< دوم تواریخ 2 >

سلیمان تصمیم گرفت خانه‌ای برای عبادت خداوند و قصری برای خودش بسازد. 1
Solomo ɖo be yeatu gbedoxɔ na Yehowa ƒe Ŋkɔ kple fiasã na eɖokui.
این کار احتیاج به هفتاد هزار کارگر، هشتاد هزار سنگتراش و سه هزار و ششصد سرکارگر داشت. 2
Ehiã agbatsɔla akpe blaadre, kpekpala akpe blaenyi le toawo dzi kple dɔdzikpɔla akpe etɔ̃ alafa ade na dɔ sia wɔwɔ.
سلیمان قاصدی را با این پیام نزد حیرام، پادشاه صور فرستاد: «همان‌طور که برای پدرم داوود چوب سرو فرستادی تا قصر خود را بسازد، برای من هم بفرست. 3
Solomo dɔ ame ɖe Fia Hiram le Tiro be woagblɔ nɛ be, “Ɖo sedatikpo siwo tɔgbi nena fofonye David esime wònɔ eƒe fiasã tum la ƒe ɖewo nye hã.
در نظر دارم خانه‌ای برای عبادت خداوند، خدای خود بسازم تا در آن مکان مقدّس در حضور خداوند بخور خوشبو بسوزانیم و نان حضور را به طور مرتب در خانهٔ خدا بگذاریم و هر روز صبح و عصر و روزهای شَبّات و در جشنهای ماه نو و سایر عیدهای خداوند، خدایمان در آنجا قربانی تقدیم کنیم زیرا این حکم خدا به قوم اسرائیل است. 4
Ke esusɔ vie madze gbedoxɔ aɖe tutu gɔme na Yehowa, nye Mawu la. Anye teƒe aɖe si mate ŋu ado dzudzɔ ʋeʋĩ kple atike ʋeʋĩwo le, le Mawu ŋkume, afi si matsɔ Ŋkumeɖobolo ada ɖo eye masa numevɔ le gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ, le Dzudzɔgbewo, le Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiɖugbewo kple Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkekenyui bubuwo dzi elabena Mawu di be Israel naɖu ŋkekenyui tɔxɛ siawo ɣe sia ɣi.
می‌خواهم برای خدا خانهٔ بزرگی بسازم، زیرا خدای ما از جمیع خدایان بزرگتر است. 5
“Anye gbedoxɔ nyui aɖe elabena míaƒe Mawu la de ŋgɔ, elolo wu mawu bubu ɖe sia ɖe.
اما چه کسی می‌تواند خانه‌ای که شایستهٔ او باشد، بسازد؟ حتی آسمانها نیز گنجایش او را ندارند! من کیستم که برای او خانه‌ای بسازم؟ این مکانی که می‌سازم فقط عبادتگاهی خواهد بود که در آن برای عبادت او بخور بسوزانیم. 6
Ke ame kae ate ŋu atu xɔ si adzee la nɛ? Dziƒo kɔkɔtɔ kekeake gɔ̃ hã ƒe nyonyo made o! Gawu la, ame kae menye be woaɖe mɔ nam be matu gbedoxɔ na Mawu? Ke anye teƒe aɖe si woado dzudzɔ ʋeʋĩ le eŋkume le.
«پس صنعتگر ماهری برایم بفرست که زرگری، نقره‌کاری و فلزکاری بداند و در بافتن پارچه‌های ارغوانی، قرمز و آبی ماهر باشد. در ضمن، او باید حکاکی نیز بداند تا در کنار صنعتگران یهودا و اورشلیم که پدرم داوود آنها را برگزیده، کار کند. 7
“Eya ta ɖo aɖaŋudɔwɔla siwo wɔa sika, klosalo, gadzĩ kple gayibɔ ŋu dɔ kple avɔlɔ̃lawo be woawɔ aɖabɛ dzĩtɔ, ka dzĩ kple aɖabɛ blɔtɔ ŋu dɔ woakpe ɖe dɔwɔla siwo fofonye David tia da ɖi tso Yuda kple Yerusalem la ŋuti.
همچنین چوبهای سرو، صنوبر و صندل از جنگلهای لبنان برای من بفرست، زیرا افراد تو در بریدن چوب ماهر هستند و مردان من هم به ایشان کمک خواهند کرد. 8
“Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, nàɖo sedatiwo, sesewutiwo kple papawutiwo tso Lebanon ƒe avewo me ɖem elabena ame aɖeke mede wò amewo nu le atitsotso me o. Maɖo nye amewo ɖa be woakpe ɖe wo ŋu.
مقدار زیادی چوب لازم است، چون خانه‌ای که می‌خواهم بسازم بسیار بزرگ و باشکوه است. 9
Mehiã ati sɔ gbɔ elabena gbedoxɔ si tu ge megbɔna la alolo ŋutɔ eye wòanyo wu gbɔgblɔ.
من دو هزار تن گندم و دو هزار تن جو، چهارصد هزار لیتر شراب و چهارصد هزار لیتر روغن زیتون به چوب‌بران تو خواهم داد.» 10
Adzɔ si mana wò dɔla siwo nye atidzelawo lae nye wɔ meme tɔn akpe ene alafa ene kple lu tɔn akpe ene alafa ene hekpe ɖe wain tɔn alafa ene blaene kple amitimi tɔn alafa ene blaene ŋuti.”
حیرام پادشاه در جواب سلیمان چنین نوشت: «چون خداوند قوم خود را دوست دارد به همین جهت تو را پادشاه آنها کرده است. 11
Tete Tiro fia Hiram ɖo eŋu na Fia Solomo be, “Yehowa lɔ̃ eƒe amewo eya ta wòtsɔ wò ɖo fiae ɖe wo nu!”
یهوه، خدای اسرائیل را که آفرینندهٔ آسمان و زمین است شکر و سپاس باد که چنین پسر دانا و هوشیار و فهمیده‌ای به داوود داده تا عبادتگاهی برای خداوند و قصری برای خود بسازد. 12
Hiram gagblɔ be, “Woayra Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ame si wɔ dziƒo kple anyigba, ame si tsɔ viŋutsu si wòna nunya kple gɔmesesee la na Fia David be wòatu Mawu ƒe gbedoxɔ kple fiasã na eɖokui.
«من صنعتگر پدرم، حورام را می‌فرستم. او مردی دانا و با استعداد است. 13
“Mele aɖaŋudɔwɔlawo ƒe amegã aɖe, ame si nye Huram Abi, nunyala xɔŋkɔ aɖe la ɖom ɖe wò.
مادرش یهودی و از قبیلهٔ دان است و پدرش اهل صور می‌باشد. او در زرگری و نقره‌کاری و فلزکاری بسیار ماهر است. در ضمن در سنگتراشی و نجاری و نساجی سررشته دارد. در حکاکی تجربهٔ زیادی دارد و از عهدهٔ انجام هر طرحی برمی‌آید. او می‌تواند با پارچه‌های ارغوانی و آبی و سرخ و کتانِ ریز کار کند. او با صنعتگران تو و آنانی که سرور من داوود تعیین کرده، کار خواهد کرد. 14
Dadaa nye Yuda nyɔnu aɖe tso Dan ƒe viwo dome le Israel eye fofoa tso Tiro afi sia. Enye sikanutula kple klosalonutula nyui aɖe. Egawɔa akɔbli kple gayibɔ hã ŋu dɔ nyuie eye wònya nu sia nu tso kpe ŋu dɔ wɔwɔ, atikpakpa kple avɔlɔlɔ̃ hã ŋu. Enya avɔɖaɖa hã nyuie eye wòtea ŋu ɖaa avɔ aɖabɛ dzĩtɔ kple blɔtɔ kple nyagãdzĩtɔ hã. Gawu la, eganya ale si wòaɖe nɔnɔmetata vovovowo ɖe nuwo dzi eye wòtoa nu yeyewo hã vɛ. Awɔ dɔ kple wò dɔwɔla siwo nye aƒetɔ, Fia David, fofowò, tia da ɖi.
پس گندم، جو، روغن زیتون و شرابی را که وعده داده‌ای، بفرست. 15
“Eya ta ɖo lũ, ƒo, ami kple wain siwo ŋugbe nèdo la ɖe wò dɔla.
ما نیز از کوههای لبنان به قدر احتیاج الوار تهیه خواهیم کرد و آنها را به هم بسته، به آب می‌اندازیم و از کنار دریا به طور شناور به یافا می‌آوریم. از آنجا تو می‌توانی آنها را تحویل گرفته، به اورشلیم ببری.» 16
Ekema míadze kpekpakpa kple atitsotso tso Lebanon towo dzi gɔme, woasɔ gbɔ abe ale si nèdi ene. Míada wo ɖe atigbawo dzi ada ɖe atsiaƒua dzi woava ɖo Yopa, ekema àte ŋu alɔ wo tso afi ma ayi Yerusalem.”
در این هنگام سلیمان تمام بیگانه‌های اسرائیل را سرشماری کرد؛ تعداد آنها ۱۵۳٬۶۰۰ نفر بود. (این سرشماری غیر از سرشماری بود که داوود به عمل آورده بود.) 17
Solomo xlẽ amedzro siwo katã nɔ eƒe Israelnyigba dzi, abe ale si fofoa, Fia David hã wɔ ene eye wòkpɔ be, wole ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃ kple alafa ade.
سلیمان ۷۰٬۰۰۰ نفر از آنها را برای حمل بار، ۸۰٬۰۰۰ نفر را برای تراشیدن سنگ در کوهستان و ۳٬۶۰۰ نفر را به عنوان سرکارگر تعیین کرد. 18
Etsɔ wo dometɔ akpe blaadre wɔ agbatetsɔlawo, ame akpe blaenyi wɔ atitsolawo eye wòtsɔ ame akpe etɔ̃ alafa ade wɔ dɔdzikpɔlawoe.

< دوم تواریخ 2 >