabu fɔ ame si tɔ medzɔ o.
2
Ne ʋɔnudrɔ̃la la kpɔ be ele be woaƒo agɔdzela la, ekema ana agɔdzela la namlɔ anyi, eye woaƒoe le eŋkume ati xexlẽme ale si dze na agɔdzedze la.
3
Woaƒoe zi blaene ko, ke mawu nenema o. Ne woƒoe wu nenema la, tohehe la asẽ akpa, eye wòaɖi gbɔ̃ nɔviwò le wò ŋkume.
دهان گاوی را که خرمن می‌کوبد، نبند و بگذار به هنگام کار، از خرمنت بخورد. 4
“Mègade ga nu na nyitsu si le agble me le dɔ wɔm o.”
هرگاه دو برادر با هم در یک جا ساکن باشند و یکی از آنها بدون داشتن پسری بمیرد، بیوه‌اش نباید با فردی خارج از خانواده ازدواج کند، بلکه برادر شوهرش باید او را به زنی بگیرد و حق برادر شوهری را به جا آورد. 5
“Ne ŋutsu aɖe nɔviŋutsu ku, eye vi aɖeke mele ame kuku la si o la, ahosi la mekpɔ mɔ aɖe srɔ̃ tso ƒome bubu me o, ke boŋ srɔ̃a kukua nɔviŋutsu naɖee, eye wòadɔ egbɔ.
نخستین پسری که از این ازدواج به دنیا بیاید باید به عنوان پسر برادر فوت شده محسوب گردد تا اسم آن متوفی از اسرائیل فراموش نشود، 6
Woabu vi gbãtɔ si ahosi la adzi la abe ame si ku la ƒe vi ene, ale be ame si ku la ƒe ŋkɔ mabu le Israel o.
ولی اگر برادر متوفی راضی به این ازدواج نباشد، آنگاه آن زن باید به دروازۀ شهر نزد مشایخ برود و به آنها بگوید: «برادر شوهرم وظیفه‌اش را نسبت به من انجام نمی‌دهد و نمی‌گذارد نام برادرش در اسرائیل باقی بماند.» 7
Ke ne nɔviŋutsu la gbe be yemawɔ yeƒe dɔdeasi le go sia me o hegbe ahosi la ɖeɖe la, ekema ahosi la ayi dumemetsitsiwo gbɔ, eye wòagblɔ na wo be, ‘Srɔ̃nye nɔviŋutsu gbe be yemana nɔvia ŋutsu si ku la ƒe ŋkɔ natsi anyi le Israel o. Egbe be yemaɖem o.’
سپس مشایخ شهر آن مرد را احضار کرده، با او صحبت کنند. اگر او باز راضی به ازدواج نشد، 8
“Dumemetsitsiwo ayɔ ŋutsu la aƒo nu kplii tso nya la ŋu. Ne egagbe kokoko la,
زن بیوه باید در حضور مشایخ به طرف آن مرد رفته، کفش او را از پایش درآورد و آب دهان بر صورتش بیفکند و بگوید: «بر مردی که اجاق خانهٔ برادرش را روشن نگه نمی‌دارد اینچنین شود.» 9
ekema nyɔnu la ate ɖe ŋutsu la ŋu le ametsitsiawo ŋkume, aɖe tokota le afɔ nɛ, eye wòaɖe ta ɖe mo nɛ. Le esia megbe la, nyɔnu la agblɔ be, ‘Nu siae wɔa ŋutsu si gbe be yematu ye nɔvi si ku la ƒe aƒe ɖo o.’
و از آن پس، خاندان آن مرد در اسرائیل به «خاندان کفش کنده» شناخته خواهد شد. 10
Tso gbe ma gbe dzi la, woayɔ ŋutsu la ƒe aƒe me le Israel be, ‘Ŋutsu si woɖe tokota le afɔ na la ƒe aƒe me!’
اگر دو مرد با هم نزاع کنند و همسر یکی از آنها برای کمک به شوهرش مداخله نموده، عورت مرد دیگر را بگیرد، 11
“Ne ŋutsu eve le avu wɔm, eye ɖeka srɔ̃ va de srɔ̃a dzi helé ŋutsu kemɛ ɖe asi na srɔ̃a la,
دست آن زن را باید بدون ترحم قطع کرد. 12
ekema woalã nyɔnu la ƒe asi ɖa. Mègakpɔ nublanui nɛ o.”
در کلیهٔ معاملات خود باید از ترازوهای دقیق و اندازه‌های درست استفاده کنید تا در سرزمینی که خداوند، خدایتان به شما می‌دهد زندگی طولانی داشته باشید. 13
“Nudakpe eve tɔgbi, esi de tututu kple esi mede tututu o la, meganɔ kotoku me na wò o.
14
Nenema ke dzidzeka eve tɔgbi, esi de tututu kple esi mede o la, meganɔ asiwò o.
15
Ke boŋ wɔ nudakpe kple dzidzeka siwo de tututu la ko ŋu dɔ, ale be wò ŋkekewo nasɔ gbɔ le anyigba si Yehowa, wò Mawu la ana wò la dzi.
تمام کسانی که در معاملات کلاهبرداری می‌کنند مورد نفرت خداوند می‌باشند. 16
Ame siwo katã baa wo nɔviwo to nudanu kple dzidzeka mademadewo ŋu dɔ wɔwɔ me la nye ŋunyɔnu le Yehowa, wò Mawu ŋkume.
هرگز نباید کاری را که مردم عمالیق هنگام بیرون آمدن از مصر با شما کردند فراموش کنید. 17
“Mele be nàŋlɔ nu si Amalekitɔwo wɔ mi esi miegbɔna tso Egipte la be gbeɖegbeɖe o.
به یاد داشته باشید که ایشان بدون ترس از خدا با شما جنگیده، کسانی را که در اثر ضعف و خستگی عقب مانده بودند به هلاکت رسانیدند. 18
Ɖo ŋku edzi be wowɔ aʋa kpli mi, eye wowu ame siwo ŋu ŋusẽ vɔ le, ame siwo ŋu ɖeɖi te kple ame siwo tsi megbe. Womesro Mawu ɖa alo vɔ̃e o,
بنابراین وقتی که خداوند، خدایتان در سرزمین موعود شما را از شر تمامی دشمنانتان خلاصی بخشید، باید نام عمالیق را از روی زمین محو و نابود کنید. هرگز این را فراموش نکنید. 19
eya ta ne Yehowa, wò Mawu la na nèvo tso wò futɔwo katã ƒe asi me le ŋugbedodonyigba la dzi la, ele na wò be nàtsrɔ̃ Amaleki ƒe ŋkɔ ɖa keŋkeŋ le dziƒoa te. Mègaŋlɔ nu sia be gbeɖe o.”

< تثنیه 25 >