< دوم تواریخ 5 >

وقتی کارهای خانهٔ خداوند تمام شد، سلیمان، طلا و نقره و تمام ظرفهایی را که پدرش داوود وقف خانهٔ خدا کرده بود به خزانهٔ خانهٔ خدا آورد. 1
Esi Solomo wu dɔ siwo katã, hlɔ̃awo ƒe tatɔwo wòle be wòawɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ ŋu nu la, etsɔ sika kple klosalo kple xɔmenu siwo katã ŋu fofoa, David kɔ la da ɖe Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo.
آنگاه سلیمان پادشاه، تمام سران قبایل و طوایف قوم اسرائیل را به اورشلیم دعوت کرد تا صندوق عهد خداوند را که در صهیون، شهر داوود بود به خانهٔ خدا بیاورند. 2
Azɔ la, Fia Solomo na Israel ƒe kplɔlawo katã, hlɔ̃memegãwo kple aƒekɔwo ƒe tatɔwo kpe ta ɖe Yerusalem hena Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔtsɔ tso agbadɔ la me le David ƒe Du si wogayɔna be Zion la me yi eƒe nɔƒe yeye la le gbedoxɔ la me.
همهٔ آنها در روزهای عید خیمه‌ها در ماه هفتم در اورشلیم جمع شدند. 3
Israel ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe fia la gbɔ le Agbadɔmeŋkekenyui la ɖuɣi le ɣleti adrelia me.
آنگاه کاهنان و لاویان صندوق عهد و خیمهٔ ملاقات را با تمام ظروف مقدّسی که در آن بود، به خانهٔ خدا آوردند. 4
Esi Israelviwo ƒe ametsitsiwo katã va ɖo la, Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la,
5
eye wotsɔ nubablaɖaka la kple agbadɔ la kple nu kɔkɔewo siwo katã nɔ eme. Nunɔla siwo nye Levitɔwo lae tsɔ wo;
آنگاه سلیمان پادشاه و تمام بنی‌اسرائیل در برابر صندوق عهد خداوند جمع شدند و آنقدر گاو و گوسفند قربانی کردند که نمی‌شد حساب کرد! 6
eye Fia Solomo kple Israel ha blibo si ƒo xlãe la nɔ nubablaɖaka la ŋgɔ eye wotsɔ alẽ kple nyitsu geɖe siwo womate ŋu xlẽ o la sa vɔe.
سپس کاهنان، صندوق عهد را به درون قدس‌الاقداس خانهٔ خداوند بردند و آن را زیر بالهای مجسمهٔ کروبیان قرار دادند. 7
Emegbe la, nunɔlaawo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe enɔƒe le gbedoxɔ la ƒe kɔkɔe ƒe emetɔ si nye Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la me eye wokɔe da ɖe kerubiawo ƒe aʋalawo te.
مجسمهٔ کروبیان طوری ساخته شده بود که بالهایشان روی صندوق عهد خداوند و روی چوبهای حامل صندوق پهن می‌شد و آن را می‌پوشاند. 8
Kerubiawo keke woƒe aʋalawo ɖe nubablaɖaka la ƒe nɔƒe dzi eye wotsyɔ nubablaɖaka la kple etsɔkpoawo dzi.
چوبهای حامل آنقدر دراز بودند که از داخل اتاق دوم یعنی قدس دیده می‌شدند، اما از حیاط دیده نمی‌شدند. (این چوبها هنوز هم در آنجا هستند.) 9
Kpo siawo didi ale gbegbe be, woƒe nugbɔwo didi gbɔ aɖaka la ŋu, woate ŋu akpɔ wo tso xɔ emetɔ, Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la me, gake womate ŋu akpɔ wo le Kɔkɔeƒe la godo o. Wogale afi ma va se ɖe egbe.
در صندوق عهد چیزی جز دو لوح سنگی نبود. وقتی خداوند با قوم خود، پس از بیرون آمدن از مصر، در کوه حوریب عهد و پیمان بست، موسی آن دو لوح را در صندوق عهد گذاشت. 10
Naneke menɔ nubablaɖaka la me o negbe kpe kpakpa eve siwo Mose tsɔ de eme le Horeb to la gbɔ, esi Yehowa bla nu kple Israelviwo esi woʋu tso Egipte la ko.
در آن روز، تمام کاهنان بدون توجه به نوبت خدمتشان، خود را تقدیس کردند. هنگامی که کاهنان از قدس بیرون می‌آمدند 11
Nunɔlaawo doa go le Kɔkɔƒe la me. Nunɔla siwo katã nɔ afi ma la ƒe habɔbɔwo katã kɔ wo ɖokuiwo ŋu.
دستهٔ سرایندگان لاوی به خواندن سرود پرداختند. سرایندگان عبارت بودند از: آساف، هیمان، یِدوتون و تمام پسران و برادران ایشان که لباس کتان بر تن داشتند و در سمت شرقی مذبح ایستاده بودند. صد و بیست نفر از کاهنان با نوای شیپور، و لاویان با سنج، عود و بربط، دستهٔ سرایندگان را همراهی می‌کردند. 12
Levitɔ siwo nye haƒolawo, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo nɔ vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe, wodo aklalawu eye wonɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒom. Nunɔla alafa ɖeka blaeve kpe ɖe wo ŋu eye wonɔ kpẽwo kum.
دستهٔ سرایندگان به همراهی نوازندگان شیپور، سنج و سازهای دیگر، خداوند را حمد و سپاس می‌گفتند. سرودی که می‌خواندند این بود: «خداوند نیکوست و محبتش بی‌پایان!» در همان وقت، ناگهان ابری خانهٔ خداوند را پوشاند و حضور پرجلال خداوند آن مکان را فرا گرفت، به طوری که کاهنان نتوانستند به خدمت خود ادامه دهند. 13
Kpẽkulawo kple hadzilawo lé hawo ɖe gbe ɖeka me be woatsɔ kafukafu kple akpedada na Yehowa. Kpẽwo, gakogoewo kple haƒonu bubuwo kpena ɖe hadzilawo ŋu, wokɔa gbe dzi hekafua Yehowa eye wodzia ha be, “Eƒe dɔme nyo; eye eƒe amenuveve li tegbee.” Tete lilikpo aɖe yɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me,
14
eye nunɔlaawo magate ŋu awɔ woƒe dɔ o, le lilikpo la ta elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me.

< دوم تواریخ 5 >