< Salmenes 20 >

1 Til sangmesteren; en salme av David. Herren bønnhøre dig på nødens dag, Jakobs Guds navn berge dig!
David ƒe ha na hɛnɔ la. Yehowa netɔ na wò ne èɖo xaxa me; Yakob ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ nanye ŋuwòdzɔla.
2 Han sende dig hjelp fra helligdommen og støtte dig fra Sion!
Neɖo kpekpeɖeŋu ɖe wò tso kɔkɔeƒe la, eye wòaɖo xɔname ɖe wò tso Zion.
3 Han komme alle dine matoffer i hu og finne ditt brennoffer godt! (Sela)
Neɖo ŋku wò vɔsawo katã dzi, eye wòaxɔ wò numevɔsawo. (Sela)
4 Han gi dig efter ditt hjerte og fullbyrde alt ditt råd!
Nena nu si wò dzi di la wò, eye wòana wò ɖoɖowo katã nadze edzi na wò.
5 Måtte vi kunne juble over din frelse og løfte seiersmerket i vår Guds navn! Herren opfylle alle dine bønner!
Míado dzidzɔɣli ne èɖu dzi, eye míakɔ míaƒe aflagawo dzi le míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me. Yehowa awɔ nu siwo katã nèbiae la na wò.
6 Nu vet jeg at Herren frelser sin salvede; han svarer ham fra sin hellige himmel med frelsende storverk av sin høire hånd.
Azɔ menya be Yehowa ɖe eƒe amesiamina, etɔ nɛ tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la kple eƒe nuɖusi ƒe ŋusẽ, si wòtsɔna ɖea amee.
7 Hine priser vogner, hine hester, men vi priser Herrens, vår Guds navn.
Ame aɖewo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖamwo ŋu, eye ame aɖewo ɖoa dzi ɖe sɔwo ŋu, ke míawo ya míeɖo dzi ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ŋu.
8 De synker og faller, men vi står og holder oss oppe.
Ame mawo la, wodzea klo, eye wodzea anyi, ke míawo ya, míenɔa tsitre, eye míedzɔna kã.
9 Herre, frels! Kongen bønnhøre oss på den dag vi roper!
O! Yehowa, xɔ na fia la! Tɔ na mí ne míeyɔ wò!

< Salmenes 20 >