< Salmenes 150 >
1 Halleluja! Lov Gud i hans helligdom, lov ham i hans mektige hvelving!
Miakafu Yehowa. Mikafu Mawu le eƒe Kɔkɔeƒe la me. Mikafui le eƒe dziƒo sesẽ la me.
2 Lov ham for hans veldige gjerninger, lov ham efter hans storhets fylde!
Mikafui le eƒe ŋusẽdɔwo ta. Mikafui le eƒe gãnyenye si ƒo wo katã ta la ta.
3 Lov ham med basunklang, lov ham med harpe og citar!
Mitsɔ kpẽkuku kafui. Mitsɔ saŋku kple kasaŋku kafui.
4 Lov ham med pauke og dans, lov ham med strengelek og fløite!
Mikafui kple asiʋui kple ɣeɖuɖu. Mikafui kple kasaŋkuƒoƒo kple dzekuku.
5 Lov ham med tonende bekkener, lov ham med høit klingende bekkener!
Mikafui kple ayawagba eve siwo wotsɔna nɔa wo nɔewo ƒomii. Ɛ̃, mikafui kple ayawagba eve siwo ƒe gbe ɖina sesĩe.
6 Alt som har ånde, love Herren! Halleluja!
Nu sia nu si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa. Mikafu Yehowa!