< Salmenes 82 >

1 En salme av Asaf. Gud står i Guds menighet; midt iblandt guder holder han dom:
Asaf ƒe ha. Mawu nɔ zi me na takpekpe gã la, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu le “mawuwo” dome.
2 Hvor lenge vil I dømme urettferdig og holde med de ugudelige? (Sela)
“Va se ɖe ɣe ka ɣi miaʋli ame baɖa la ta, eye miatso afia ade ame vɔ̃ɖi la dzi?” (Sela)
3 Døm den ringe og farløse, la den elendige og fattige få sin rett!
“Miʋli ame gblɔewo kple tsyɔ̃eviwo ta, eye miwɔ dɔmenyo na hiãtɔwo kple ame siwo wote ɖe to.
4 Redd den ringe og trengende, frels ham fra de ugudeliges hånd!
Mixɔ na ame gblɔewo kple hiãtɔwo, eye miɖe wo tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.
5 De skjønner intet, og de forstår intet, de vandrer i mørke; alle jordens grunnvoller vakler.
“Womenya naneke o, womese naneke gɔme o. Wole zɔzɔm le blukɔ me, eye anyigba ƒe agunuwo katã ʋuʋu.
6 Jeg har sagt: I er guder, og I er alle den Høiestes sønner.
“Megblɔ be, ‘Mawuwoe mienye; mi katã mienye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viŋutsuwo’,
7 Men sannelig, som mennesker skal I dø, og som en av fyrstene skal I falle.
gake miaku abe amegbetɔwo ko ene eye miatsi aʋa abe fia ɖe sia ɖe ko ene.”
8 Reis dig, Gud, hold dom over jorden! For du har alle hedningene i eie!
O! Mawu, tso, eye nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigba la elabena dukɔwo katã nye wò domenyinu.

< Salmenes 82 >