< Hebreerne 9 >
1 Nu hadde vel og den første pakt sine forskrifter for gudstjenesten og sin jordiske helligdom
Azɔ la, nubabla gbãtɔ ɖo ɖoɖowo anyi na subɔsubɔ, eye wotu anyigba dzi kɔkɔeƒe hã.
2 For der blev laget et telt, det forreste, og i dette var både lysestaken og bordet og skuebrødene: dette kalles det Hellige.
Wotu Agbadɔ; le Agbadɔ la ƒe xɔ gbãtɔ me la, akaɖiti, kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo nɔ anyi, eye woyɔ teƒe sia be Kɔkɔeƒe.
3 Og bak det annet forheng var det telt som kalles det Aller-helligste,
Wotsɔ xɔmetsovɔ tso xɔ sia mee, eye woyɔ agbadɔ si le xɔmetsovɔa megbe la be, Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe.
4 som hadde et røkoffer-alter av gull og paktens ark, som var klædd rundt om med gull, og i denne var en gullkrukke med manna og Arons stav, som hadde blomstret, og paktens tavler,
Nu siwo le xɔ sia mee nye Sikavɔsamlekpui kple aɖaka si woyɔna be nubablaɖaka. Wofa sika ɖe aɖaka sia ŋuti kpe ɖo. Le aɖaka sia me la, míakpɔ kpe eve siwo dzi woŋlɔ se ewoawo ɖo, eye sikazɔ si me mana le la hã le aɖaka la me hekpe ɖe Aron ƒe atikplɔ si ƒo se la ŋuti.
5 og over den herlighetens kjeruber, som skygget over nådestolen; men om disse ting skal vi ikke nu tale stykke for stykke.
Ŋutikɔkɔkɔe ƒe Kerubiwo nɔ nubablaɖaka la tame, eye wokeke woƒe aʋalawo ɖe teƒe si wotsɔa nu vɔ̃ kena le. Ke míate ŋu adzro nya siawo me ayi edzi fifia o.
6 Men da nu dette er laget således, går prestene alltid inn i det forreste telt når de utfører sin tjeneste;
Ne nu sia nu sɔ gbe vɔ la, nunɔlawo gena ɖe xɔ ŋgɔgbetɔ me ɖaa edzedzi, eye wowɔa mawusubɔsubɔdɔ.
7 men i det annet telt går bare ypperstepresten inn en gang om året, ikke uten blod, som han bærer frem for sig selv og for folkets forseelser,
Ke nunɔlagã ɖeka koe gena ɖe xɔ emetɔ me, eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋutsɔtsɔ ɖe asi o, ʋu si wòtsɔna sãa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me la ta.
8 idet den Hellige Ånd herved gir dette til kjenne at veien til helligdommen ennu ikke er åpenbaret så lenge det forreste telt ennu står,
Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖee fia to esia dzi be womeklo nu le mɔ si yi Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la dzi haɖe o, zi ale si Agbadɔ gbãtɔ la gale te nu ko.
9 for dette er et billede inntil den nuværende tid, og svarende til dette bæres det da frem både gaver og slaktoffer,
Esiae nye nufiafia tso fifia ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti, esi le asi tɔm edzi be nunana kple vɔsa siwo wowɔna na Mawu la mate ŋu aɖe vɔ̃ ɖa le ame si le subɔsubɔ wɔm la ƒe susu me o.
10 som dog ikke makter å gjøre den fullkommen efter samvittigheten som tjener Gud, men som bare, sammen med mat og drikke og alle slags tvetninger, er kjødelige forskrifter, pålagt inntil tiden kom til å sette alt i rette skikk.
Wonye nuɖuɖu, nunono kple ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu vovovowo ko ƒe nya, esiwo nye gotadzesiwo ƒe ɖoɖowo, esiwo nɔ anyi va se ɖe esime ɖoɖo yeyea va.
11 Men da Kristus kom som yppersteprest for de kommende goder, gikk han gjennem det større og fullkomnere telt, som ikke er gjort med hender, det er: som ikke er av denne skapning,
Esi Kristo va abe nu nyui siwo li xoxo ƒe nunɔlagã ene la, eto agbadɔ si lolo hede blibo wu la me, agbadɔ si wometsɔ asi tui o alo míagblɔ be menye nuwɔwɔ la ƒe akpa aɖe o.
12 og ikke med blod av bukker og kalver, men med sitt eget blod, en gang inn i helligdommen og fant en evig forløsning. (aiōnios )
Mege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me to gbɔ̃wo kple nyiviwo ƒe ʋu me o, ke boŋ ege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ɔ hena ɣeyiɣiwo katã to eya ŋutɔ ƒe ʋu me, esia me wòto xɔ ɖeɖe mavɔ na mí. (aiōnios )
13 For så sant blodet av bukker og okser og asken av en kvige, når den sprenges på de urene, helliger til kjødets renhet,
Nenye be gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu kple nyiviwo ƒe afi si wohlẽ ɖe ame siwo ŋuti mekɔ o la ŋu wɔnɛ be woƒe ŋuti kɔna le gotagome la,
14 hvor meget mere skal da Kristi blod, han som ved en evig ånd bar sig selv frem som et ulastelig offer for Gud, rense eders samvittighet fra døde gjerninger til å tjene den levende Gud! (aiōnios )
ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la. (aiōnios )
15 Og derfor er han mellemmann for en ny pakt, forat de kalte skal få den evige arv som var lovt, efterat en død har funnet sted til forløsning fra overtredelsene under den første pakt. (aiōnios )
Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la, eku be wòazu fexexe ɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te la ta. (aiōnios )
16 For hvor det er et testament, der er det nødvendig at dens død som har oprettet det, blir godtgjort;
Afi si woŋlɔ domenyigbalẽ da ɖi le la, ehiã be ame si ŋlɔ agbalẽ sia naku hafi,
17 for et testament kommer først til å gjelde efter døden, da det aldri har kraft så lenge den lever som oprettet det.
elabena wowɔa domenyigbalẽa me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔe da ɖi la megava li o. Womewɔa domenyigbalẽ me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔ agbalẽ la le agbe o.
18 Derfor er heller ikke den første pakt blitt innvidd uten blod;
Esia tae womewɔ nubabla gbãtɔ me nyawo dzi ʋumanɔmee o.
19 for da ethvert bud efter loven var blitt forkynt av Moses for alt folket, tok han blodet av kalvene og bukkene tillikemed vann og skarlagenrød ull og isop og sprengte det både på boken selv og på alt folket, idet han sa:
Esi Mose ɖe gbeƒã se ɖe sia ɖe si le segbalẽa me na dukɔa la, etsɔ nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu, tsi, ɖetifufu dzĩ kple kakle, eye wòtsɔe hlẽ ʋu ɖe segbalẽ kple dukɔ la katã ŋuti.
20 Dette er den pakts blod som Gud har foreskrevet for eder.
Tete wògblɔ be, “Esia nye nubabla la ƒe ʋu, nubabla si Mawu de se na mi be mialé ɖe asi.”
21 Men også teltet og alle gudstjenestens redskaper oversprengte han i like måte med blod.
Nenema ke wòhlẽ ʋu ɖe agbadɔ la kple nu siwo katã ŋuti dɔ wowɔna le subɔsubɔ me la ŋuti.
22 Og næsten alt blir efter loven renset med blod, og uten blod blir utgydt, skjer ikke forlatelse.
Le nyateƒe me la, se la bia be woakɔ nu sia nu kloe ŋuti kple ʋu, eye ne womekɔ ʋu ɖi o la, nu vɔ̃ tsɔtsɔke manɔ anyi o.
23 Det er altså nødvendig at avbilledene av de himmelske ting blir renset ved dette, men de himmelske ting selv ved bedre offer enn disse.
Eya ta ehiã kokoko be woakɔ nu siwo nye dziƒonuwo ƒe vɔvɔli ŋuti kple vɔsa siawo, gake woakɔ dziƒonuawo ŋutɔ ŋu kple vɔsa siwo de ŋgɔ wu esiawo.
24 For Kristus gikk ikke inn i en helligdom som var gjort med hender og bare var et billede av den sanne, men inn i selve himmelen, for nu å åpenbares for Guds åsyn for vår skyld,
Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye vavãtɔ ƒe vɔvɔli la me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wòdo ɖe Mawu ŋkume le azɔ ɖe mía teƒe
25 og heller ikke forat han flere ganger skulde ofre sig selv, således som ypperstepresten hvert år går inn i helligdommen med fremmed blod;
Nenema ke meyi ɖe dziƒo be wòatsɔ eɖokui ana zi geɖe abe ale si nunɔlagã la gena ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe sia ƒe kple ʋu si menye eya ŋutɔ tɔ o la ene o.
26 ellers måtte han jo ha lidt flere ganger fra verden blev grunnlagt; men nu er han åpenbaret en gang ved tidenes ende for å bortta synden ved sitt offer. (aiōn )
Ne ele alea la, ele na Kristo be wòatsɔ eɖokui ana fukpekpe zi geɖe tso esime ke woɖo xexea me gɔme anyi, gake azɔ la, eva zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã le ɣeyiɣi siawo ƒe nuwuwu be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa to eɖokui tsɔtsɔ sa vɔe me. (aiōn )
27 Og likesom det er menneskenes lodd en gang å dø, og derefter dom,
Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la,
28 således skal og Kristus, efter å være ofret en gang for å bortta manges synder, annen gang åpenbare sig, uten synd, til frelse for dem som venter på ham.
nenema ke wotsɔ Kristo hã sa vɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ ɖa, eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu vɔ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe vɛ na ame siwo katã le elalam.