< Salmenes 100 >

1 Ein lovsalme. Ropa med frygd for Herren, all jordi!
Hadzidzi Akpedaha. Mi anyigbawo katã, mido dzidzɔɣli ɖe Yehowa ŋu.
2 Ten Herren med gleda, kom fram for hans åsyn med fagnad!
Misubɔ Yehowa kple dzidzɔ, eye mitsɔ aseyetsohawo do ɖe eŋkume.
3 Vit at Herren er Gud, han hev skapt oss, og ikkje me, til sitt folk og til den hjord han føder.
Minyae be Yehowae nye Mawu. Eyae wɔ mí, eye míenye etɔ, eƒe amewo kple alẽwo le eƒe lãnyiƒe míenye.
4 Kom inn i hans portar med takk, i hans fyregardar med lov, prisa honom, lova hans namn!
Mige ɖe eƒe agbowo me kple akpedada, eƒe xɔxɔnuwo kple kafukafu; mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe eŋkɔ.
5 For Herren er god, hans miskunn varer æveleg, og hans truskap frå ætt til ætt.
Elabena Yehowa nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa; nenema kee eƒe nuteƒewɔwɔ hã nɔa anyi tso dzidzime yi dzidzime.

< Salmenes 100 >