< دوم پادشاهان 23 >
آنگاه پادشاه تمام مشایخ یهودا و اورشلیم را احضار کرد | 1 |
Ale fia la yɔ Yuda kple Yerusalem ƒe dumegãwo ƒo ƒu.
و همگی، در حالی که کاهنان و انبیا و مردم یهودا و اورشلیم از کوچک تا بزرگ به دنبال آنها میآمدند، به خانهٔ خداوند رفتند. در آنجا پادشاه تمام دستورهای کتاب عهد را که در خانهٔ خداوند پیدا شده بود، برای آنها خواند. | 2 |
Eyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda kple Yerusalem ƒe ameawo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo, tso ame gblɔetɔwo dzi va se ɖe ame gãtɔwo dzi. Exlẽ Nubabla ƒe Agbalẽ si wofɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nyawo na wo.
پادشاه نزد ستونی که در برابر جمعیت قرار داشت، ایستاد و با خداوند عهد بست که با دل و جان از دستورها و احکام او پیروی کند و مطابق آنچه که در آن کتاب نوشته شده است رفتار نماید. تمام جماعت نیز قول دادند این کار را بکنند. | 3 |
Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le ameawo ŋkume. Eya kple ameawo ɖe adzɔgbe na Yehowa be yewoadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yewoawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi; eye dukɔ blibo la bla nu.
سپس پادشاه به حِلقیا، کاهن اعظم و سایر کاهنان و نگهبانان خانهٔ خداوند دستور داد تا تمام ظروفی را که برای پرستش بعل، اشیره، آفتاب، ماه و ستارگان به کار میرفت از بین ببرند. پادشاه تمام آنها را در بیرون اورشلیم در درهٔ قدرون سوزانید و خاکستر آنها را به بیتئیل برد. | 4 |
Ale Fia la ɖe gbe na nunɔlagã Hilkia kple nunɔla bubuawo kple agbonudzɔlawo be woaɖe nu siwo katã wowɔ na Baal, aƒeli kple dziƒoŋunuwo katã la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Etɔ dzo wo le Yerusalem dua godo le Kidron balime eye wòlɔ dzofi la yi Betel.
او کاهنان بتها را که بهوسیلۀ پادشاهان یهودا تعیین شده بودند برکنار کرد. این کاهنان در بتخانههای بالای تپهها در سراسر یهودا و حتی در اورشلیم به بعل و آفتاب و ماه و ستارگان و بتها قربانی تقدیم میکردند. | 5 |
Eɖe trɔ̃nua siwo Yuda fia xoxowo ɖo be woado dzudzɔ ʋeʋĩ le nuxeƒewo le Yuda duwo kple du siwo ƒo xlã Yerusalem la ɖa, ame siwo do dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal, ɣe kple ɣleti, ɣletiviwo kple dziƒoŋunuwo.
او بت شرمآور اشیره را از خانهٔ خداوند برداشته، آن را از اورشلیم به درهٔ قدرون برد و سوزاند و خاکسترش را به قبرستان عمومی برده، روی قبرها پاشید. | 6 |
Eho aƒeli la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, tsɔe yi Yerusalem godo yi ɖe Kidron tɔʋu la gbɔ. Etɔ dzoe le afi ma, tui wòzu wɔ eye wòkaka wɔ la ɖe ame gblɔewo ƒe yɔdowo dzi.
خانههای لواط را نیز که در اطراف خانهٔ خداوند بودند و زنان در آنجا برای بت اشیره لباس میبافتند، خراب کرد. | 7 |
Egbã ŋutsugbolowo ƒe xɔwo ƒu anyi, xɔ siwo nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ me, afi si nyɔnuwo hã nɔna, nɔa kundruwo lɔ̃m na aƒeli.
او کاهنان خداوند را که در دیگر شهرهای یهودا بودند به اورشلیم باز آورد و تمام معبدهای بالای تپهها را که در آنها قربانی میکردند از جبع تا بئرشبع آلوده کرد. او همچنین بتخانهای را که یهوشع، حاکم شهر اورشلیم، در سمت چپ دروازهٔ شهر ساخته بود، خراب کرد. | 8 |
Yosia kplɔ nunɔla siwo katã nɔ Yuda duwo me la gbɔe eye wòna wodo gu nuxeƒewo katã tso Geba yi ɖase ɖe Beerseba afi si nunɔlaawo do dzudzɔ ʋeʋĩ le. Egbã legba siwo nɔ dua ƒe mɔmefia, Yosua ƒe agbo nu. Legba la nɔ agbo la ƒe miame.
کاهنان بتخانهها اجازه نداشتند در خانهٔ خداوند در اورشلیم خدمت کنند، ولی میتوانستند با سایر کاهنان از نان مخصوص فطیر بخورند. | 9 |
Togbɔ be nunɔla siawo mewɔ subɔsubɔdɔwo le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi le Yerusalem o hã la, woɖua abolo maʋamaʋã kple nunɔla bubuawo.
پادشاه، مذبح توفت را که در درهٔ حنوم بود آلوده کرد تا دیگر کسی پسر یا دختر خود را برای بت مولک روی آن قربانی نکند. | 10 |
Le esia megbe la, fia la do gu Tofet si nɔ Ben Hinom ƒe Balime, ale be ame aɖeke magate ŋu atsɔ via ŋutsuvi alo via nyɔnuvi awɔ dzovɔsae na Molek o.
او اسبانی را که پادشاهان یهودا به خدای آفتاب وقف کرده بودند از خانهٔ خداوند بیرون راند و ارابههای آنها را سوزاند. (اینها در حیاط خانهٔ خدا، نزدیک دروازه و کنار حجرهٔ یکی از مقامات به نام نتنملک نگهداری میشدند.) | 11 |
Eɖe sɔ siwo ŋuti Yuda fiawo kɔ na ɣelegba la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe mɔnu. Wonɔ xɔxɔnu si te ɖe dumegã aɖe si woyɔna be Natan Melek ƒe xɔnu. Ale Yosia tɔ dzo tasiaɖam siwo ŋuti wokɔ na ɣelegba la hã.
سپس مذبحهایی را که پادشاهان یهودا بر پشت بام قصر آحاز ساخته بودند خراب کرد. در ضمن مذبحهایی را که مَنَسی در حیاط خانهٔ خداوند بنا کرده بود در هم کوبید و تمام ذرات آن را در درهٔ قدرون پاشید. | 12 |
Fia la mu vɔsamlekpui siwo Yuda fiawo tu ɖe gbadzaƒe si le Ahaz ƒe xɔ la tame le fiasã la me kple vɔsamlekpui siwo Fia Manase tu ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo. Egbã wo kakɛkakɛ eye wòkaka kakɛawo ɖe Kidron bali la me.
او بتخانههای روی تپههای شرق اورشلیم و جنوب کوه زیتون را نیز آلوده کرد. (این بتخانهها را سلیمان برای عشتاروت، الهه صیدون و برای کموش، بت نفرتانگیز موآب و ملکوم، بت نفرتانگیز عمون ساخته بود.) | 13 |
Le esia megbe la, eɖe nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe kple Gbegblẽto la ƒe dziehe la ɖa. Fia Solomo tu nuxeƒe siawo na Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu vɔ̃ɖi la, na Kemos, Moabtɔwo ƒe mawu vɔ̃ɖi la kple na Milkom, Amonitɔwo ƒe mawu nyɔŋu la.
او مجسمهها را خرد کرد و بتهای شرمآور اشیره را از بین برد و زمینی را که آنها روی آن قرار داشتند با استخوانهای انسان پر ساخت. | 14 |
Yosia gbã legbawo eye wòho aƒeliwo. Ekaka ameƒuwo ɖe teƒe siawo hedo gu teƒeawo.
همچنین مذبح و بتخانهٔ بیتئیل را که یربعام ساخته و بهوسیلۀ آنها بنیاسرائیل را به گناه کشانده بود، در هم کوبید، سنگهای آنها را خرد کرد و بت شرمآور اشیره را سوزانید. | 15 |
Egbã vɔsamlekpui kple nuxeƒe si Yeroboam Gbãtɔ tu ɖe Betel esime wòhe Israel de nu vɔ̃ me. Egbã kpeawo wozu ʋuʋudedi eye wòtɔ dzo aƒeliwo.
سپس یوشیا متوجه شد که در دامنهٔ کوه چند قبر هست. پس به افرادش دستور داد تا استخوانهای درون قبرها را بیرون آورند و آنها را بر مذبح بیتئیل بسوزانند تا مذبح نجس شود. این درست همان چیزی بود که نبی خداوند دربارهٔ مذبح یربعام پیشگویی کرده بود. | 16 |
Esi Fia Yosia nɔ ŋku tsam gbe ɖeka la, ekpɔ yɔdo aɖewo ɖaa le to la ŋu. Eɖe gbe na eƒe amewo be woaɖe ƒuawo le yɔdoawo me eye woatɔ dzo wo le vɔsamlekpui si le Betel la dzi, ado gui ale be, nya si Yehowa ƒe nyagblɔɖila gblɔ da ɖi be adzɔ ɖe Yeroboam ƒe vɔsamlekpui dzi la nava eme.
یوشیا پرسید: «آن ستون چیست؟» اهالی شهر به او گفتند: «آن قبر مرد خدایی است که از یهودا به اینجا آمد و آنچه را که شما امروز با مذبح بیتئیل کردید، پیشگویی نمود.» | 17 |
Fia la bia be, “Yɔdokpe kae nye ema le afi ma?” Dua me tɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Nyagblɔɖila si tso Yuda va gblɔ nu si nèwɔ fifia da ɖi be adzɔ ɖe vɔsamlekpui sia dzi le Betel la ƒe yɔdoe!”
یوشیای پادشاه گفت: «آن را واگذارید و به استخوانهایش دست نزنید.» بنابراین استخوانهای او و استخوانهای آن نبی سامری را نسوزانیدند. | 18 |
Ale Fia Yosia gblɔ be, “Migaka asi eŋu o. Migaɖe fu na nyagblɔɖila la ƒe ƒuwo o.” Ale wometɔ dzo eƒe ƒuwo kple nyagblɔɖila si tso Samaria la ƒe ƒuwo o.
یوشیا تمام بتخانههای روی تپههای سراسر سامره را نیز از میان برداشت. این بتخانهها را پادشاهان اسرائیل ساخته بودند و با این کارشان خداوند را به خشم آورده بودند. ولی یوشیا آنها را با خاک یکسان کرد، همانطور که در بیتئیل کرده بود. | 19 |
Yosia gbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Samarianyigba blibo la dzi. Israel fia vovovowoe tu wo eye wodo dɔmedzoe na Yehowa. Ke azɔ la, Yosia gbã wo wozu ʋuʋudedi abe ale si wòwɔ le Betel ene.
کاهنان بتخانههای بالای تپهها را روی مذبحهای خودشان کشت و استخوانهای مردم را روی آن مذبحها سوزانید. سرانجام وی به اورشلیم بازگشت. | 20 |
Ewu trɔ̃subɔlawo ƒe nunɔlawo ɖe woawo ŋutɔ ƒe vɔsamlekpuiwo dzi eye wòtɔ dzo ameƒuawo ɖe vɔsamlekpuiawo dzi hedo gu wo. Azɔ la etrɔ va Yerusalem.
یوشیای پادشاه به قوم خود دستور داد تا آیین عید پِسَح را همانطور که بهوسیله خداوند، خدای ایشان در کتاب عهد نوشته شده است، برگزار نمایند. | 21 |
Fia Yosia gblɔ na eƒe amewo azɔ be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la ɖe se siwo Yehowa, woƒe Mawu la na woŋlɔ ɖe Nubabla ƒe Agbalẽ la me la nu.
از زمان یوشع به بعد، هیچ رهبر یا پادشاهی در اسرائیل یا یهودا هرگز با چنین شکوهی عید پِسَح را برگزار نکرده بود. | 22 |
Womegaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ nenema tso Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli o eye womegaɖui kpɔ nenema le Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe fiaɖuɣiwo katã me o.
این عید پِسَح در سال هجدهم سلطنت یوشیا برای خداوند در اورشلیم برگزار شد. | 23 |
Woɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia na Yehowa le Yerusalem le Fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me.
در ضمن، یوشیا احضار ارواح و جادوگری و هر نوع بتپرستی را در اورشلیم و در سراسر یهودا ریشهکن کرد، زیرا میخواست مطابق دستورهای کتاب تورات که حِلقیا کاهن اعظم در خانهٔ خداوند پیدا کرده بود، رفتار کند. | 24 |
Yosia tsi ŋɔliyɔyɔ, adzewɔwɔ kple legbasubɔsubɔ ƒomevi ɖe sia ɖe nu le Yerusalem kple anyigba blibo la dzi. Ewɔ alea elabena edi be yeawɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ si Nunɔla Hilkia fɔ le gbedoxɔ la me la dzi pɛpɛpɛ.
هیچ پادشاهی قبل از یوشیا و بعد از او نبوده که اینچنین با تمام دل و جان و قوت خود از خداوند پیروی کند و تمام احکام موسی را اطاعت نماید. | 25 |
Fia bubu aɖeke meganɔ anyi si trɔ ɖe Yehowa gbɔ eye wòwɔ Mose ƒe sewo katã dzi o eye fia siwo kplɔ Yosia ɖo hã dometɔ aɖeke mete ɖe ale si Yosia ɖo to Yehowa la ŋu o.
ولی با وجود این، خداوند از شدت خشم خود علیه یهودا که مسبب آن مَنَسی پادشاه بود، برنگشت. | 26 |
Ke Yehowa ƒe dziku sesẽ si wòdo ɖe Yuda ŋu le Manase ƒe nu vɔ̃wo ta la dzi meɖe o
خداوند فرمود: «یهودا را نیز مثل اسرائیل طرد خواهم کرد و شهر برگزیدهٔ خود، اورشلیم و خانهای را که گفتم اسم من در آن خواهد بود، ترک خواهم نمود.» | 27 |
elabena Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ Yuda abe ale si metsrɔ̃ Israel ene eye maɖe asi le Yerusalem, du si metia kple gbedoxɔ si megblɔ be enye tɔnye la ŋu.”
شرح بقیهٔ رویدادهای دوران سلطنت یوشیا و کارهای او در کتاب «تاریخ پادشاهان یهودا» نوشته شده است. | 28 |
Woŋlɔ Fia Yosia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
در آن روزها، نکو پادشاه مصر، با لشکر خود به طرف رود فرات رفت تا به آشور در جنگ کمک کند. یوشیا در مجدو با او مقابله کرد، ولی در جنگ کشته شد. | 29 |
Le ŋkeke mawo me la, Egipte fia Farao Neko ho yi Frat tɔsisi la to be yeakpe ɖe Asiria fia ŋu. Fia Yosia ho yi be yeawɔ aʋa kplii, ke Fia Farao Neko wu Fia Yosia esi wòkpɔe le Megido.
سردارانش جنازهٔ وی را بر ارابهای نهاده از مجدو به اورشلیم بردند و او را در قبری که از پیش تدارک دیده بود دفن کردند. مردم یهودا پسر او یهوآحاز را به پادشاهی خود انتخاب کردند. | 30 |
Fia Yosia ŋumewo kɔ eƒe kukua ɖe tasiaɖam me tso Megido va Yerusalem eye woɖii ɖe yɔdo si eya ŋutɔ tia da ɖi la me. Dukɔa tia Fia Yosia ƒe vi, Yehoahaz si ami nɛ heɖoe fia ɖe fofoa teƒe.
یهوآحاز بیست و سه ساله بود که پادشاه شد و سه ماه در اورشلیم سلطنت کرد. (مادرش حموطل دختر ارمیا از اهالی لبنه بود.) | 31 |
Yehoahaz xɔ ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu. Etso Libna.
یهوآحاز مانند اجدادش نسبت به خداوند گناه ورزید. | 32 |
Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si fofoawo hã wɔ ene.
نکو، پادشاه مصر، یهوآحاز را در ربله در سرزمین حمات زندانی کرد تا از فرمانروایی وی در اورشلیم جلوگیری نماید و از یهودا سه هزار و چهارصد کیلوگرم نقره و سی و چهار کیلوگرم طلا باج خواست. | 33 |
Egipte fia, Farao Neko lée de gaxɔ me le Ribla le Hamat ale be magaɖu fia le Yerusalem o. Hekpe ɖe esia ŋu la, ebla fe si ƒe home nye klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene kple sika kilo blaetɔ̃-vɔ-ene la na Yuda.
پادشاه مصر سپس اِلیاقیم یکی دیگر از پسران یوشیا را انتخاب کرد تا در اورشلیم سلطنت کند و اسم او را به یهویاقیم تبدیل کرد. پادشاه مصر، یهوآحاز را به مصر برد و او در همان جا مرد. | 34 |
Egipte fia la tia Eliakim, Fia Yosia ƒe viŋutsu bubu be wòaɖu fia le Yerusalem eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ wòzu Yehoyakim. Ekplɔ Fia Yehoahaz yi Egipte, afi si wòku ɖo.
یهویاقیم از قوم خود مالیات سنگینی گرفت تا باجی را که نکو، پادشاه مصر خواسته بود به او بدهد. | 35 |
Fia Yehoyakim ma ga home si Egipte fia bla na dukɔa la na eteviwo, ame sia ame ɖe eƒe ŋutete nu be wòate ŋu akpɔ ga la axe na Egipte fia.
یهویاقیم بیست و پنج ساله بود که پادشاه یهودا شد و یازده سال در اورشلیم سلطنت کرد. (مادرش زبیده، دختر فدایه و اهل رومه بود.) | 36 |
Yehoyakim xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadae nye Zebida, Pedaya vinyɔnu. Etso Ruma.
یهویاقیم مانند اجدادش نسبت به خداوند گناه ورزید. | 37 |
Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoawo wɔ ene.