< Apenbaring 7 >

1 Derefter så jeg fire engler som stod på jordens fire hjørner og holdt jordens fire vinder, forat det ikke skulde blåse nogen vind over jorden eller over havet eller på noget tre.
Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wona be ya eneawo magaƒo ato anyigba, atsiaƒu alo ati aɖeke dzi o.
2 Og jeg så en annen engel, som steg op fra solens opgang og hadde den levende Guds segl, og han ropte med høi røst til de fire engler som det var gitt å skade jorden og havet, og sa:
Tete mekpɔ mawudɔla bubu tso ɣedzeƒe gbɔna, eye wòlé Mawu gbagbe la ƒe nutrenu ɖe asi. Eyɔ mawudɔla ene, ame siwo wona ŋusẽe be woawɔ nu vevi anyigba kple atsiaƒu la kple gbe sesẽ be,
3 Skad ikke jorden eller havet eller trærne før vi har satt innsegl på vår Guds tjenere i deres panner!
“Mègawɔ nu vevi aɖeke anyigba, atsiaƒu loo alo atiwo o, va se ɖe esime míatsɔ nutrenu aɖo ŋgonu na míaƒe Mawu la ƒe dɔlawo.”
4 Og jeg hørte tallet på dem som var beseglet: hundre og fire og firti tusen beseglede av alle Israels barns stammer:
Emegbe la, mekpɔ ame siwo wotsɔ nutrenu ɖo ŋgonu na la ƒe xexlẽme. Wole ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene eye wo katã wotso Israel ƒe toawo me.
5 av Juda stamme tolv tusen beseglede, av Rubens stamme tolv tusen, av Gads stamme tolv tusen,
Wode dzesi ame akpe wuieve tso Yuda ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Ruben ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Gad ƒe to la me,
6 av Asers stamme tolv tusen, av Naftali stamme tolv tusen, av Manasse stamme tolv tusen,
wode dzesi ame akpe wuieve tso Aser ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Naftali ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Manase ƒe to la me,
7 av Simeons stamme tolv tusen, av Levi stamme tolv tusen, av Issakars stamme tolv tusen,
wode dzesi ame akpe wuieve tso Simeon ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Levi ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Isaka ƒe to la me,
8 av Sebulons stamme tolv tusen, av Josefs stamme tolv tusen, av Benjamins stamme tolv tusen beseglede.
wode dzesi ame akpe wuieve tso Zebulon ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Yosef ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve tso Benyamin ƒe to la me.
9 Derefter så jeg, og se, en stor skare, som ingen kunde telle, av alle ætter og stammer og folk og tunger, som stod for tronen og for Lammet, klædd i lange hvite kjortler, og med palmegrener i sine hender;
Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi.
10 og de ropte med høi røst og sa: Frelsen tilhører vår Gud, han som sitter på tronen, og Lammet!
Wole ɣli dom kple gbe sesẽ be, “Xɔname nye míaƒe Mawu la tɔ, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi, kple Alẽvi la tɔ.”
11 Og alle englene stod omkring tronen og om de eldste og om de fire livsvesener, og de falt ned for tronen på sitt åsyn og tilbad Gud og sa:
Mawudɔlawo katã nɔ tsitre ƒo xlã fiazikpui la, amegãxoxoawo kple nu gbagbe eneawo. Wotsyɔ mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔ Mawu,
12 Amen! Velsignelsen og prisen og visdommen og takken og æren og makten og styrken tilhører vår Gud i all evighet! Amen. (aiōn g165)
le gbɔgblɔm be, “Amen! Kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋusẽ kple ŋutete nanye míaƒe Mawu la tɔ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen!” (aiōn g165)
13 Og en av de eldste tok til orde og sa til mig: Disse som er klædd i de lange hvite kjortler, hvem er de, og hvor er de kommet fra?
Tete amegãxoxoawo dometɔ ɖeka biam be, “Ame kawoe nye ame siawo le awu ʋlaya ɣiwo me, eye afi ka wotso?”
14 Og jeg sa til ham: Herre! du vet det. Og han sa til mig: Dette er de som kommer ut av den store trengsel, og de har tvettet sine kjortler og gjort dem hvite i Lammets blod.
Meɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, wòe nyae.” Eye wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame siwo do go tso xaxa gã la me. Wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie to Alẽvi la ƒe ʋu me.
15 Derfor er de for Guds trone og tjener ham dag og natt i hans tempel, og han som sitter på tronen, skal reise sin bolig over dem.
Eya ta, “wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ ɖo, eye wosubɔnɛ le eƒe gbedoxɔ me zã kple keli, eye ame si nɔ fiazikpui la dzi la akeke eƒe agbadɔ ɖe wo dzi.
16 De skal ikke hungre mere, heller ikke tørste mere; solen skal heller ikke falle på dem, eller nogen hete;
‘Dɔ magawu wo akpɔ gbeɖe o. Tsikɔ hã magawu wo akpɔ gbeɖe o. Ɣe magaɖu wo o.’ Alo ŋdɔkutsu nagaɖu wo o,
17 for Lammet, som er midt for tronen, skal vokte dem og føre dem til livsens vannkilder, og Gud skal tørke bort hver tåre av deres øine.
elabena Alẽvi si le fiazikpui la titina la anye woƒe kplɔla. ‘Akplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔe,’ ‘eye Mawu ŋutɔ atutu aɖatsi ɖe sia ɖe le woƒe ŋkume.’”

< Apenbaring 7 >