< اول تواریخ 18 >

و بعد از اين واقع شد که داود فلسطينيان را شکست داده، مغلوب ساخت و جَتّ و قريه هايش را از دست فلسطينيان گرفت. ۱ 1
Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, David ɖu Filistitɔwo dzi eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi, exɔ Gat kple kɔƒe siwo ƒo xlãe le Filistitɔwo si.
و موآب را شکست داد و موآبيان بندگان داود شده، هدايا آوردند. ۲ 2
David ɖu Moabtɔwo hã dzi, wozu etenɔlawo eye woxea adzɔga nɛ.
و داود هَدَرعَزَر پادشاه صُوبَه را در حَمات هنگامي که مي رفت تا سلطنت خود را نزد نهر فرات استوار سازد، شکست داد. ۳ 3
Eɖu Zoba fia, Hadadezer ƒe duwo dzi yi Hamat ke le esime wòyi be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi le Frat tɔsisi la to.
و داود هزار ارابه و هفت هزار سوار و بيست هزار پياده از او گرفت، و داود تمامي اسبان ارابه را پي کرد، اما از آنها براي صد ارابه نگاه داشت. ۴ 4
David lé sɔdola akpe adre kple afɔzɔla akpe blaeve, etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka ko.
و چون اَراميانِ دمشق به مدد هَدَرعَزَر پادشاه صُوبَه آمدند، داود بيست و دو هزار نفر از اَراميان را کشت. ۵ 5
Esi Aramtɔwo tso Damasko va be yewoakpe ɖe Zoba fia Hadadezer ŋu la, David wu wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-eve
و داود در اَرامِ دمشق (قراولان) گذاشت و اَراميان بندگان داود شده، هدايا آوردند. و خداوند داود را در هر جا که مي رفت نصرت مي داد. ۶ 6
eye wòda asrafo aɖewo ɖe Aram le Damasko, si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòyi.
و داود سپرهاي طلا را که بر خادمان هَدَرعَزَر بود گرفته، آنها را به اورشليم آورد. ۷ 7
David tsɔ Fia Hadadezer ƒe aʋakɔwo ƒe amegãwo ƒe sikakpoxɔnuwo va Yerusalem,
و داود از طِبحَت و کُون شهرهاي هَدَرعَزَر برنج از حد زياده گرفت که از آن سُليمان درياچه و ستونها و ظروف برنجين ساخت. ۸ 8
kpe ɖe akɔbli geɖe tso Hadadezer ƒe du siwo nye Teba kple Kun la me la ŋu. Emegbe la, Fia Solomo lolo akɔbli la eye wòtsɔe wɔ gbedoxɔ la ƒe akɔbligazɔ kple akɔblisɔtiwo kple akɔblinu siwo ŋu dɔ wowɔna ne wole vɔ sam le vɔsamlekpui la dzi.
و چون تُوعُو پادشاه حَمات شنيد که داود تمامي لشکر هَدَرعَزَر پادشاه صُوبَه را شکست داده است، ۹ 9
Esime Hamat fia Tou se be Fia David si Zoba fia Hadadezer ƒe aʋakɔ blibo la,
پسر خود هَدُرام را نزد داود پادشاه فرستاد تا سلامتي او بپرسد و او را تَهنِيت گويد از آن جهت که با هَدَرعَزَر جنگ نموده او را شکست داده بود، زيرا هَدَرعَزَر با تُوعُو مقاتله مي نمود؛ و هر قِسم ظروف طلا و نقره و برنج (با خود آورد). ۱۰ 10
eɖo Via ŋutsu Hadoram ɖe Fia David gbɔ be wòado gbe nɛ, ada ŋkɔ ɖe edzi le eƒe dziɖuɖu ta eye wòatsɔ sika, klosalo kple akɔbli nɛ. Edi be yeawɔ ɖeka kple Fia David elabena eya kple Hadadezer nye futɔwo eye wowɔ aʋa geɖewo.
و داود پادشاه آنها را نيز براي خداوند وقف نمود، با نقره و طلايي که از جميع امّت ها يعني از اَدُوم و موآب و بني عَمُّون و فلسطينيان و عَمالَقَه آورده بود. ۱۱ 11
Fia David kɔ nunana siawo kple klosalo kple sika si wòkpɔ tso Edomtɔwo, Moabtɔwo, Amonitɔwo, Amalekitɔwo kple Filistitɔwo gbɔ la ŋu na Yehowa.
و اَبِشاي ابن صَرُويه هجده هزار نفر از اَدُوميان را در وادي مِلح کشت. ۱۲ 12
Abisai, Zeruya ƒe vi, wu Edomtɔ akpe wuienyi le Dze Balime.
و در اَدُوم قراولان قرار داد و جميع اَدُوميان بندگان داود شدند و خداوند داود را در هر جايي که مي رفت نصرت مي داد. ۱۳ 13
Eda asrafo aɖewo ɖe Edom eye Edomtɔwo zu David teviwo. Yehowa na wòɖua dzi le afi sia afi si wòayi.
و داود بر تمامي اسرائيل سلطنت نمود، انصاف و عدالت را بر تمامي قوم خود مجزا مي داشت. ۱۴ 14
David ɖu Israel blibo la dzi kple dzɔdzɔenyenye eye wòwɔ nyui na ame sia ame.
و يوآب بن صَرُويه سردار لشکر بود و يهوشافاط بن اَخِيلُود وقايع نگار. ۱۵ 15
Yoab, Zeruya ƒe vi, nɔ aʋakɔ la nu. Yehosafat, Ahilud ƒe vi, nye fia ƒe tsiami.
و صادوق بن اَخِيطُوب و ابيمَلِک بن اَبياتار کاهن بودند و شوشا کاتب بود. ۱۶ 16
Zadok, Ahitub ƒe vi kple Ahimelek, Abiata ƒe vi nye nunɔlawo eye Sausa nye fia la ƒe nuŋlɔla.
و بنايا ابن يهُوياداع رئيس کَريتيان و فَلِيتيان و پسران داود نزد پادشاه مقدم بودند. ۱۷ 17
Benaya, Yehoiada ƒe vi, nɔ Keretitɔwo kple Peletitɔwo, ame siwo nye fia la ŋu dzɔlawo ƒe amegãwo la nu le esime David ƒe viŋutsuwo nye fia la ŋumewo ƒe tatɔwo.

< اول تواریخ 18 >