< Dommernes 20 >
1 Da tok alle Israels barn ut, og hele menigheten, like fra Dan og til Be'erseba og fra Gileads land, samlet sig som én mann for Herren i Mispa.
Ale Israelviwo katã tso Dan va se ɖe Beerseba kple Gileadnyigba dzi la ƒo ƒu abe ame ɖeka ene ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa.
2 Og høvdingene for hele folket, for alle Israels stammer, stilte sig frem for Guds folks forsamling, som var fire hundre tusen mann fotfolk, væbnet med sverd.
Israelviwo ƒe towo katã ƒe kplɔlawo nɔ Mawu ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo la me kple asrafo akpe alafa ene, ame siwo lé yiwo ɖe asi.
3 Men Benjamins barn fikk høre at Israels barn hadde draget op til Mispa. Da sa Israels barn: Si fra hvorledes det gikk til med denne ugjerning!
Benyamin ƒe to la se nu tso Israelviwo ƒe aʋakɔ ƒe ƒuƒoƒo ɖe Mizpa ŋu. Israel Fiawo yɔ Levitɔ si ƒe ahiãvi wowu la be wòagblɔ nya si dzɔ tututu la na yewo.
4 Og levitten, den myrdede kvinnes mann, tok til orde og sa: Jeg og min medhustru kom til Gibea i Benjamin for å bli der natten over.
Levitɔ la gblɔ be, “Míeva ɖo Gibea, Benyamin ƒe to la ƒe du aɖe me gbe ɖeka fiẽ.
5 Men mennene i Gibea overfalt mig; de omringet om natten huset jeg var i; mig tenkte de å slå ihjel, og min medhustru krenket de, så hun døde.
Le zã ma me la, Gibea ŋutsuwo va ƒo xlã aƒe si me míedze eye woɖo be yewoawum. Wodɔ nye ahiãvi gbɔ va se ɖe esime wòku.
6 Da tok jeg min medhustru og skar henne i stykker og sendte henne omkring i hele Israels land og rike; for de hadde gjort en udåd og en skjenselsgjerning i Israel.
Ale mefli ame kukua ɖe akpa wuieve me eye meɖo akpa ɖeka ɖe to ɖe sia ɖe le Israelnyigba dzi elabena ame siawo wɔ nu vɔ̃ vɔ̃ɖi aɖe.
7 Nu er I samlet her, alle Israels barn; si nu eders mening og gi råd her!
Azɔ la, Israelviwo, mina manya miaƒe susu eye miaɖo aɖaŋu le afi sia fifi la míase!”
8 Da reiste hele folket sig som én mann og sa: Ingen av oss vil dra bort til sitt telt, og ingen av oss vil reise hjem til sitt hus.
Ameawo katã gblɔ kple gbe ɖeka be, “Mía dometɔ aɖeke mayi aƒe me o va se ɖe esime míahe to na Gibeatɔwo.
9 Og således vil vi gjøre med Gibea: Under loddet med det!
Nu si míawɔ enye míadzidze nu ɖe wo dzi eye míatia ame aɖewo be woaho aʋa ɖe wo ŋu.
10 Nu vil vi ta ut ti mann for hvert hundre av alle Israels stammer og hundre for hvert tusen og tusen for hvert ti tusen; de skal hente levnetsmidler til folkene, så de, når de kommer til Gibea i Benjamin, kan gjengjelde det hele den skjenselsgjerning det har gjort i Israel.
Israelviwo ƒe ewolia ƒe ɖeka ana nuɖuɖu aʋawɔlawo eye ame mamlɛawo ayi aɖahe to na Gibeatɔwo le nu vɔ̃ vɔ̃ɖi si wowɔ ɖe nyɔnu la ŋu le Israelnyigba dzi la ta.”
11 Så samlet alle Israels menn sig og drog imot byen, samdrektige som én mann.
Ale dukɔ blibo la sɔ nu le dɔdeasi sia wɔwɔ me.
12 Og Israels stammer sendte ut menn til alle Benjamins ætter og lot si: Hvad er dette for en ugjerning som er gjort hos eder?
Eye Israel toawo ɖo amewo ɖe Benyamin ƒe to la be woagblɔ na wo be, “Mienya nane tso nu vɔ̃ vɔ̃ɖi si wowɔ le mia dome la ŋua?
13 Utlever nu de ugudelige menn i Gibea, så vi kan slå dem ihjel og rydde ut det onde av Israel! Men Benjamin vilde ikke høre på sine brødres, Israels barns ord.
Miɖe asi le nu vɔ̃ sia wɔlawo ŋu ale be, míate ŋu awu wo eye míaɖe vɔ̃ ɖa le Israelnyigba dzi.” Ke Benyamin ƒe to la meɖo to wo o,
14 Og Benjamins barn kom sammen til Gibea fra alle sine byer for å dra i krig mot Israels barn.
Wotso woƒe duwo me va ƒo ƒu ɖe Gibea be yewoawɔ aʋa kple Israelviwo.
15 Samme dag blev Benjamins barn fra byene mønstret; det var seks og tyve tusen mann som kunde dra sverd; i denne mønstring var Gibeas innbyggere, syv hundre utvalgte menn, ikke medregnet.
Benyamin ƒe viwo ƒo ƒu ame siwo ta yi akpe blaeve-vɔ-ade tso woƒe duwo me enumake hekpe ɖe ame alafa adre siwo wotia tso ame siwo le Gibea la ŋu.
16 Blandt alle disse folk var det syv hundre utvalgte menn som var kjevhendte; av dem rammet enhver på et hår når han slynget med sten, og feilte ikke.
Miawɔla alafa adre siwo nye aŋutrɔdala nyuiwo la nɔ ameawo dome, ame siwo ƒe alɔ dzɔna ale gbegbe be womedzidzea naneke danɛ ƒu o.
17 Og da Israels menn - Benjamin fraregnet - blev mønstret, utgjorde de fire hundre tusen mann som kunde dra sverd; hver av dem var en krigsmann.
Israelviwo ƒe aʋawɔlawo, ame siwo dome Benyamin ƒe viwo mele o la de ame akpe alafa ene.
18 De gjorde sig ferdige og drog op til Betel og spurte Gud. Israels barn sa: Hvem av oss skal først dra op og stride mot Benjamins barn? Og Herren sa: Juda skal først.
Hafi woadze aʋa la wɔwɔ gɔme la, Israelviwo yi Betel gbã eye wobia Mawu be, “To kae anɔ ŋgɔ na mí, míawɔ aʋa kple Benyamin ƒe to la?” Yehowa ɖo eŋu be, “Yuda ƒe viwoe anɔ ŋgɔ.”
19 Så brøt Israels barn op om morgenen og leiret sig midt imot Gibea.
Esi ŋu ke la, Israelviwo ƒu asaɖa anyi te ɖe Gibea ŋu.
20 Og Israels menn gikk frem til strid mot Benjamin, og Israels menn stilte sig i fylking mot dem bortimot Gibea.
Israelviwo yi be woawɔ aʋa kple Benyamin ƒe viwo eye wodze aʋalɔgowo ɖe wo ŋu le Gibea.
21 Da drog Benjamins barn ut av Gibea og slo den dag to og tyve tusen mann av Israel til jorden.
Benyamin ƒe viwo do tso Gibea eye wowu Israelvi akpe blaeve-vɔ-eve le aʋagbedzi gbe ma gbe.
22 Men folket, Israels menn, tok mot til sig og stilte sig atter i fylking på samme sted hvor de hadde stilt sig op den første dag -
Ke Israelviwo de dzi ƒo na wo nɔewo eye wogaƒo ƒu ɖe teƒe si wonɔ le ŋkeke gbãtɔ dzi.
23 Israels barn drog op og gråt for Herrens åsyn til om aftenen, og de spurte Herren og sa: Skal jeg atter gå frem til strid mot min bror Benjamins barn? Og Herren sa: Dra op mot ham! -
Israelviwo yi Yehowa gbɔ hefa avi nɛ va se ɖe fiẽ eye wobia Yehowa be, “Ɖe míagayi aɖawɔ aʋa kple Benyamin ƒe viwo, ame siwo nye mía nɔviwoa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi miakpe aʋa kpli wo.” Ale dzi gaɖo Israelviwo ƒo, wogada woƒe aʋawɔlawo ɖe afi si woda wo ɖo tsã.
24 Så gikk da Israels barn frem til strid mot Benjamins barn den annen dag.
Israelviwo gakpe aʋa kple Benyamin ƒe to la zi evelia.
25 Og Benjamin drog ut mot dem fra Gibea den annen dag og slo ennu atten tusen mann av Israels barn til jorden; alle disse kunde dra sverd.
Gbe ma gbe la, Benyamin ƒe to la gawu ame akpe wuienyi, ame siwo nye yidala nyuiwo la, le Israelviwo dome.
26 Da drog alle Israels barn, hele folket, op til Betel; der satt de og gråt for Herrens åsyn og fastet den dag til om aftenen, og de ofret brennoffer og takkoffer for Herrens åsyn.
Israelʋakɔ blibo la yi Betel, wofa avi le Aƒetɔ la ŋkume vevie eye wotsi nu dɔ va se ɖe fiẽ. Wosa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa.
27 Og Israels barn spurte Herren - for i den tid stod Guds pakts-ark der,
Israelviwo bia gbe Yehowa (le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma
28 og Pinehas, sønn av Eleasar og sønnesønn av Aron, gjorde i den tid tjeneste for hans åsyn. - De sa: Skal jeg ennu en gang dra ut til strid mot min bror Benjamins barn, eller skal jeg la det være? Og Herren sa: Dra op! For imorgen vil jeg gi ham i din hånd.
eye Finehas, Eleazar ƒe viŋutsu, ame si nye Aron ƒe tɔgbuiyɔvi la nɔ subɔsubɔdɔwo wɔm le egbɔ.) Wobia Yehowa be, “Ɖe míagawɔ aʋa kple mía nɔviwo, Beyamin loo alo míadzudzɔa?” Yehowa ɖo eŋu be, “Miyi elabena etsɔ la matsɔ wo ade asi na mí.”
29 Så la Israel folk i bakhold rundt omkring Gibea.
Ale Israelvi aɖewo de xa ɖe teƒe vovovoawo ƒo xlã Gibea
30 Og Israels barn drog op mot Benjamins barn den tredje dag og stilte sig op bortimot Gibea, likesom de tidligere ganger.
eye Israelviwo ho ɖe Benyaminviwo ŋu le ŋkeke etɔ̃a gbe hedze aʋa ɖe Gibea dzi abe tsã ene.
31 Da drog Benjamins barn ut imot folket og blev dradd bort fra byen; og likesom de tidligere ganger felte de i førstningen nogen av folket på alfarveiene som fører opover, den ene til Betel og den andre over marken til Gibea; det var omkring tretti mann av Israel de slo ihjel.
Esi Benyamin ƒe to la do go le dua me be yewoakpe aʋa kpli wo la, Israelviwo si yi megbe, Benyamin ƒe to la dze wo yome, ale wogblẽ Gibea ɖe megbe. Abe ale si wowɔ tsã ene la, Benyamin ƒe to la de asi Israelviwo wuwu me le mɔ si le Betel kple Gibea dome la dzi; ale wowu Israelvi blaetɔ̃.
32 Og Benjamins barn sa: De ligger under for oss, nu som før. Men Israels barn sa: La oss flykte og dra dem bort fra byen, ut på alfarveiene!
Benyamin ƒe to la do ɣli be, “Míegale wo dzi ɖum egbe hã!” Ke, enye ɖoɖo le Israel ƒe aʋakplɔlawo dome do ŋgɔ be yewoasi ale be Benyamin ƒe to la nakplɔ yewo ɖo ale be woadzo le woƒe dua gbɔ.
33 Så brøt alle Israels menn op fra det sted hvor de hadde stått, og stilte sig op i Ba'al-Tamar, mens Israels bakhold brøt frem fra sitt sted, fra Geba-sletten.
Ke esi Israelviwo ƒe aʋalɔgo gãtɔ ɖo Baal Tama la, etrɔ hekpe aʋa kple Benyamin ƒe to la azɔ eye Israelvi akpe ewo si de xa ɖe Gibea ƒe ɣetoɖoƒe la, do go tso teƒe si wode xa ɖo
34 Og ti tusen utvalgte menn av hele Israel kom like foran Gibea, og striden blev hård; men Benjamins barn visste ikke at ulykken var like innpå dem.
eye wokplɔ Benyamin ƒe to la ɖo to megbe, le esime Benyamin ƒe to la menya kura be aʋa si yewo to megbe o.
35 Og Herren lot Benjamin ligge under for Israel, og Israels barn felte den dag fem og tyve tusen og et hundre mann av Benjamin; alle disse kunde dra sverd.
Ale Yehowa si Benyamin ƒe to la le Israelviwo ŋgɔ eye Israelviwo wu ame akpe blaeve vɔ atɔ̃ le Benyamin ƒe to la dome, ale wonya azɔ be woɖu yewo dzi; woƒe aʋawɔla ʋɛ aɖewo koe susɔ.
36 Benjamins barn tenkte først at Israels menn var slått; for de trakk sig tilbake for Benjamin, idet de satte sin lit til det bakhold de hadde lagt mot Gibea.
Israelviwo ƒe aʋalɔgo gãtɔ si yi megbe elabena woɖo ŋu ɖe woƒe aʋalɔgo si de xa ɖi ƒo xlã Gibea la ŋu.
37 Men nu brøt bakholdet op i hast og falt inn i Gibea, og bakholdet drog frem og slo hele byen med sverdets egg.
Ame siawo yi Gibea dua me eye wowu ame sia ame.
38 Og det var gjort den avtale mellem Israels menn og bakholdet at disse skulde la en tett røk stige op fra byen.
Israel ŋutsuwo kple xadolawo ɖo gbe ɖi be ne wokpɔ dzudzɔ gã aɖe le dodom le dua me ko la
39 Så vendte da Israels menn sig om i striden - Benjamin hadde i førstningen felt nogen av Israels menn, omkring tretti mann, og sa derfor: Sannelig de ligger under for oss, likesom i det første slag.
ekema Israel ƒe aʋalɔgo gãtɔ me nɔlawo natrɔ awɔ aʋa ŋkume kple ŋkume kple Benyamin ƒe to la. Esi Benyamin ƒe to la wu ame blaetɔ̃ xoxo ta la, wogblɔ na wo nɔewo be, “Míegasi wo abe ale si míesi wo tsã ene.”
40 Og da røken begynte å stige op fra byen som en svær støtte, hadde Benjamin vendt sig om og sett at hele byen stod i én lue som slo op mot himmelen.
Tete dzesi si woɖo da ɖi la dze na wo: dzudzɔ de asi tutu me kɔlikɔli le dua me. Esi Benyamin ƒe to la trɔ kɔ kpɔ megbe la, ewɔ nuku na wo be du blibo la nɔ bibim.
41 Da nu Israels menn vendte sig om, blev Benjamins menn forferdet, for de så at ulykken var like inn på dem.
Israelviwo trɔ ɖe wo ŋu azɔ. Benyamin ƒe to la tɔtɔ eye wosi ɖo ta gbedzi elabena wodze sii azɔ be yewotsrɔ̃ vɔ.
42 Og de vendte sig og flyktet for Israels menn og tok veien til ørkenen; men striden fulgte dem i hælene, og dem som var fra byene, dem felte de midt iblandt dem.
Wosi le Israelviwo nu ɖo ta gbedzi, Israelviwo kplɔ wo ɖo eye ame siwo be ɖe mɔa dzi la va kpe ɖe wo nɔviwo ŋu hewu Benyamin ƒe to la tso megbe.
43 De omringet Benjamin, forfulgte ham og trådte ham ned hvor han hvilte, til de var like i øst for Gibea.
Woɖe to ɖe Benyamin ƒe aʋakɔ la le Gibea ƒe ɣedzeƒe lɔƒo eye wowu wo dometɔ geɖewo le afi ma.
44 Og det falt av Benjamin atten tusen mann, alle sammen djerve stridsmenn.
Ame akpe wuienyie ku le Benyamin ƒe to la ƒe aʋawɔlawo dome gbe ma gbe.
45 Så vendte de sig og flyktet til ørkenen bortimot Rimmons klippe, og på alfarveiene holdt de en efterslett iblandt dem på fem tusen mann, og de forfulgte dem til Gideon og slo to tusen mann av dem.
Agbetsilawo si yi gbedzi le Rimon kpe la gbɔ le esime wowu wo dometɔ ame akpe atɔ̃ le mɔa dzi eye wogawu ame akpe eve le Gidom gbɔ.
46 De som falt av Benjamin den dag, var i alt fem og tyve tusen mann som kunde dra sverd, alle sammen djerve stridsmenn.
Gbe ma gbe la, Benyamin ƒe to la me tɔ akpe blaeve vɔ atɔ̃, ame siwo nye yidala kalẽtɔwo la tsi aʋa.
47 Men seks hundre mann vendte sig og flyktet ut i ørkenen, til Rimmons klippe, og de blev på Rimmons klippe i fire måneder.
Ke ame alafa ade si yi gbegbe la, yi Rimon ƒe agakpe la gbɔ eye wonɔ afi ma ɣleti ene.
48 Men Israels menn vendte tilbake til Benjamins barn og slo dem med sverdets egg, både byen med sine folk og feet og alt hvad der fantes; og alle byene som fantes der, satte de ild på.
Israel ƒe aʋakɔ la trɔ azɔ ɖe dua gbɔ eye wowu Benyamin ƒe to la ƒe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. Wotsrɔ̃ woƒe lãwo eye wotɔ dzo du kple kɔƒe ɖe sia ɖe le anyigba blibo la dzi.